< Fiawo 2 14 >

1 Le Israel fia, Yehoas, Yehoahaz ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me la, Amazia, Yoas ƒe vi zu fia le Yuda.
La deuxième année de Joas, fils de Joachaz, roi d'Israël, Amatsia, fils de Joas, roi de Juda, devint roi.
2 Amazia xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ ɣe ma ɣi eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Yehoadin, ame si tso Yerusalem.
Il avait vingt-cinq ans à son avènement et il régna vingt-neuf ans à Jérusalem. Or, le nom de sa mère était Joadan de Jérusalem.
3 Amazia wɔ nu si dze Yehowa ŋu. Togbɔ be mede tɔgbuia David nu o hã la, enye fia nyui aɖe abe fofoa Yoas ene.
Et il fit ce qui est droit aux yeux de l'Éternel, toutefois pas à l'égal de David, son père: il agit entièrement comme avait agi Joas, son père.
4 Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko.
Seulement les tertres ne disparurent pas; le peuple offrait encore des victimes et de l'encens sur les tertres.
5 Esi Amazia kpɔ be fiaɖuƒe la li ke ɖe yeƒe asi me la, ewu dumegã siwo katã wu fofoa.
Et lorsque la royauté fut affermie dans sa main, il fit main basse sur ceux de ses serviteurs qui avaient fait main basse sur le roi, son père;
6 Ke mewu hlɔ̃dolawo ƒe viwo o, abe ale si Yehowa de se gblɔ woŋlɔ ɖe Mose ƒe Segbalẽa me ene bena, “Womawu fofowo ɖe viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, eye nenema ke womawu viwo ɖe fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta.”
mais les fils des meurtriers, il ne les mit pas à mort, aux termes du livre de la Loi de Moïse et de ce que l'Éternel avait prescrit en disant: Les pères ne subiront pas la mort pour les fils, ni les fils pour les pères, mais chacun subira la mort pour son péché.
7 Amaziae wu Edomtɔ akpe ewo le Dze Balime. Exɔ Sela du la hã eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ bena Yɔkteel. Ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe.
Il battit les Edomites dans la Vallée du sel, dix mille hommes, et prit Séla dans la guerre et l'appela du nom de Jockthéel qu'elle porte encore aujourd'hui.
8 Gbe ɖeka la, Yuda fia, Amazia ɖo du ɖe Israel fia Yehoas, Yehoahaz ƒe vi kple Yehu tɔgbuiyɔvi la, be ne enye ŋutsu la, wòakplɔ eƒe aʋakɔ vɛ yewoawɔ aʋa.
C'est alors qu'Amatsia envoya des messagers à Joas, fils de Joachaz, fils de Jéhu, roi d'Israël, pour dire: Viens! il faut que nous nous voyions en face.
9 Fia Yehoas do lo sia na Amazia be, “Ŋuve sue aɖe le Lebanon towo dzi gblɔ na sedati be, ‘Tsɔ viwò nyɔnu nam maɖe na vinye ŋutsu.’ Le ɣe ma ɣi tututu la, lã wɔadã aɖe va nye avuzi le ŋuve la dzi eye wògbãe ɖe anyigba.
Alors Joas, roi d'Israël, députa vers Amatsia, roi de Juda, avec cette réponse: L'épine du Liban fit-porter au Cèdre du Liban ce message: Donne ta fille en mariage à mon fils. Alors les bêtes sauvages du Liban passèrent sur l'épine et l'écrasèrent.
10 Èɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?”
Tu as bien battu les Edomites, et ton cœur t'a exalté: sois glorieux! mais reste chez toi! Pourquoi veux-tu te mettre aux prises avec le malheur pour succomber, toi et Juda avec toi?
11 Ke Amazia gbe toɖoɖoe, ale Israel fia Yehoas ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe eŋu. Yoas kple Amazia ƒe aʋakɔwo do go le Bet Semes le Yuda.
Mais Amatsia n'écouta point, et Joas, roi d'Israël, s'avança, et ils se trouvèrent en présence, lui et Amatsia, roi de Juda, à Bethsémès, qui est à Juda.
12 Ke Israel si Yuda eye eƒe aʋakɔ katã si yi aƒe.
Mais Juda fut défait par Israël, et chacun s'enfuit dans sa tente:
13 Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas yi Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene.
et Amatsia, roi de Juda, fils de Joas, fils d'Achazia, fut fait prisonnier à Bethsémès par Joas, roi d'Israël, qui vint à Jérusalem et fit une brèche au mur de Jérusalem à la porte d'Ephraïm jusqu'à la porte de l'angle, espace de quatre cents coudées,
14 Fia Yehoas lɔ sika kple klosalo kple sikakplu siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔa me kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo katã hekpe ɖe awɔbamewo ŋu eye wògbugbɔ yi Samaria.
et il enleva la totalité de l'or et de l'argent et la totalité de la vaisselle, qui se trouva dans le temple de l'Éternel et dans les trésors du palais royal, et les otages et regagna Samarie.
