< Korintotɔwo 2 8 >
1 Azɔ la, nɔviwo, medi be magblɔ nu siwo wɔm Mawu le, le Makedonia hamewo me to eƒe amenuveve me la na mi.
弟兄们,我把 神赐给马其顿众教会的恩告诉你们,
2 Togbɔ be wole fu geɖe kpem, eye wonye ame dahewo hã la, wokɔ dɔ me faa, eye wodzɔa nu kple dzidzɔ.
就是他们在患难中受大试炼的时候,仍有满足的快乐,在极穷之间还格外显出他们乐捐的厚恩。
3 Mele ɖase ɖim le hame siawo ŋuti be wodzea agbagba dzɔa nu ŋutɔ, eye wowɔnɛ wòwua ale si woate ŋui gɔ̃ hã kple dzi faa, ke menye ɖe metee ɖe wo dzi be woawɔe o.
我可以证明,他们是按着力量,而且也过了力量,自己甘心乐意地捐助,
4 Woɖe kuku na mí be míaxɔ yewo hã ƒe nunana ale be yewo hã yewoakpɔ dzidzɔ be yewona kpekpeɖeŋu Mawu ƒe ame siwo le Yerusalem.
再三地求我们,准他们在这供给圣徒的恩情上有分;
5 Esi ƒo wo katã ta, eye wòwɔ nuku na mí lae nye be wotsɔ wo ɖokuiwo na Aƒetɔ la kple míawo hã to Mawu ƒe amenuveve me, eye wolɔ̃ be yewoaɖo to nya sia nya si míegblɔ na yewo la.
并且他们所做的,不但照我们所想望的,更照 神的旨意先把自己献给主,又归附了我们。
6 Esia ta míebia tso Tito, ame si de dzi ƒo na mi le yayra si le nunanadɔ si gɔme miedze me la si be wòayi edzi ade dzi ƒo na mi be miawu amenuvedɔ sia nu le mia dome.
因此我劝提多,既然在你们中间开办这慈惠的事,就当办成了。
7 Ale si miede ŋgɔ le xɔse, nufiafia, nunya, veviedodo nu kple lɔlɔ̃ si mietsɔ na mí me la, nenema ke medi be mianye ame gbãtɔwo le lɔlɔ̃nunanadɔ sia hã me.
你们既然在信心、口才、知识、热心,和待我们的爱心上,都格外显出满足来,就当在这慈惠的事上也格外显出满足来。
8 Menye ɖe mele se dem na mi alo le mia dzi zim be miawɔ nunana kokoko o, ke boŋ ale si wònye hame bubuwo ƒe didi vevie be yewoawɔ nunana alea tae medi be miawo hã miaɖe miaƒe lɔlɔ̃ afia abe hame bubuwo ene.
我说这话,不是吩咐你们,乃是借着别人的热心试验你们爱心的实在。
9 Miawo ŋutɔ mienya Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve be kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva de ahe ɖo be miawo la, miato eƒe ahedada la me azu kesinɔtɔwo.
你们知道我们主耶稣基督的恩典:他本来富足,却为你们成了贫穷,叫你们因他的贫穷,可以成为富足。
10 Medi be maɖo aɖaŋu na mi be miado vevi nu le nunana sia me, awu nu si gɔme miedze le ƒe si va yi me la nu, elabena miawoe nye ame gbãtɔ siwo do susu sia ɖa, eye mieɖee fia be miele klalo ɖe ewɔwɔ ŋuti hã.
我在这事上把我的意见告诉你们,是与你们有益;因为你们下手办这事,而且起此心意,已经有一年了,
11 Azɔ esi miedze ʋua ƒoƒo gɔme dzidzɔtɔe alea la, miaƒoe nenema va se ɖe nuwuwu. Mina nu si miate ŋui la tso nu si le mia si la me.
如今就当办成这事。既有愿做的心,也当照你们所有的去办成。
12 Ne enye miaƒe didi be yewoana nu mí la, migatsi dzi le ga home si le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nàna nu si nàte ŋui, ke menye wu esi le asiwò o.
