< Korintotɔwo 2 5 >

1 Esia ta míenya be ne wokaka míaƒe xɔ siwo nye míaƒe ŋutilãwo la, Mawu ana ŋutilã yeye makumaku mí le dziƒo. Eye xɔ yeye siwo Mawu ana mí la menye amegbetɔwo ƒe asinudɔ o, ke Mawu ŋutɔe tu wo. (aiōnios g166)
We know that if the earthly dwelling that we live in is destroyed, we have a building from God. It is a house not made by human hands, but an eternal house, in heaven. (aiōnios g166)
2 Míele fu kpem ŋutɔ le míaƒe anyigbadziŋutilã siawo me, eya ta wòle mía dzrom vevie, eye míele mɔ kpɔm gbe sia gbe be Aƒetɔ la atsɔ dziƒoŋutilã yeyewo ava do na mí abe awu ene.
For in this tent we groan, longing to be clothed with our heavenly dwelling.
3 Elabena menye gbɔgbɔ me ko míanɔ o, ke boŋ Mawu ado awu na mí esi nye dziƒoŋutilã la.
We long for this because by putting it on we will not be found to be naked.
4 Zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me ko la, zi nenema ke míekpea fu siwo hea hũɖeɖe kple vevesese vaa mía dzi. Menye ɖe míebe míadzo kaba le anyigbadziŋutilã sia me o, ke boŋ míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be Aƒetɔ la natsɔ dziƒotɔ si nye agbe la atsyɔ na mí, be wòaɖu esi me míele fifia si gblẽna la dzi.
For indeed while we are in this tent, we groan, being burdened. We do not want to be unclothed. Instead, we want to be clothed, so that what is mortal may be swallowed up by life.
5 Mawu ŋutɔe ɖoe be tɔtrɔ sia nava míaƒe agbenɔnɔ me, eya ta wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de mía me abe kpeɖodzinu ene.
The one who prepared us for this very thing is God, who gave us the Spirit as a guarantee of what is to come.
6 Azɔ la, míele mɔ kpɔm kple dzideƒo na dziƒoŋutilã yeye sia xɔxɔ. Míenyae be zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me le afi sia la, míeɖo Aƒetɔ la gbɔ le dziƒo haɖe o.
Therefore always be confident. Be aware that while we are at home in the body, we are away from the Lord.
7 Míenya be esiawo katã le eme vavã to xɔse me, ke menye to nukpɔkpɔ kple ŋkume o.
For we walk by faith, not by sight.
8 Ke dzideƒo blibo le mía si, eye wòdzroa mí gɔ̃ hã be míadzo le anyigbadziŋutilã sia me aɖanɔ Aƒetɔ la gbɔ le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe mavɔ la me.
So we have confidence. We would rather be away from the body and at home with the Lord.
9 Ke míaƒe didi vevie nye be ne míele agbe le anyigbadziŋutilã sia me alo míele egbɔ le dziƒo la, míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me.
So we make it our goal, whether we are at home or away, to please him.
10 Elabena mí katã míava tsi tsitre ɖe Kristo ŋkume gbe ɖeka, be wòadrɔ̃ ʋɔnu mí, eye wòadzro míaƒe agbenɔɣinuwɔnawo me tsitotsito. Eye wòaxe fe na ame sia ame pɛpɛpɛ ɖe ale si wònɔ agbe le anyigba dzii la nu. Ne èwɔ nu nyui la, àxɔ fetu nyui eye ne èwɔ vɔ̃ la, àxɔ fetu vɔ̃.
For we must all appear before the judgment seat of Christ, so that each one may receive what is due for the things done in the body, whether for good or for bad.
11 Mawuvɔvɔ̃ si le mía me tae míeɖea gbeƒã, eye míeƒoa dzimetɔtrɔ ƒe nya la ɖe amewo katã nu be woava Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔ nya be míele dɔ sia wɔm kple dzimekɔkɔ, eye mexɔe se be miawo hã mienyae le miaƒe dzi me nenema tututu.
Therefore, knowing the fear of the Lord, we persuade people. What we are is clearly seen by God. I expect that it is also clear to your conscience.
