< Korintotɔwo 2 4 >

1 Mawu ŋutɔ ƒe nublanuikpɔkpɔ mee wòtso be wòtsɔ subɔsubɔdɔ sia de asi na mí be ɖeɖi metea mía ŋu le ewɔwɔ me o.
Zato, budući da po milosrđu imamo ovu službu, ne malakšemo.
2 Ke míegbea nu le vivitimenuwɔnawo kple ŋukpenanuwɔwɔwo gbɔ. Míeblua afɔ na Mawu ƒe nya la o, ke boŋ míegblɔa nyateƒenya vavãtɔ la na ame sia ame. Míegbe nu le alakpadada gbɔ helé nyateƒe la ko me ɖe asi be amewo nanya le woƒe dzi me be míenye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋkume.
Ali odrekosmo se sramotnoga prikrivanja: ne nastupamo lukavo niti izopačujemo riječ Božju, nego se objavljivanjem istine preporučujemo svakoj savjesti ljudskoj pred Bogom.
3 Eya ta ne Kristo ƒe nyanyui si míele gbeƒã ɖem la gɔme sese sesẽ na ame aɖewo la, ekema ame siawo ɖo ta tsɔtsrɔ̃ me.
Ako je i zastrto evanđelje naše, u onima je zastrto koji propadaju:
4 Satana, ame si le dzi ɖum le xexe vɔ̃ɖi sia me fifia lae gbã dzimaxɔsetɔwo ƒe ŋkuwo eye wòtsyɔ nu woƒe susuwo dzi. Ewɔ esia be womakpɔ kekeli si tso nyanyui la me le keklẽm ɖe wo dzi la eye woase nu si gblɔm míele tso Kristo si nye Mawu ƒe nɔnɔme la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la gɔme o. (aiōn g165)
u onima kojima bog ovoga svijeta oslijepi pameti nevjerničke da ne zasvijetli svjetlost evanđelja slave Krista koji je slika Božja. (aiōn g165)
5 Menye mía ŋutɔ ɖokuiwo ŋutie míele gbeƒã ɖem le na mi o, ke boŋ Yesu Kristo ŋutie, eye eyae nye Aƒetɔ la. Ke míawo la, míenye subɔlawo le Yesu ŋuti.
Jer ne propovijedamo same sebe, nego Krista Isusa Gospodinom, a sebe slugama vašim poradi Isusa.
6 Mawu ame si gblɔ be, “Kekeli neklẽ ɖe viviti me la,” kee nye ame si klẽ ɖe míawo hã ƒe dzi me. To esia wɔwɔ me la, ena be míexɔ kekeli la ƒe sidzedze, si nye eƒe ŋutikɔkɔe si klẽna tso Kristo me.
Ta Bog koji reče: Neka iz tame svjetlost zasine!, on zasvijetli u srcima našim da nam spoznanje slave Božje zasvijetli na licu Kristovu.
7 Ke kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, be wòaɖee fia be ŋusẽ triakɔ sia metso mía gbɔ o, ke boŋ Mawu gbɔ wòtso.
To pak blago imamo u glinenim posudama da izvanredna ona snaga bude očito Božja, a ne od nas.
8 Womimi mí ɖo le go sia go me gake womegbã mí o, míetɔtɔ gake dzi meɖe le míaƒo o,
U svemu pritisnuti, ali ne pritiješnjeni; dvoumeći, ali ne zdvajajući;
9 woti mía yome, gake Mawu megble mí ɖi o, woƒo mí ƒu anyi, gake wometsrɔ̃ mí o.
progonjeni, ali ne napušteni; obarani, ali ne oboreni -
10 Yesu ƒe ku le míaƒe ŋutilã me míele yiyimee gbe sia gbe, be woaɖe Yesu ƒe agbe hã ɖe go le míaƒe ŋutilã me.
uvijek umiranje Isusovo u tijelu pronosimo da se i život Isusov u tijelu našem očituje.
11 Elabena wotsɔ mí ame siwo le agbe la de asi na ku gbe sia gbe le Yesu ta, be woaɖe eƒe agbe ɖe go le míaƒe ŋutilã si le kuku ge la me.
Doista, mi se živi uvijek na smrt predajemo poradi Isusa da se i život Isusov očituje u našem smrtnom tijelu.
12 Eya ta ku le dɔ wɔm le mía me, gake agbe le dɔ wɔm le miawo me.
Tako smrt djeluje u nama, život u vama.
13 Abe ale si woŋlɔ ɖe mawunya me ene be, “Mexɔe se, eya ta meƒo nu ɖo” la, nenema ke míawo hã míexɔe se, eya ta míadzudzɔ nuƒoƒo o.
A budući da imamo isti duh vjere kao što je pisano: Uzvjerovah, zato besjedim, i mi vjerujemo pa zato i besjedimo.
14 Míenya be Mawu, ame si fɔ Aƒetɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la afɔ míawo hã kple Kristo ɖe tsitre, eye wòatsɔ mí kple miawo siaa nɛ.
Ta znamo: onaj koji je uskrisio Gospodina Isusa i nas će s Isusom uskrisiti i zajedno s vama uza se postaviti.
15 Míaƒe fukpekpe siawo katã nye viɖe geɖe na mi, eye zi ale si míeɖe gbeƒã Mawu ƒe amenuveve sia na ame geɖewo, eye wokpɔ gome le eme la, zi nenema ke woatsɔ kafukafu kple akpedada na Aƒetɔ la.
A sve je to za vas: da milost - umnožena - zahvaljivanjem mnogih izobiluje Bogu na slavu.
16 Esia ta ɖeɖi metea mía ŋu o, eye míana ta o. Togbɔ be míaƒe ŋutilãwo le gbɔdzɔgbɔdzɔm hã la, ŋusẽ si tso Aƒetɔ la gbɔ, eye wòle mía me la le tsitsim ɖe edzi gbe sia gbe.
Zato ne malakšemo. Naprotiv, ako se naš izvanji čovjek i raspada, nutarnji se iz dana u dan obnavlja.
17 Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam fifia la nu gbɔna yiyi ge kpuie, eye le esia teƒe la, Mawu ana eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe si ƒo nuwo katã ta la mí ɖaa. (aiōnios g166)
Ta ova malenkost naše časovite nevolje donosi nam obilato, sve obilatije, breme vječne slave (aiōnios g166)
18 Susu sia ta míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo kpɔm míele fifia la dzi o, ke boŋ míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo míekpɔna o la dzi, elabena nu siwo wokpɔna la nu mesena yina o, ke nu siwo womekpɔna o la nɔa anyi tegbee. (aiōnios g166)
jer nama nije do vidljivog nego do nevidljivog: ta vidljivo je privremeno, a nevidljivo - vječno. (aiōnios g166)

< Korintotɔwo 2 4 >