因为人若有愿做的心,必蒙悦纳,乃是照他所有的,并不是照他所无的。
13 Menye míaƒe didie wònye be miamia ŋku, ana ga fũu be ame siwo miele nua dzɔm na la nazu kesinɔtɔwo atsɔ miaƒe ga anɔ agbe vivi ɖum o,
我原不是要别人轻省,你们受累,
14 ke boŋ ɖe míedi be miama nu siwo le mia si la kple wo. Fifia la, nu geɖe le mia si, eya ta mikpe ɖe wo ŋu, ale be ne emegbe nu megava le mia si o, ke wòle woawo si la, woawo hã nakpe ɖe mia ŋu. To esia me la, ame sia ame akpɔ etɔ sinua.
乃要均平,就是要你们的富余,现在可以补他们的不足,使他们的富余,将来也可以补你们的不足,这就均平了。
15 Abe ale si wòle Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la mee ene be, “Ame si ƒoa ƒu nuwo fũu hã mekpɔa ɖeke ɖe edzi o, ke ame si ƒo ƒu sue aɖe hã la, naneke mehiãnɛ o.”
如经上所记: 多收的也没有余; 少收的也没有缺。
16 Míeda akpe na Mawu, ame si tsɔ nenem veviedodo nu le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me be wòakpe ɖe mia ŋu, axlɔ̃ nu mi abe nye ke ene.
多谢 神,感动提多的心,叫他待你们殷勤,像我一样。
17 Tito kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi míegblɔ nɛ be wòagava kpɔ mi ɖa. Eya ŋutɔ hã di vevie be yeava hafi míegblɔe gɔ̃ hã.
他固然是听了我的劝,但自己更是热心,情愿往你们那里去。
18 Mele nɔvi nyanyɛ bubu aɖe hã ɖom ɖa kpe ɖe Tito ŋuti le mɔzɔzɔ sia me. Hame geɖewo ɖi ɖase le ale si nɔvi sia hã kpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve la me be wòagblɔ Aƒetɔ la ƒe nyanyui la kple dzideƒo la ŋuti.
我们还打发一位兄弟和他同去,这人在福音上得了众教会的称赞。
19 Le nyateƒe me la, hameawo tia nɔvi sia hã be eya hã nanɔ mí ame siwo le miaƒe nunanawo tsɔ ge ayi Yerusalem la dome. Míele dɔ sia wɔm be míatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋuti eye míaɖe ale si wònye míaƒe didi vevie be míakpe ɖe mía nɔewo ŋuti la hã afia.
不但这样,他也被众教会挑选,和我们同行,把所托与我们的这捐资送到了,可以荣耀主,又表明我们乐意的心。
20 Míewɔ esia elabena míedi be ame aɖeke nagaka mo na mí le nudzɔdzɔ gã sia, si míena wodzɔ la ŋuti o.
这就免得有人因我们收的捐银很多,就挑我们的不是。
21 Mawu ŋutɔ nya be nuteƒewɔlawo míenye, gake míedi be amewo hã nanya esia.
我们留心行光明的事,不但在主面前,就在人面前也是这样。
22 Míegale nɔvi bubu hã ɖom ɖe mi kpe ɖe wo ŋuti, ame sia hã nye hadɔwɔla vevi ɖeka. Eya hã di vevie be yeakpe ɖe mia ŋu, esi megblɔ míaƒe vevidodo nu nɛ.
我们又打发一位兄弟同去;这人的热心,我们在许多事上屡次试验过。现在他因为深信你们,就更加热心了。
23 Ɖewohĩ ne ame aɖe bia mi be ame kae nye Tito hã la, migblɔ be enye nye dɔwɔhati, eye wònye tenyeƒenɔla le mia gbɔ. Eye ne wobia nu tso nɔvi eve bubuawo hã ŋu la, migblɔ ko be ame dɔdɔwo wonye tso hame bubuawo me, eye wonye subɔla vavãwo kple bubu na Kristo.
论到提多,他是我的同伴,一同为你们劳碌的。论到那两位兄弟,他们是众教会的使者,是基督的荣耀。
24 Meɖe kuku mitsɔ lɔlɔ̃ si le mia me ɖe ŋunye la na ame siawo hã, ale be woakpɔe be ale si meƒoa adegbe tso mia ŋuti la le eme vavã, eye miɖee fia le hameawo ƒe ŋkume.
所以,你们务要在众教会面前显明你们爱心的凭据,并我所夸奖你们的凭据。