12 Menye mía ɖokui kafum míele alo menye mía ɖokui dom míele ɖe dzi o, ɖeko míedi be miada ɖe mía dzi abe ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe ame dɔdɔ vavãwo ene. Eye miate ŋu atsɔ mí aƒo adegbee alo aɖo nya ŋu na nufiala alakpatɔ siwo le mia dome, ame siwo ƒe susu koe nye be yewoƒe dzedzeme nanya kpɔ nyuie le amewo gbɔ ko, ke woƒe dziwo me do viviti tsiɖitsiɖi.
We are not trying to persuade you again to view us as sincere. Instead, we are giving you a reason to be proud of us, so you may have an answer for those who boast about appearances but not about what is in the heart.
13 Ne nya siawo sese ɖi le miaƒe towo me abe ɖe míaƒe susuwo da ene la, ekema le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la tae. Ke ne miedze sii be míaƒe nyawo meɖi ame siwo ƒe tagbɔ tɔtɔ tɔ o la, ekema aɖe vi geɖe na mi.
For if we are out of our minds, it is for God; and if we are in our right minds, it is for your sake.
14 Menye mía ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ ta míele nu sia nu si wɔm míele la wɔm ɖo o; míele ewɔm, elabena Kristo ƒe lɔlɔ̃ le mía kplɔm. Esi míexɔe se be Aƒetɔ Yesu Kristo ku ɖe mí katã ta la, ele be míawo hã míaxɔe se be míeku na agbe xoxo siwo míenɔna tsã la.
For the love of Christ compels us, because we are certain of this: That one person died for all, and that therefore all have died.
15 Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖe amewo katã ta lae nye be mí ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko.
He died for all, so that those who live should live no longer for themselves but for him who for their sake died and was raised.
16 Eya ta tso fifia dzi heyina la, migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke le ŋutilã nu be ame sia nye amegã alo bubume alo be nɔvi kristotɔ aɖe nye nu vɔ̃ wɔla o. Ŋku ma ƒomevie míetsɔ kpɔ Kristoe tsã be enye vɔ̃wɔla, gake fifia la, meganye nenemae míegale ekpɔm o.
For this reason, from now on we do not judge anyone according to human standards, even though we once regarded Christ in this way. But now we do not judge anyone in this way any longer.
17 Eya ta ne ame aɖe xɔ Kristo la, enye nuwɔwɔ yeye; nu xoxowo nu va yi, “kpɔ ɖa!” nuwo katã zu yeye.
Therefore, if anyone is in Christ, he is a new creation. The old things have passed away. See, they have become new.
18 Nu siawo katã tso Mawu, ame si wɔ mí etɔwoe to Kristo dzi la gbɔ. Mawu ŋutɔ tsɔ dɔ nyui sia de asi na mí be míakplɔ ame bubuwo hã va ye gbɔe ne yeakpɔ nublanui na wo, eye woawɔ ɖeka kple ye.
All these things are from God. He reconciled us to himself through Christ, and has given us the ministry of reconciliation.
19 Gbeƒã si ko ɖem míele fifia lae nye be Mawu to Kristo dzi le xexea me katã kpem va eɖokui gbɔe. Magaɖo ŋku amewo ƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o, ke boŋ atsɔ wo ake wo eye wòatutu wo ɖa keŋ. Nukunya siae wòde asi na mí be míagblɔ na amewo katã.
That is, in Christ God is reconciling the world to himself, not counting their trespasses against them. He is entrusting to us the message of reconciliation.
20 Eya ta míawo la, Kristo ƒe ame dɔdɔwoe míenye, eye Mawu le nu ƒom na mi to mía dzi. Míeto Kristo dzi hele kuku ɖem na mi be ame sia ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye wòaxɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ si wòna be ne wòawɔ ɖeka kplii.
So we are appointed as representatives of Christ, as though God were making his appeal through us. We plead with you, for the sake of Christ: “Be reconciled to God!”
21 Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na mí katã.
He made Christ become the sacrifice for our sin. He is the one who never sinned. He did this so that we might become the righteousness of God in him.

< Korintotɔwo 2 5 >