< Fiawo 2 12 >

1 Le Yehu ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe adrelia me la, Yoas zu Yuda fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe blaene. Dadae nye Zibia tso Beerseba.
Léta sedmého Jéhu počal kralovati Joas, a kraloval čtyřidceti let v Jeruzalémě. Jméno matky jeho bylo Sebia z Bersabé.
2 Ewɔ nu dzɔdzɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me elabena nunɔlagã Yehoiada fia afɔɖoƒee.
I činil Joas, což dobrého jest před očima Hospodinovýma po všecky dny své, pokudž ho vyučoval Joiada kněz.
3 Gake, megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko.
A však výsosti nebyly zkaženy, ještě lid obětoval a kadil na těch výsostech.
4 Yoas gblɔ na nunɔlawo be, “Miƒo ƒu ga siwo katã wotsɔ vɛ na Yehowa abe nunana kɔkɔewo ene, ga si miekpɔ le amexexlẽ la me, ga si ka mia si, si nye amewo ƒe adzɔgbeɖeɖewo kple lɔlɔ̃nununana si amewo tsɔ va gbedoxɔ la me.
Řekl pak Joas kněžím: Všecky peníze svaté, kteréž se vnášejí do domu Hospodinova, totiž peníze těch, kteříž jdou v počet, a peníze ceny za osobu jednoho každého, a všecky peníze, kteréž by kdo dobrovolně uložil dáti do domu Hospodinova,
5 Mina nunɔla ɖe sia ɖe naxɔ ga la tso gadzikpɔla ɖeka si eye miawɔ eŋu dɔ adzra nu sia nu si miekpɔ be egblẽ le gbedoxɔa me la ɖo.”
Vezmou kněží k sobě, jeden každý od známého svého, a oni opraví zbořeniny domu všudy, kdež by bylo zboření.
6 Ke le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me la, nunɔlawo medzra gbedoxɔ la ɖo o.
Stalo se potom léta dvadcátého třetího krále Joasa, když ještě neopravili kněží zbořenin chrámových,
7 Ale Yoas yɔ Yehoiada kple nunɔla bubuawo eye wògblɔ na wo be, “Nu ka ta miewɔ naneke tso gbedoxɔ la ŋu kpɔ o? Azɔ la, migawɔ ga aɖeke ŋu dɔ na miawo ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo o. Tso azɔ dzi yina la, ele be miawɔ ga ɖe sia ɖe ŋu dɔ hena gbedoxɔ la dzadzraɖo.”
Že povolal král Joas Joiady kněze i jiných kněží, a řekl jim: Proč neopravujete zbořenin chrámových? Protož nyní nepřijímejte peněz od známých svých, ale na zbořeniny domu dávejte je.
8 Ale nunɔlawo ɖo be yewoaɖo ga tɔxɛ aɖe da ɖi si mato yewoƒe asi me o, ale be yewomawɔ eŋu dɔ na yewo ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo o.
Jemuž povolivše kněží, nebrali peněz od lidu, ani neopravovali domu.
9 Nunɔla Yehoiada ɖe do gã aɖe ɖe tsitrenuɖaka gã aɖe tame eye wòtsɔe da ɖe vɔsamlekpui si le gbedoxɔ la ƒe mɔnu la ƒe ɖusime. Ʋɔtrua ŋu dzɔlawo tsɔa ga siwo ameawo tsɔna vɛ la dea eme.
Protož Joiada kněz vzav jednu truhlici, udělal díru v víku jejím, a postavil ji vedlé oltáře po pravé straně, kudy se vchází do domu Hospodinova. I postavili tu kněží ostříhající prahu i všech peněz, kteréž vnášíny byly do domu Hospodinova.
10 Ne tsitrenuɖaka la yɔ la, fia ƒe gaŋutinyaŋlɔla kple nunɔlagã la xlẽa ga la, denɛ kotokuwo me
A když rozuměli, že by mnoho peněz bylo v truhlici, tedy přicházel kancléř královský a kněz nejvyšší, a sčetše, schovávali ty peníze, kteréž se nalézaly v domě Hospodinově.
