< Korintotɔwo 2 6 >

1 Esi mí katã míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, míele kuku ɖem na mi be migaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.
כעוזרי אלוהים אנו מתחננים לפניכם לא להזניח את חסד אלוהים שקיבלתם; אל תבזבזו את טובו וחסדו של אלוהים!
2 Elabena Mawu gblɔ be, “Meɖo to wò le nye amenuveɣi la, eye mekpe ɖe ŋuwò le xɔxɔgbe la.” Mele egblɔm na wò be, fifiae nye amenuveɣi, kpɔ ɖa fifiae nye xɔxɔgbe!
כי הוא אומר:”בעת רצון עניתיך וביום ישועה עזרתיך“. עתה עת רצון והיום יום ישועה!
3 Míedi be ame aɖeke nakpɔ vodada le dɔ si wɔm míele na Aƒetɔ la ŋu o, esia ta míena nuɖiɖia aɖeke le naneke me o.
אנו משתדלים לא להיות מכשול לאיש, כדי שלא יטילו דופי בעבודתנו.
4 Ke boŋ le xaxawo, hiãkamewo kple yometiti geɖewo me hã la, míedoa dzi eye míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔla vavãwo ene.
אדרבא, בכל מעשינו אנו משתדלים להראות שאנו משרתי אלוהים. בסבלנות רבה אנו נושאים סבל, צרות ומצוקות.
5 Woƒo mí, eye wode mí gaxɔ me. Ame siwo lɔ veve helĩhelĩ ɖe dzi me la tso ɖe mía ŋu kpɔ. Míewɔ dɔ sesĩe, eye ɖeɖi te mía ŋu kpɔ; míetsia zãdomadɔlɔ̃e, eye dɔ wua mí.
הוכינו, הושלכנו לכלא, נמסרנו לידי המון זועם; עמלנו עד אפיסת כוחות, לא אכלנו ולא ישנו.
6 Le nu sia nu me la, míenɔa anyi le dzadzɛnyenye me. Míegbɔa dzi ɖi, eye míenyoa dɔ me na ame sia ame. Ale si míedze si Aƒetɔ la ŋu míezɔna ɖo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ mí fũu eye míezɔna le eme kple lɔlɔ̃ si me alakpa mele o.
הוכחנו שאנו משרתי אלוהים בחיינו הטהורים, בהבנתנו את הבשורה, בסבלנותנו, בנדיבות לבנו, באהבתנו הכנה, ברוח הקודש הממלא אותנו,
7 Míezɔna le Mawu ƒe nyateƒe kple eƒe ŋusẽ me, eye ame dzɔdzɔewo ƒe aʋawɔnu siwo le nuɖusime kple miame la le mía si.
בדבר האמת שבפינו ובגבורת אלוהים. אנו חמושים בנשק הצדקה להגנה ולהתקפה.
8 Nenye be amewo de bubu mía ŋu alo do ŋukpe mí, nenye be wodzu mí alo kafu mí, eye wose nyateƒe si gblɔm míele, gake wogbe be yewomaxɔe o, eye wobu mí abe alakpatɔwo ene hã la, Aƒetɔ la ko míanɔ agbe na.
אנו שומרים על נאמנותנו לאדון אם מכבדים אותנו ואם בזים לנו, אם מבקרים או משבחים אותנו. אנו כנים וישרים אך נחשבים לשקרנים.
9 Xexea me tɔwo mebua mí ɖe naneke me o, gake Mawu ya nya mí nyuie. Míele kudo nu ɣe sia ɣi, gake kpɔ ɖa, míele agbe wu nu sia nu. Wode abi mía ŋu, gake míeku o.
העולם מתעלם מאתנו, אך רבים מכירים אותנו; אנו קרובים למוות, ובכל זאת חיים. נפצענו אך לא מתנו.
10 Míaƒe dziwo sea veve ŋutɔ, eye míeléa blanui, gake Aƒetɔ la tsɔa eƒe dzidzɔ dea mía me. Míele abe ame siwo nye ame dahewo ene, gake míena ame geɖewo zu kesinɔtɔwo. Míedzena abe ame siwo si naneke mele o la ene, gake nu sia nu le mía si.
לבנו מלא צער, ובכל זאת אנו שמחים באדון. אנו אמנם עניים, אך מעשירים אנשים רבים במתנות רוחניות. אנו חסרי־כל אך נהנים מן הכול.
11 Nɔvi Korinto hametɔ lɔlɔ̃awo, meʋu nye dzi me faa gblɔ nu siwo le eme la na mi. Míelɔ̃a mi ŋutɔ, eya ta
הו, ידידי הקורינתיים, דיברתי אליכם בכנות ופתחתי לפניכם את לבי.
12 míeɣla naneke ɖe mi o, ke boŋ míelɔ̃ mi tso dzi blibo me, gake ewɔ nuku ŋutɔ be mieʋu miaƒe dziwo me ɖe mía ŋu abe ale si míawo míewɔe na mi ene o.
לא סגרתי את לבי בפניכם; אתם סגרתם את לבכם בפני!
13 Azɔ la, medi be maƒo nu na mi abe vinye ŋutɔŋutɔwo ene. Mina be miaƒe dɔ me nakɔ ɖe mía ŋu, eye mialɔ̃ mí tso dzi blibo me abe ale si míelɔ̃ mie ene.
אני פונה אליכם עתה כאל בני: אנא, פתחו לנו את לבכם והיענו לאהבתנו.
14 Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo dome? Eye aleke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi ɖeka me?
אל תיכנסו לשותפות עם אלה שאינם אוהבים את האדון, שכן מה המשותף לאנשי אלוהים ולאנשי חטא? כיצד יכול האור לחיות עם החושך?
15 Aleke Kristo si nye dzɔdzɔetɔwo ƒe fia kple Abosam si nye nu vɔ̃ wɔlawo ƒe fia la ate ŋu awɔ ɖekae? Eye aleke kristotɔ hã ate ŋu awɔ ɖeka kple dzimaxɔsetɔ?
איזו הסכמה יכולה להיות בין המשיח לבין השטן? כיצד יכול המאמין להיות שותף ללא־מאמין?
16 Nenema ke mele be ɖekawɔwɔ aɖeke nanɔ gbedoxɔ kple trɔ̃xɔ dome o. Míawoe nye Mawu gbagbe la ƒe gbedoxɔ, afi si wònɔna. Mawu ŋutɔ gblɔ be, “Manɔ ame siwo nye tɔnyewo la dome, mazɔ le wo dome. Manye woƒe Mawu, eye woawo hã woanye nye dukɔ.”
איזה קשר יש להיכל אלוהים עם האלילים? הלא אתם היכל אלוהים, משכן אלוהים חיים, שכן הוא עצמו אמר:”ונתתי משכני בתוככם … והתהלכתי בתוככם והייתי לכם לאלוהים ואתם תהיו לי לעם“.
17 Esia ta, Yehowa gblɔ be, “Mido go le wo dome, eye miaɖe vovo tso wo gbɔ le nu sia nu me. Migade asi woƒe nu siwo ŋuti mekɔ o la ŋuti o, ekema maxɔ mi abe tɔnyewo ene.”
על כן אמר ה׳:”צאו מתוכם והברו, נאום ה׳, וטמא אל תיגעו ואני אקבץ אתכם.
18 Ke, “Manye mia Fofo, eye miawo hã mianye, vinyeŋutsuwo kple vinyenyɔnuwo.”
והייתי לכם לאב ואתם תהיו לי לבנים ולבנות, נאום ה׳ צבאות.“

< Korintotɔwo 2 6 >