< Fiawo 2 10 >

1 Azɔ la, viŋutsu blaadre nɔ Ahab ƒe aƒe me le Samaria. Ale Yehu ŋlɔ agbalẽwo ɖo ɖe Samaria na dumegã siwo nɔ Yezreel kple dumemetsitsiwo kple Ahab ƒe viwo dzikpɔlawo. Eŋlɔ ɖe wo me be,
Now Ahab had seventy sons in Samaria. Jehu wrote letters, and sent to Samaria, to the rulers of the city, even the elders, and to the guardians of the sons of Ahab, saying,
2 “Ne agbalẽ sia ka mia si ko la, zi ale si miaƒe aƒetɔ ƒe viŋutsuwo le mia gbɔ eye tasiaɖamwo kple sɔwo kple du si woɖo gli ƒo xlãe kple aʋawɔnuwo le mia si la,
"Now as soon as this letter comes to you, since your master's sons are with you, and there are with you chariots and horses, fortified cities also, and weapons.
3 mitia miaƒe aƒetɔ ƒe viŋutsuwo dometɔ nyuitɔ kple esi dzi mieka ɖo wu la miatsɔe aɖo fofoa ƒe fiazikpui dzi. Ekema miaʋli miaƒe aƒetɔ ƒe aƒe ta.”
Select the best and fittest of your master's sons, set him on his father's throne, and fight for your master's house."
4 Ke vɔvɔ̃ ɖo ameawo akpa na nu sia wɔwɔ eye wogblɔ be, “Fia eve mete ŋu nɔ te ɖe Yehu nu o, nu ka míawo míate ŋu awɔ?”
But they were exceedingly afraid, and said, "Look, the two kings did not stand before him. How then shall we stand?"
5 Ale fiasãmenyawo dzi kpɔla, dumegãwo, kplɔlawo kple Ahab ƒe viwo dzi kpɔla ɖo du ɖe Yehu be, “Fia Yehu, wò subɔlawo míenye. Míele klalo be míawɔ nu sia nu si nàɖo na mí. Míeɖo be wò boŋ nànye míaƒe fia ɖe Ahab ƒe viwo teƒe.”
He who was over the household, and he who was over the city, the elders also, and those who raised the children, sent to Jehu, saying, "We are your servants, and will do all that you ask us. We will not make any man king. You do that which is good in your eyes."
6 Yehu ɖo eŋu ɖo ɖe wo be, “Ne miele dzinye eye miele nye ɖoɖowo dzi wɔ ge la, ekema mitsɔ miaƒe aƒetɔ Ahab ƒe viŋutsuwo ƒe tawo vɛ nam le Yezreel etsɔ ɣe aleawo ɣi.” Ahab ƒe viŋutsu blaadre siawo nɔ amegãwo ƒe aƒewo me le dua me, afi si wonyi wo le tso woƒe ɖevime ke.
Then he wrote a letter the second time to them, saying, "If you are on my side, and if you will listen to my voice, take the heads of the men your master's sons, and come to me to Jezreel by tomorrow this time." Now the king's sons, being seventy persons, were with the great men of the city, who brought them up.
7 Esi woxɔ agbalẽa la, wowu wo ame blaadreawo katã eye wotsɔ woƒe tawo de kusiwo me heyi na Fia Yehu le Yezreel.
It happened, when the letter came to them, that they took the king's sons, and killed them, even seventy persons, and put their heads in baskets, and sent them to him to Jezreel.
8 Dɔla aɖe gblɔ na Yehu be, “Ahab ƒe viwo ƒe tawo va ɖo.” Yehu ɖe gbe be, “Mili kɔ wo ɖe teƒe eve ɖe dua ƒe agbo nu; woanɔ afi ma va se ɖe ŋufɔke.”
A messenger came, and told him, "They have brought the heads of the king's sons." He said, "Lay them in two heaps at the entrance of the gate until the morning."
9 Esi ŋu ke la, Yehu do go. Etsi tsitre ɖe ameawo katã ŋkume hegblɔ be, “Mia tɔ dzɔ. Nyee ɖo nugbe ɖe nye aƒetɔ ŋu eye mewui, ke ame kae wu ame siawo katã?
It happened in the morning, that he went out, and stood, and said to all the people, "You are righteous. Look, I conspired against my master, and killed him; but who struck all these?
10 Ekema minyae be, nya ɖeka pɛ hã mado le nya siwo Yehowa gblɔ ɖe Ahab ƒe aƒe ŋu la me o. Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo to eƒe dɔla Eliya dzi.”
Know now that nothing shall fall to the earth of the word of Jehovah, which Jehovah spoke concerning the house of Ahab. For Jehovah has done that which he spoke by his servant Elijah."
11 Le esia megbe la, Yehu wu Ahab ƒe ƒometɔ mamlɛ siwo nɔ Yezreel kple eŋume veviwo kple xɔlɔ̃awo kple eƒe nunɔlawo. Mlɔeba la, ame siwo katã nɔ Ahab ŋu kplikplikpli kpɔ la dometɔ aɖeke mesusɔ o.
