< Korintotɔwo 2 9 >
1 Mikpɔe be megahiã kokoko bena magaŋlɔ agbalẽ na mi le ale si wòhiã be miana nu Mawu ƒe ame siwo le Yerusalem o,
Myslím, že bych se o té akci na pomoc Jeruzalémským ani nemusel tolik rozepisovat.
2 elabena menya ale si wònye miaƒe didi vevie be yewoawɔ lɔlɔ̃nununana sia, eye metsɔ esia ƒo adegbe na Makedonia hamewo be mi Akayatɔwo miele klalo kple miaƒe nunanawo abe ƒe ɖekae nye esia ene. Le nyateƒe me la, esia de dzo tɔxɛ aɖe woawo hã me be wodze ƒuƒoƒo nunanawo gɔme.
Vím, že tyto věci jsou pro vás samozřejmé, a v Makedonii jsem hrdě prohlašoval, že vy jste se sbírkou začali už vloni. Právě ta vaše horlivost nakazila mnohé z nich.
3 Ke mele nɔvi siawo dɔm kple miaƒe nunanawo elabena míetsɔ mi ƒo adegbe na amewo ŋutɔ eye nyemedi be míaƒe adegbe sia natrɔ zu alakpa o.
Teď k vám posílám tyto bratry, abych se přesvědčil, zda jsem vás nepřechválil. Jak bych potom vypadal před Makedonskými, kdyby se ukázalo, že jsem neměl pravdu? Musel bych se propadnout hanbou a vy teprve!
4 Eye anye ŋukpe nam ŋutɔ, eye wòanye ŋukpe na miawo hã ne nɔvi siwo tso Makedonia va kplim ko wòava dzɔ be miele klalo abe ale si megblɔ na wo ene o.
5 Esia ta mele nɔvi siawo dɔm ɖo ɖe mia gbɔ be woakpɔ egbɔ be nu siwo ŋugbe miedo la nasɔ gbe hafi nye ŋutɔ mava. Ale be wòanye nu si miena faa tso dzi me, eye menye tso dzizizi me o.
Proto jsem pokládal za nutné poprosit tyto bratry, aby shromáždili všechny vaše příspěvky ještě před mým příjezdem, aby to pak nevypadalo, že jsem je přijel vymáhat.
6 Ke medi be esia nanɔ nyanya me na mi be, ame si ana nu sue aɖe la, nu si wòakpɔ ɖe eteƒe anɔ sue. Agbledela si ƒã nuku sue aɖe ko la, xaa nuku sue aɖe ko le nuxaɣi, gake nenye be wòƒã nuku sɔgbɔ la, axa nuku fũu le nuxaɣi.
Pamatujte však: skoupá setba – hubená sklizeň. Bohatou úrodu sklidí ten, kdo zasévá štědře.
7 Ale si sinu ame aɖe di be yeana ko la nenae; migazi ame aɖeke dzi be nena wu ale si wòate ŋui o, elabena Mawu lɔ̃a ame siwo naa nu kple dzi faa la.
Velikost svého příspěvku ať si určí každý sám, nikoho nenuťte dávat víc, než sám chce. Bůh nemá zájem o vynucené dary: miluje toho, kdo dává rád. On si může dovolit ponechat to na vás:
8 Seɖoƒe aɖeke meli na Mawu ƒe nunana si wònaa mi gbe sia gbe o. Eya ŋutɔ naa nu siwo hiãa mi la mi, eye wònanɛ le agbɔsɔsɔ blibo me be ne miewɔ wo ŋuti dɔ ʋuu hã la, agatsi anyi zã be miana ame bubuwo atsɔ afia dɔ nyui wɔwɔ.
vždyť od něho dostáváte nejen všechno, co sami potřebujete, ale navíc ještě tolik, abyste mohli být štědří i k jiným.
9 Ele Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me be: “Ema eƒe nuwo na ame dahewo yi didiƒewo ke, eya ta eƒe dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbetegbe.” (aiōn )
Vždyť podle Písma Bůh nikdy nezavře svou ruku před štědrými. (aiōn )
10 Ke Mawu, ame si naa nuku agbledela wòƒãna, eye emegbe la, wòyrana ɖe edzi be wòakpɔ nuɖuɖu gbe sia gbe la ana nuku geɖewo mi be miaƒã, eye wòana woatsi aʋã nyuie ale gbegbe, be miakpɔ nuku geɖe le nuxaɣi, be miatsɔ ɖewo ana ame bubuwo hã.
On, který dává rolníku chléb i zrno na setí, poskytne potřebnou setbu i vám a z její sklizně budete mít stále víc pro sebe i pro druhé. K němu pak budou směřovat vždy četnější díky, které od vás odevzdáme.
11 Mawu ŋutɔ ana be miazu kesinɔtɔwo ale be miate ŋu ana nu ame dahewo ɣe sia ɣi, ale be ne míetsɔ wo yii na wo la, woada akpe geɖe na Mawu le ale si miekpe ɖe wo ŋu ta.
12 Ale miakpɔe be lɔlɔ̃nunana si nam miele la na ame kɔkɔe siwo le nu hiãm la kpɔ nu siwo le wo hiãm, eye woatsɔ akpedada blibo na Mawu.
Nejde totiž jenom o to, že se pomůže jeruzalémským křesťanům; neméně důležitá je vděčnost Bohu, která tím bude vzbuzena.
13 Nɔvi siwo katã ŋu miele kpekpem ɖo la makpɔ dzidzɔ le miaƒe nunana nyuiwo ɖeɖe ko ŋuti o, ke boŋ woakafu Mawu hã le miaƒe toɖoɖo Kristo ƒe nyanyui la ta. Eye miaƒe nunana hã nye kpeɖodzi be Kristo le mia me vavã.
Kdekdo bude Bohu děkovat za to, že jeho slovo milosti a záchrany našlo u vás tak bohatou odezvu.
14 Nɔvi siawo ado gbe ɖa ɖe mia ta vevie, ada akpe gã aɖe na Mawu le amenuvedɔ gã siwo wòwɔ na wo to mia dzi la ta.
Budou se za vás modlit a přilnou k vám vřelým bratrským vztahem.
15 Akpedada woatsɔ ana Mawu le eƒe nunana manyagblɔ la ta.
Díky Bohu za Ježíše Krista, ten vzácný dar nad všechny dary!