< Korintotɔwo 2 1 >
1 Nye, Paulo, ame si Mawu ŋutɔ tia be manye Yesu Kristo ƒe dɔla kple nɔvinye, xɔsetɔ Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso, Na Mawu ƒe hame si le Korinto kple ame kɔkɔe siwo katã le Akaya:
Paul, an apostle of Christ Jesus by the will of God, and Timothy the brother, to the church of God which is in Corinth, with all the holy who are in all Achaia:
2 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi.
Grace be to you, and peace, from God our Fathers and the Lord Jesus Christ.
3 Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, nublanuikpɔkpɔ Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu la,
Blessed be God, the Father of our Lord Jesus Christ, the Father of mercies and God of all comfort,
4 ame si fa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me, ale be míawo hã míate ŋu afa akɔ na ame siwo le xaxa me kple akɔfafa si míawo ŋutɔ míexɔ tso Mawu gbɔ.
who comforteth us in all our distress, that we may be able to comfort those who are in any distress by the comfort wherewith we are ourselves comforted by God;
5 Abe ale si Kristo ƒe fukpekpewo gena ɖe míaƒe agbe mee ene la, nenema ke to Kristo me míaƒe akɔfafa hã gbã goe.
for as the sufferings of Christ overflow to us, so through Christ doth our comfort also overflow.
6 Ne míexaxa la, miawo ƒe akɔfafa kple ɖeɖe tae; ke ne wofa akɔ na mí la, miawo ƒe akɔfafa tae. Esia dea dzigbɔgbɔ blewuu mia me be miawo hã mietea ŋu kpea fu siwo miekpena.
And whether we are distressed, it is for your comfort and salvation, which showeth its power in enabling you to bear patiently the same sufferings which we also endure; and our hope is steadfast in your behalf; or whether we are comforted, it is for your comfort and salvation,
7 Míaƒe mɔkpɔkpɔ na mi li ke goŋgoŋgoŋ, elabena míenya be abe ale si miekpɔ gome le míaƒe fukpekpewo me ene la, nenema ke miakpɔ gome le míaƒe akɔfafa hã me.
knowing that as ye are sharers in the sufferings, so also ye will be sharers in the comfort.
8 Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mebu be ele be magblɔ fu siwo míekpe le Asia la na mi. Woƒo mí, eye wowɔ fu mí ale gbegbe be míawo ŋutɔ gɔ̃ hã míebu mɔkpɔkpɔ ɖe sia ɖe be míatsi agbe.
For we would not, brethren, have you ignorant of our distress which came upon us in Asia, that it was exceedingly heavy upon us beyond our strength, so that we despaired even of life;
9 Míebu be míedze na ku elabena míekpɔ be wɔna aɖeke meganɔ mía ŋu o, gake míetsɔ nu sia nu gblẽ ɖe Mawu si tea ŋu wɔa nu sia nu, eye wòfɔa ame kukuwo gɔ̃ hã tso yɔdo me la ƒe asi me.
yea, we ourselves had within ourselves the sentence of death, that we might not trust in ourselves, but in God who raiseth the dead;
10 Vavã, Mawu ɖe mí tso ku dziŋɔ aɖe me, ale míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi be aɖe mí tso fukpekpe ɖe sia ɖe me ɖaa.
who delivered us from such peril of death, and is delivering; in whom we trust that he will yet deliver us,
11 Eya ta mi katã miwɔ ɖeka ne miado gbe ɖa ɖe mía ta vevie. Zi ale si miedo gbe ɖa eye mieɖe kuku ɖe mía ta la, zi nenema ke miagada akpe na Aƒetɔ la ɖe eƒe amenuveve si na be míenɔ dedie la ta.
you also unitedly helping us by prayer, so that for this blessing bestowed on us by means of many, thanks may be given by many on your behalf.
12 Ke míawo hã, adegbe si míaƒe dzitsinya nana míeƒona lae nye be míeléa mía ɖokuiwo nyuie le xexe sia me, eye le mia dome hã la, míewɔ mía ɖokuiwo dzadzɛe, eye míetoa nyateƒe le nu sia nu me. Ke menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ mee míewɔ esiawo le o, ke boŋ wo katã tso Mawu ƒe amenuveve me.