So Jehu struck all that remained of the house of Ahab in Jezreel, with all his great men, his familiar friends, and his priests, until he left him none remaining.
12 Azɔ la, Yehu dze mɔ yina Samaria. Esi wòɖo Bet Eked afi si alẽkplɔlawo nɔna la,
He arose and departed, and went to Samaria. As he was at Beth Eked of the Shepherds on the way,
13 edo go Yuda fia, Ahazia nɔviŋutsuwo le afi ma eye wòbia wo be, “Ame kawoe mienye?” Woɖo eŋu be, “Fia Ahazia ƒe ƒometɔwo míenye, míeyina Samaria be míakpɔ Fia Ahab kple fiasrɔ̃ Yezebel ƒe viwo ɖa.”
Jehu met with the brothers of Ahaziah king of Judah, and said, "Who are you?" They answered, "We are the brothers of Ahaziah. We are going down to greet the children of the king and the children of the queen."
14 Fia Yehu ɖe gbe na eƒe amewo be, “Milé wo!” Wolé wo eye wokplɔ wo ame blaeve-vɔ-eneawo katã yi ɖawu le Bet Eked, do aɖe gbɔ.
He said, "Take them alive." They took them alive, and killed them at the pit of the shearing house, even forty-two men. He did not leave any of them.
15 Esi Yehu dzo le amedzrodzeƒea la, edo go Yehonadab, Rekab ƒe vi, ame si gbɔna be yeakpee. Wodo gbe na wo nɔewo eye Yehu biae be, “Èle dzinye abe ale si mele dziwò enea?” Yehonadab ɖo eŋu be, “Ɛ̃.” Yehu gblɔ nɛ be, “Ekema na asim!” Ena asii eye Yehu na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me.
When he had departed from there, he met Jehonadab the son of Rechab coming to meet him. He greeted him, and said to him, "Is your heart right, as my heart is with your heart?" Jehonadab answered, "It is." And he said, "If it is, give me your hand." He gave him his hand; and he took him up to him into the chariot.
16 Yehu gblɔ nɛ be, “Azɔ, va míyi eye nàkpɔ ale si mele dɔ wɔm kple dzoe na Yehowa ɖa.” Ale Yehonadab nɔ tasiaɖam la me kplii eye wodzo.
He said, "Come with me, and see my zeal for Jehovah." So he made him ride in his chariot.
17 Esi woɖo Samaria la, Yehu wu Ahab xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo katã susɔ ɖe afi ma abe ale si Yehowa gblɔ to Eliya dzi la ene.
When he came to Samaria, he struck all who remained to Ahab in Samaria, until he had destroyed him, according to the word of Jehovah, which he spoke to Elijah.
18 Yehu ƒo ƒu ameawo katã nu eye wògblɔ na wo be, “Ahab subɔ Baal vie ko. Yehu asubɔe ŋutɔ.
Jehu gathered all the people together, and said to them, "Ahab served Baal a little; but Jehu will serve him much.
19 Azɔ la, miyɔ Baal ƒe Nyagblɔɖilawo, nunɔlawo kple eƒe subɔlawo katã. Mikpɔ egbɔ be, ame sia ame va elabena mele vɔsa gã aɖe wɔ ge na Baal. Ame sia ame si agbe vava la, maganɔ agbe o.” Ke Yehu ɖe wòle ameawo blem ale be yeate ŋu atsrɔ̃ Baal ƒe nunɔlawo.
Now therefore call to me all the prophets of Baal, all of his worshippers, and all of his priests. Let none be absent; for I have a great sacrifice to Baal. Whoever is absent, he shall not live." But Jehu did it in subtlety, intending that he might destroy the worshippers of Baal.
20 Yehu gblɔ be, “Miƒo ƒu ameawo nu hena bubudede Baal ŋu.” Ale woɖe gbeƒã kpekpe sia.
Jehu said, "Sanctify a solemn assembly for Baal." They proclaimed it.
21 Yehu gaɖo amewo ɖe Israelnyigba dzi eye Baal nunɔlawo katã va; wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã megbe vava o. Womimi wo ɖokuiwo ɖe Baal ƒe gbedoxɔ la me woyɔ gbedoxɔ la ƒe afi sia afi kpikpikpi.
Jehu sent through all Israel; and all the worshippers of Baal came, so that there was not a man left that did not come. They came into the house of Baal; and the house of Baal was filled from one end to another.
22 Yehu gblɔ na ame si kpɔa awu kɔkɔeawo dzi la be, “Kpɔ egbɔ be èhe awu kɔkɔeawo ɖe go na Baal nunɔlawo.” Ale wòhe awuawo ɖe go na wo.
He said to him who was over the vestry, "Bring out robes for all the worshippers of Baal." He brought robes out to them.