15 Woŋlɔ nu mamlɛawo tso Yehoas ƒe fiaɖuɖu kple eƒe aʋawɔwɔ kple Yuda fia Amazia ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Le reste des actes de Joas, ses entreprises et ses exploits et la guerre qu'il soutint contre Amatsia, roi de Juda, sont d'ailleurs consignés dans le livre des annales des rois d'Israël.
16 Esi Yehoas ku la, woɖii ɖe Samaria le Israel fia bubuwo gbɔ eye via Yeroboam ɖu fia ɖe eteƒe.
Et Joas reposa avec ses pères et reçut la sépulture à Samarie à côté des rois d'Israël, et Jéroboam, son fils, devint roi en sa place.
17 Ke Yuda fia Amazia, Yoas vi nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ le Israel fia Yehoas, Yehoahaz vi ƒe ku megbe.
Et Amatsia, fils de Joas, roi de Juda, survécut quinze ans après la mort de Joas, fils de Joachaz, roi d'Israël.
18 Woŋlɔ Amazia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Le reste des actes d'Amatsia est d'ailleurs consigné dans le livre des annales des rois de Juda.
19 Woɖo nugbe ɖe eƒe agbe ŋu le Yerusalem ale wòsi yi Lakis, ke eƒe futɔwo dɔ ame ɖa woyi Lakis ɖawui le afi ma.
Et l'on forma contre lui une conjuration dans Jérusalem, et il s'enfuit à Lachis et ils firent courir après lui à Lachis, et lui donnèrent la mort là.
20 Wokɔ eƒe kukua ɖe sɔwo dzi va ɖi ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me.
Et on le chargea sur les chevaux, et il reçut la sépulture dans Jérusalem à côté de ses pères dans la ville de David.
21 Wotsɔ via, Azaria ɖo fiae ɖe eteƒe, esi Azaria xɔ ƒe wuiade ko.
Alors tout le peuple de Juda prit Azaria, lequel avait seize ans, et l'établit roi en la place de son père, Amatsia.
22 Le fofoa ƒe ku megbe la, etu Elat eye wòxɔe na Yuda.
C'est lui qui rebâtit Élath, l'ayant reconquise à Juda, après que le roi fut couché à côté de ses pères.
23 Azɔ la, Yeroboam Evelia zu Israel fia le Yuda fia Amazia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me. Yeroboam ɖu fia ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ.
La quinzième année d'Amatsia, fils de Joas, roi de Juda, Jéroboam, fils de Joas, roi d'Israël, devint roi à Samarie pour quarante-un ans.
24 Enye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume abe Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel de legbawo subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me la ene.
Et il fit ce qui est mal aux yeux de l'Éternel; il ne se départit d'aucun des péchés de Jéroboam, fils de Nebat, qui avait entraîné Israël à pécher.
25 Yeroboam Evelia gbugbɔ Israel ƒe anyigba xɔ tso Lebo Hamat va se ɖe Araba ƒu la nu abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe do ŋgɔ to Yona, Amitai ƒe vi, ame si nye Nyagblɔɖila tso Gat Hefer dzi la ene.
Il rétablit les frontières d'Israël à partir de Hamath jusqu'à la Mer de la Plaine, selon la parole de l'Éternel, Dieu d'Israël, qu'il avait prononcée par l'organe de son serviteur Jonas, fils d'Amittaï, le prophète, originaire de Gath-Hépher.
26 Nu sia va eme elabena Yehowa kpɔ xaxa gã si me Israel ɖo; kluviwo kple dzɔleaƒeawo siaa le fu kpem, evɔ xɔnametɔ aɖeke menɔ wo si o la dzi ɖa.
Car l'Éternel voyait la misère d'Israël, bien rebelle tout y étant à bout, mineurs et émancipés, et nul ne délivrant Israël;
27 Gawu la, Yehowa megblɔ be yeatutu Israel ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi o, eya ta wòto Fia Yeroboam Evelia, Yehoas ƒe vi la dzi ɖe Israel.
et l'Éternel n'avait point parlé d'effacer le nom d'Israël de dessous les cieux, et Il leur vint en aide par le moyen de Jéroboam, fils de Joas.
28 Woŋlɔ Fia Yeroboam Evelia ŋutinya, nu siwo katã wòwɔ, ŋusẽ gã si wòkpɔ, eƒe aʋawɔwɔwo kple ale si wògbugbɔ Damasko kple Hamat, du siwo Yuda xɔ le Israel si la, xɔ la ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Le reste des actes de Jéroboam et toutes ses entreprises et ses exploits, ses guerres, et le recouvrement de Damas et de Hamath, [jadis] à Juda, par Israël, sont d'ailleurs consignés dans le livre des annales des rois d'Israël.
29 Esi Yeroboam Evelia ku la, woɖii ɖe Israel Fia bubuwo gbɔ eye via Zekaria zu Israel Fia yeye la.
Et Jéroboam reposa avec ses pères, avec les rois d'Israël, et Zacharie, son fils, devint roi en sa place.

< Fiawo 2 14 >