For our glorying is this, the testimony of our conscience, that in simplicity and the sincerity which is of God, not in fleshly wisdom, but in the grace of God, we have conducted ourselves in the world, and especially toward you.
13 Elabena míeŋlɔ nya bubu aɖeke na mi, si miate ŋu axlẽ alo ase egɔme o. Mele mɔ kpɔm be,
For we write no other things to you, than what ye read or even acknowledge. And I trust ye will acknowledge even to the end,
14 abe ale si miese míaƒe nya gɔme afã kple afãe ene la, miava se egɔme blibo ale be miate ŋu aƒo adegbe le mía ŋu abe ale si míaƒoe le mia ŋu le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkeke la dzi ene.
as also ye have acknowledged us in part, that we are your glorying, as ye also are ours in the day of the Lord Jesus.
15 Esi meka ɖe miaƒe nugɔmesese dzi tae medi be mava mia gbɔ gbã le nye mɔzɔzɔ me, ale be miagaxɔ yayra ɖe yayra dzi.
And in this confidence it was my purpose to come to you before, that ye might receive a second benefit;
16 Tso mia gbɔ la, mayi Makedonia eye ne metrɔ tso Makedonia la, magava to mia gbɔ ale miado mɔm ne medzo yina Yudea.
and to go by way of you into Macedonia, and from Macedonia to come again to you, and by you to be forwarded on my way to Judaea.
17 Ɖewohĩ mianɔ biabiam be ɖe metrɔ ɖoɖo si mewɔ gbã la alo ɖe mele nu wɔm abe xexea me tɔ siwo menya Kristo o, ne nya la nye “ɛ̃” la, wogblɔna be, “ao” ene mahã?
Having, then, this purpose, did I act with levity? Or in my purposes do I resolve according to the flesh, that with me there should be now yea, yea, and now nay, nay?
18 Gbeɖe, mele eme nenema o. Abe ale si Mawu nye nyateƒetɔ ene la, nyemenye ame ma ƒomevi o. Nye “ɛ̃” nye “ɛ̃.”
But as God is faithful, our word to you is not yea and nay.
19 Elabena Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ame si ŋu nye Paulo, Silvano kple Timoteo míeɖe gbeƒã le na mi la, menye ame si ne nya la nye “ɛ̃” la, wògblɔ be, “ao” o. Aƒetɔ Yesu Kristo wɔna ɖe nu sia nu si wògblɔ la ko dzi.
For the Son of God, Christ Jesus, who was preached among you by us, by me and Silvanus and Timothy, was not found yea and nay, but in him hath been found yea.
20 Aƒetɔ Yesu Kristo kpɔna hã be Mawu ƒe ŋugbedodo ɖe sia ɖe va eme pɛpɛpɛ. Ne ŋugbedodoawo wu akpe nanewo hã la, wovaa eme, eye miegblɔa “Amen” to Kristo dzi hena Mawu ƒe kafukafu.
For as to all the promises of God, in him is yea, and in him amen, to the glory of God through us.
21 Medi be wòanɔ susu me na mi be Mawue wɔ mí kple miawo hã bena míezu kristotɔ vavãwo eye wòtia mí abe eƒe apostolowo ene be míaɖe gbeƒã nyanyui la.
Now he who maketh us with you steadfast in Christ, and anointed us, is God;
22 Eya ame si de dzesi mí abe viawo ene eye wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de míaƒe dziwo me abe kpeɖodzi be míenye etɔwo vavã la ene.
he who also sealed us, and gave the Spirit as a pledge in our hearts.
23 Azɔ la, meyɔ Mawu tso nye dzi me ke abe ɖasefo ene be nu si gblɔm mele na mi la nye nyateƒe tututu; susu si ta nyemetrɔ va Korinto haɖe o lae nye be nyemedi be mava ka mo na mi, eye mawɔe be miaxa nu o.
But I call upon God as a witness against my soul, that it was to spare you that I came no more to Corinth;
24 Menye ɖe míegale amegã ɖum ɖe mia dzi hele se dem na mi tso nu si ke miaxɔ ase la ŋuti o, elabena mienya nu si dze be miaxɔ ase. Ke medi be mawɔ nane si ado dzidzɔ na mi, nye dɔwɔhatiwo ne meva, menye be mana mialé blanui o.
not that we have dominion over your faith, but are helpers of your joy. For in respect to faith ye stand firm.