23 Azɔ la, Yehu kple Yehonadab, Rekab ƒe vi yi Baal ƒe gbedoxɔ la me eye wogblɔ na Baal nunɔlawo be, “Mikpɔ egbɔ be ame siwo subɔa Baal koe le afi sia. Migana ame siwo subɔa Yehowa la dometɔ aɖeke nage ɖe xɔa me o!”
Jehu went with Jehonadab the son of Rechab into the house of Baal. Then he said to the worshippers of Baal, "Search, and look that there are here with you none of the servants of Jehovah, but the worshippers of Baal only."
24 Esi Baal nunɔlawo de asi akpedavɔwo kple numevɔwo sasa me la, Yehu na eƒe ame blaenyi ɖe to ɖe gbedoxɔ la. Egblɔ na wo be, “Ne mieɖe mɔ ame aɖe si la, miaku ɖe sisila la teƒe.”
They went in to offer sacrifices and burnt offerings. Now Jehu had appointed him eighty men outside, and said, "If any of the men whom I bring into your hands escape, he who lets him go, his life shall be for the life of him."
25 Esi Yehu wu akpedavɔsa kple numevɔsa la nu la, edo go ɖagblɔ na eƒe ameawo be, “Miyi gbedoxɔ la me eye miawu ameawo katã. Migana wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã nasi adzo o!” Ale wowu ameawo katã eye wohe woƒe kukuawo yi gota. Yehu ƒe amewo ge ɖe gbedoxɔ emetɔ me.
It happened, as soon as he had made an end of offering the burnt offering, that Jehu said to the guard and to the captains, "Go in, and kill them. Let none escape." They struck them with the edge of the sword; and the guard and the captains cast them out, and went to the city of the house of Baal.
26 Wohe sɔti si ŋu dɔ wowɔna le Baal subɔsubɔ me la do goe eye wotɔ dzoe.
They brought out the pillar that was in the house of Baal, and burned it.
27 Wogblẽ gbedoxɔ la eye wotrɔe wòzu afɔdzixɔ va se ɖe egbe.
They broke down the pillar of Baal, and broke down the house of Baal, and made it a latrine, to this day.
28 Ale Yehu ɖe Baal subɔsubɔ ɖa keŋkeŋ le Israelnyigba dzi.
Thus Jehu destroyed Baal out of Israel.
29 Ke megbã sikanyivi si nɔ Betel kple Dan ya o. Sikanyivi siawo nye Yeroboam, Nebat ƒe vi ƒe nu vɔ̃ elabena ehe Israel blibo la de nu vɔ̃ me.
However from the sins of Jeroboam the son of Nebat, with which he made Israel to sin, Jehu did not depart from after them, the golden calves that were in Bethel, and that were in Dan.
30 Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Yehu be, “Èwɔe nyuie be èwɔ nye ɖoɖowo dzi eye nètsrɔ̃ Ahab ƒe dzidzimeviwo. Le esia ta la, mana wò dzidzimeviwo naɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi.”
Jehovah said to Jehu, "Because you have done well in executing that which is right in my eyes, and have done to the house of Ahab according to all that was in my heart, your descendants of the fourth generation shall sit on the throne of Israel."
31 Ke Yehu medze Yehowa, Israel ƒe Mawu la yome kple eƒe dzi blibo o, elabena meɖe asi le Yeroboam ƒe nu vɔ̃ siwo he Israel de nu vɔ̃ me la ŋuti o.
But Jehu took no heed to walk in the law of Jehovah, the God of Israel, with all his heart. He did not depart from the sins of Jeroboam, with which he made Israel to sin.
32 Le ŋkeke mawo me la, Yehowa ɖiɖi Israel ƒe agbɔsɔsɔ. Hazael ɖu Israelviwo dzi le nuto me blibo la me,
In those days Jehovah began to cut off from Israel; and Hazael struck them in all the borders of Israel;
33 le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, le Gilead ƒe anyigba la katã dzi (afi si nye Gad, Ruben kple Manase ƒe nutomewo me), tso keke Aroer si le Arnon tɔsisi la to va se ɖe Gilead kple Basan nutowo me.
from the Jordan eastward, all the land of Gilead, the Gadites, and the Reubenites, and the Manassites, from Aroer, which is by the Valley of the Arnon, even Gilead and Bashan.
34 Woŋlɔ Yehu ƒe wɔna mamlɛawo ɖe Israel Fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Now the rest of the acts of Jehu, and all that he did, and all his might, aren't they written in the book of the chronicles of the kings of Israel?
35 Esi Yehu ku la, woɖii ɖe Samaria. Via Yehoahaz ɖu fia ɖe eteƒe.
Jehu slept with his fathers; and they buried him in Samaria. Jehoahaz his son reigned in his place.
36 Yehu ɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaeve-vɔ-enyi.
The time that Jehu reigned over Israel in Samaria was twenty-eight years.

< Fiawo 2 10 >