< Fiawo 2 11 >
1 Esi Atalia, Ahazia dada kpɔ be ye viŋutsu ku la, eyi ɖawu fia la ƒe ƒometɔwo katã,
When Athaliah, the mother of Ahaziah, saw that her son was dead, she had all the rest of the royal family murdered.
2 Ke Yehoseba, Fia Yoram ƒe vinyɔnu, ame si ganye Ahazia nɔvinyɔnu kplɔ Yoas, Ahazia ƒe viŋutsu eye wòfii dzoe tso fiaviŋutsu siwo wodi be woawu la dome. Etsɔ Yoas kple edzikpɔla ɣla ɖe xɔ aɖe me le gbedoxɔ me eye wòɣlae ɖe Atalia, ale womete ŋu wui o.
But Jehosheba, daughter of King Jehoram, sister of Ahaziah, took Ahaziah's son Joash, stealing him away from the rest of the sons of the king who were being killed. She put him and his nurse in a bedroom to hide him from Athaliah, and he was not murdered.
3 Yoas kple eƒe dzikpɔla be ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ƒe ade le esime Atalia nɔ anyigba la dzi ɖum.
Joash stayed hidden in the Lord's Temple for six years while Athaliah ruled the country.
4 Le Nyɔnufia Atalia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me la, nunɔla Yehoiada yɔ fiasãŋudzɔlawo kple fiaŋudzɔlawo ƒe amegãwo ƒo ƒu. Edo go wo le gbedoxɔ la me eye wòna woka atam nɛ be yewomagblɔe na ame aɖeke o. Ale wòtsɔ fiavi la fia wo
In the seventh year, Jehoiada sent for the commanders of hundreds, the Carites, and the guards, and brought them into the Lord's Temple. He made an agreement with them and made them swear an oath. There in the Lord's Temple he showed them the king's son
5 eye wòde se na wo gblɔ bena, “Nu si miawɔ lae nye esi: Mi ame siwo wɔa dɔ le Dzudzɔgbe la dzi la ƒe akpa etɔ̃lia ɖeka adzɔ fiasã la ŋu.
and ordered them, “This is what you are going to do: One third of you who come on duty on the Sabbath will guard the royal palace.
6 Akpa etɔ̃awo dometɔ ɖeka nanɔ Sur gbo la ŋu dzɔm eye akpa mamlɛa nanɔ agbo si le gbedoxɔ ƒe agbo si le ame si dzɔa gbedoxɔ la ŋu la megbe.
One third will be at the Sur Gate, and one third at the gate behind the guards. You will alternate in guarding the palace.
7 Mi ame siwo le akpa eve bubuawo me la, ame siwo mewɔa dɔ le Dzudzɔgbe la dzi o la, miawo midzɔ gbedoxɔ la ŋu na fia la.
The two divisions that would normally go off duty on the Sabbath will guard the Lord's Temple for the king.
8 Miɖe to ɖe fia la, eye ame sia ame nalé aʋawɔnu ɖe asi. Woawu ame sia ame si adi be yeadze mi. Minɔ fia la ŋu kplikplikpli.”
Surround the king with weapons drawn, and anyone who approaches this line must be killed. Stay close to the king wherever he goes.”
9 Aʋafia si kpɔa asrafo alafa ɖeka dzi la wɔ nunɔla Yehoiada ƒe ɖoɖoawo dzi. Aʋafiawo kplɔ ame siwo manɔ dɔ me le Dzudzɔgbe la dzi o kple esiwo anɔ dɔ me gbe ma gbe la siaa yi na nunɔla Yehoiada.
The commanders of hundreds followed all the instructions that Jehoiada the priest had given. They each took their own men, those who were coming on duty on the Sabbath and those going off duty, and came to Jehoiada the priest.
10 Etsɔ Fia David ƒe akplɔ kple akpoxɔnu siwo nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me de asi na aʋafiawo.
Then the priest handed over to the commanders of hundreds the spears and shields that had belonged to King David which were kept in the Lord's Temple.
11 Dzɔla ɖe sia ɖe lé eƒe aʋawɔnu ɖe asi eye wonɔ tsitre ƒo xlã fia la, ame si te ɖe vɔsamlekpui la ŋu le gbedoxɔ la me. Woɖe to ɖee tso gbedoxɔ la ƒe dziehe yi anyiehe.
The guards stood with weapons drawn surrounding the king by the altar, and in a line around the Temple, from the south side to the north side of the Temple.
12 Yehoiada kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ; tsɔ Nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!”
Then Jehoiada led out the king's son, placed the crown on him, and handed him a copy of God's Law. They proclaimed him king and anointed him. The people clapped, and shouted, “Long live the king!”
13 Esi Atalia se ame siwo le gbedoxɔa ŋu dzɔm kple ameawo ƒe ɣli la, eyi ɖe ame siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la gbɔ.
When Athaliah heard the noise of the guards and the people, she rushed to the crowds at the Lord's Temple.
14 Etsa ŋku eye kpɔ ɖa, fia lae nye ekem, etsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le kɔnu la nu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la xa eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom henɔ kpẽawo kum. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!”
She saw the king standing by his pillar as the custom was. The commanders and trumpeters were with the king, and everyone was celebrating and blowing trumpets. Athaliah ripped her clothes and screamed out, “Treason! Treason!”
15 Nunɔla Yehoiada de se na ame siwo nɔ asrafo alafa ɖekawo nu, ame siwo nɔ aʋawɔlawo dzi kpɔm la be, “Mikplɔe to ameawo dome vɛ eye miawu ame sia ame si adze eyome.” Elabena nunɔla la gblɔ do ŋgɔ be, “Migawui ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.”
Jehoiada ordered the army commanders, “Bring her to the men standing in front of the Temple, and kill anyone who follows her.” Earlier the priest had made it clear, “She must not be killed in the Lord's Temple.”
16 Ale wolée le Sɔgbo la nu le fiasã la me eye wowui le afi ma.
They grabbed hold of her, took her to where the horses enter the palace grounds and they killed her there.
17 Yehoiada wɔ nubabla le Yehowa kple fia la kple dukɔa dome be woanye Yehowa tɔ. Egawɔ nubabla le fia la kple ameawo hã dome.
Then Jehoiada made a solemn agreement between the Lord, the king, and the people that they would be the Lord's people. He also made an agreement between the king and the people.
18 Wo katã woyi Baal ƒe gbedoxɔ me eye wogbãe. Wogbã vɔsamlekpui la kple legbawo le afi ma eye wowu Matan, Baal ƒe nunɔla le vɔsamlekpui la ŋgɔ. Yehoyaɖa ɖo dzɔlawo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu.
Everyone went to the Temple of Baal and tore down its altars and smashed the idols to pieces. They killed Mattan, the priest of Baal, right in front of the altar. Then Jehoiada the priest had guards posted at the Lord's Temple.
19 Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, to dzɔlawo ƒe aƒe ŋu heyi fiasã la me eye fia la nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi.
Along with the commanders, the nobles, the governors of the people, and all the people, he led the king in a procession down from the Lord's Temple, entering through the upper gate to the royal palace. There they set the king on the royal throne.
20 Amewo katã kpɔ dzidzɔ le dukɔ la me eye ŋutifafa va dua me azɔ elabena wowu Atalia kple yi le afi ma.
All throughout the land people celebrated, and Jerusalem was at peace, because Athaliah had been killed by the sword at the palace.
21 Yoas xɔ ƒe adre esi wòzu fia.
Joash was seven when he became king.