< Yohanes 2 1 >
1 Nye, hamemegã tsitsitɔ gbɔe agbalẽ sia tso, Na hamenyɔnu lɔlɔ̃a si nye Mawu ƒe ame tiatia tɔxɛ, ame si melɔ̃na vevie la kple viawo katã. Menye nye ɖekae o, ke boŋ ame siwo katã dze si nyateƒe la
我長老致書給蒙選的主母和她的子女,就是我在真理內所愛的,不但我一個人,而且也是所有認識真理的人所愛的;
2 le nyateƒe si le mía me eye wòanɔ mía me tegbee la ta: (aiōn )
這愛的因由,就是那存在我們內,並永遠與我們同在的真理。 (aiōn )
3 Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Yesu Kristo, Fofo la ƒe Vi la gbɔ la nanɔ anyi kpli mi le nyateƒe kple lɔlɔ̃ me.
願恩寵、仁愛與平安由天主父及天父之子耶穌基督,在真理與愛情內與我們同在。
4 Enye dzidzɔ gã aɖe nam be makpɔ be viwò aɖewo le agbe nɔm le nyateƒea me abe ale si Fofo la de se na míe ene.
我很喜歡,因為我遇見了你的一些子女,照我們由天父所領受的命令,在真理內生活。
5 Eye azɔ la, nyɔnu lɔlɔ̃a, menye se bubu aɖekee mele dedem na mi o, ke boŋ esi ko miese tso gɔmedzedzea me ke, mele biabiam be mialɔ̃ mia nɔewo.
主母,我現在請求你,我們應該彼此相愛;這不是我寫給你的一條新命令,而是我們從起初就有的命令。
6 Lɔlɔ̃ lae nye be míawɔ ɖe eƒe sededewo dzi. Abe ale si miese tso gɔmedzedzea me ene la, eƒe see nye be míanɔ agbe le lɔlɔ̃ me.
我們按照他的命令生活,這就是愛;你們應在愛中生活,這就是那命令,正如你們從起初聽過的。
7 Ameblela geɖewo siwo mexɔe se be Yesu Kristo va abe amegbetɔ ene le ŋutilã me o la kaka ɖe xexea me. Ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ.
的確,有許多迷惑人的,來到了世界上,他們不承認耶穌基督是在肉身內降世的;這樣的人就是迷惑人的,就是假基督。
8 Mikpɔ nyuie be nu si ŋu miedze agbagba le la nagage le mia si o, ke boŋ miaxɔ fetu si de blibo.
你們要謹慎,不要喪失你們勞苦所得的,反要領受圓滿的賞報。
9 Ame sia ame si afia nu si to vovo tso Kristo ƒe nufiafia gbɔ la, mele Mawu me o. Ke ame si lé Kristo ƒe nufiafia me ɖe asi la le agbe le Fofo la kple Vi la me.
凡是越規而不存在基督道理內的,就沒有天主;那存在這道理內的,這人有父也有子。
10 Ne ame aɖe va kple nufiafia si mesɔ ɖe Kristo tɔ dzi o la, migado wòezɔ teti hã nɛ o, eye migaxɔe ɖe miaƒe aƒe me kura o.
若有人來到你們中,不帶著這個道理,你們不要接他到家中,也不要向他請安,
11 Ame si xɔ ame sia la sɔ kple eya amea le eƒe ŋutasẽnuwo wɔwɔ me.
因為誰若向他請安,就是有分於他的邪惡工作。
12 Nya geɖe li si madi be maŋlɔ na mi, gake nyemaŋlɔe kple agbalẽŋlɔtsi kple agbalẽ o, ke boŋ mele mɔ kpɔm be mava kpɔ mi ɖa, eye míaɖo dze ŋkume kple ŋkume, ale be míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.
雖然我還有許多事,要寫給你們,但我不願意用紙用墨,只希望到你們那裏去,親口面談,好使我們的喜樂圓滿無缺。
13 Nɔviwò nyɔnu tiatia la ƒe viwo hã do gbe na wò nyuie.
你那蒙選的姊妹的子女問候你。