11 Esi woɖo kpe ga homea dzi la, wotsɔe na ame siwo wotia be woakpɔ dɔa dzi le gbedoxɔ la ŋuti. Wotsɔ ga sia xe fe na ame siwo wɔ dɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu, atikpalawo kple xɔtulawo,
Odkudž vydávali peníze hotové v ruce řemeslníků postavených nad dílem domu Hospodinova, a ti obraceli je na tesaře a dělníky, kteříž opravovali dům Hospodinův,
12 gliɖolawo kple kpekpalawo. Woƒle ati kple kpe kpakpawo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzadzra ɖo eye woxe fe bubu ɖe sia ɖe si ku ɖe gbedoxɔ la dzadzraɖo ŋu.
Totiž na zedníky a kameníky, a k jednání dříví i tesaného kamení, aby opraveny byly zbořeniny domu Hospodinova, i na všecko to, což obráceno mělo býti na dům k opravě jeho.
13 Womewɔ ga si wotsɔ va gbedoxɔ la me la ŋu dɔ na klosalogbawo, akaɖimeɖovulãnuwo, ʋutrewo, kpẽwo alo nu bubu ɖe sia ɖe si wowɔ kple sika alo klosalo la ƒeƒle na Yehowa ƒe gbedoxɔ o.
A však nebylo děláno do domu Hospodinova číší stříbrných, žaltářů, kotlíků, trub a žádné nádoby zlaté, ani nádoby stříbrné z peněz, kteréž přinášíny byly do domu Hospodinova,
14 Wotsɔe xe fee na dɔwɔlawo, ame siwo dzra gbedoxɔ la ɖo.
Ale těm, kteříž představeni byli nad dílem, dávali je, a opravovali na ně dům Hospodinův.
15 Womebia tso dɔdzikpɔlawo si be woawɔ akɔnta na ame aɖeke o elabena wonye nuteƒewɔlawo.
Aniž žádali počtu od mužů těch, jimž v ruce peníze dávali, aby platili dělníkům; nebo věrně dělali.
16 Ke wotsɔa ga siwo amewo nana abe fɔɖivɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene la ya naa nunɔlawo hena wo ŋu dɔ wɔwɔ. Ga siawo ya megena ɖe tsitrenuɖaka la me o.
Peněz za vinu, a peněz za hříchy nebylo vnášíno do domu Hospodinova; kněžím se dostávaly.
17 Fia Hazael, Siria fia ho aʋa ɖe Gat ŋu le ɣeyiɣi sia me, ɖu edzi eye wòɖe zɔ ɖe Yerusalem hã dzi.
Tedy vytáhl Hazael král Syrský, a bojoval proti Gát a dobyl ho. Potom obrátil Hazael tvář svou, aby táhl proti Jeruzalému.
18 Fia Yoas tsɔ nu siwo ŋu fofoawo, Yuda fiawo abe Yehosafat, Yehoram kple Ahazia ene kɔ kple nu siwo eya ŋutɔ hã wɔ kple sika si nɔ gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Aram fia Hazael. Ale Hazael megaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu o.
Protož pobral Joas král Judský všecky věci svaté, kterýchž byli nadali Jozafat a Jehoram a Ochoziáš, otcové jeho, králové Judští, i to, čehož sám posvětil, i všecko zlato, kteréž se nalezlo v pokladích domu Hospodinova a domu královského, a poslal k Hazaelovi králi Syrskému. I odtáhl od Jeruzaléma.
19 Woŋlɔ Yoas ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe, Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
O jiných pak činech Joasových, a cožkoli činil, psáno jest v knize o králích Judských.
20 Eŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Bet Milo, le Sila mɔ dzi.
Potom povstavše služebníci jeho, spikli se spolu, a zabili Joasa v Betmillo, kudy se chodí do Silla,
21 Ame siwo wui la woe nye: Yozakad, Simeat ƒe vi kple Yehozabad, Somer ƒe vi. Ame eve siawo nye fia la ƒe dɔla nuteƒewɔlawo hafi! Woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem eye via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe.
Totiž Jozachar syn Simatův, a Jozabad syn Somerův. Ti služebníci jeho zabili ho, a umřel. I pochovali jej s otci jeho v městě Davidově, a kraloval Amaziáš syn jeho místo něho.

< Fiawo 2 12 >