< Korintotɔwo 2 2 >
1 Ke azɔ la, nye ŋutɔ meɖoe be nyemagava mia gbɔ kple nu si agahe nuxaxa vɛ na mi o,
然て我心の中に、再び悲を以て汝等に至らじと定めたり、
2 elabena ne megade nuxaxa miaƒe dzi me la, miate ŋu ado dzidzɔ nam ne mele mia gbɔ o. Evɔ ame bubu aɖeke hã meli si ado dzidzɔ nam tsɔ wu miawo o.
蓋我もし汝等を悲しましめば、我が悲しましむる其者ならで誰か我を喜ばしめんや。
3 Esia ta meŋlɔ agbalẽ ma na mi, ale be miaɖɔ nuwo ɖo hafi mava elabena nyemedi be makpɔ naneke le mi, ame siwo ŋu meɖoa ŋu ɖo be miado dzidzɔ geɖe nam la ŋu, si ade nuxaxa nye dzi me o. Menya nyuie be ne meva mia gbɔ le dzidzɔ me la, ekema miawo hã miakpɔ dzidzɔ geɖe.
我が曩に汝等に書遣りしも、至らん時我を喜ばすべき筈の人々に由りて、却て悲に悲を重ぬる事なからん為にして、我喜は汝等一同の喜なりと、汝等一同に就きて信ずる故なり。
4 Nuxaxa kple vevesese geɖe nɔ nye dzi me, eye aɖatsi ge le mo nam gɔ̃ hã le agbalẽ ma ŋɔŋlɔ me, eye menye ɖe meŋlɔ agbalẽ la be mana miaxa nu o. Ke boŋ meŋlɔe be mana miadze si ale si melɔ̃ mi vevie.
蓋我大いなる患難と心痛とにより、多くの涙を以て汝等に書遣れり、是汝等を悲しましめんとには非ず、汝等に對する我寵の殊に深きを知らしめん為なりき。
5 Ne ame aɖe he nuxaxa vɛ la, menye nyee wòdo nuxaxa na o ke boŋ mi katãe, mele egblɔm alea be nyemagate gbe ɖe edzi fũu o.
若悲しましめたる人あらば、其は我[のみ]を悲しましめたるに非ずして、幾許か汝等一同を悲しましめたるなり、我は激しく責めじとて斯く言ふ。
6 Eya ta tohehe si ame akpa gãtɔ da ɖe ame ma dzi la sɔ gbɔ nɛ.
然る人は多くの人より受けたる譴責にて事足れり。
7 Azɔ ele be miatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee, eye miafa akɔ nɛ. Ne menye nenema o la, ase veve eye dzi aɖe le eƒo ale gbegbe be wòatrɔ ɖa tso nyateƒe la gbɔ.
汝等は寧之を宥恕し且慰めよ、恐くは其人堪へ難き悲しみに沈むべければ、
8 Meɖe kuku na mi, miɖee fiae azɔ be miegalɔ̃e pɛpɛpɛ abe tsã ene.
我は汝等が彼に對して、愈愛を加へん事を希ふ。
9 Meŋlɔ agbalẽ ma na mi be makpɔe ɖa be miele klalo awɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi, eye be makpɔe ɖa be toɖoɖo ƒe gbɔgbɔ le mia me mahã?
曩に書遣りしも是が為にして、汝等が萬事に從へるや否やを試に知らんとてなりき。
10 Nu si mietsɔ ke ame aɖe la, nye hã metsɔe kee, eye edze be nye hã matsɔe ke le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ me hena miaƒe nyonyo ko.
抑汝等何事をか人に赦したらば我も然せん、我が赦したる事あるも汝等に對してキリストの御前に赦したるなり。
11 Susu bubu si ta wòdze be miatsɔ nu vɔ̃ ake amewo ɖo lae nye be miaxe mɔ na Satana be wòagaɖu mia dzi, ahe tɔtɔ va mia dome o, elabena mí katã míedze si ale si wòdi be yeade zitɔtɔ hamewo domee.
是は我等サタンの謀を知らざるに非ざれば、之に籠絡せられざらん為なり。
12 Esi meva Troa be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la le afi ma la, mekpɔ be Aƒetɔ la ŋutɔ ʋu mɔ nam be dɔ la nayi edzi nyuie,
然我キリストの福音の為トロアデ[町]に至りしに、主我に門を開き給ひたれど、
13 gake metsi dzi le ɖokuinye me, elabena nyemekpɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔ Tito le afi ma o. Esia ta medo taflatse na Troatɔwo, eye medzo le afi ma heyi Makedonia.
我は我兄弟チトに遇はざるによりて心安からず、別を彼等に告げてマケドニアに出發せり。
14 Ke akpe na Mawu be to nu si Kristo wɔ me la, míekpɔ dziɖuɖu eye míekaka nyanyui la abe ami ʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ ene ɖe amewo dome le afi sia afi si míeyi.
我等をして何時もキリスト、イエズスによりて勝を得させ、且我等を以て彼を知る事の香を何處にも顕し給へる神に感謝し奉る。
15 Elabena Mawu wɔ mí míezu ami si ʋẽna lĩlĩlĩ la, eye Kristo ƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si wòtsɔ de mía me la, kaka ɖe ame siwo katã kpɔ xɔxɔ kple ame siwo mekpɔe o la siaa dome.
蓋救はるる人にも亡ぶる人にも、我等は神の御為キリストの馨しき香なり、
16 Nunana nyui si Kristo tsɔ na mí la ɖi ku ƒe ʋeʋẽ na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m. Ke le ame siwo xɔ Kristo dzi se ya gbɔ la, míenye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si naa agbe. Azɔ biabia lae nye be ame ka ŋu ŋutete le be wòawɔ dɔ siawo?
或人には死の香にして死に至らしむれど、或人には生の香にして生に至らしむ。而も、誰か此等の任に勝へたる者ぞ。
17 Míawo la, míele abe ame siwo tsɔ mawunya la ɖo ŋgonu hele amewo blem, le ga xɔm le wo si la ene o. Esi wònye Mawue dɔ mí ta la, míeƒoa nu kple Kristo ƒe ŋusẽ la, eye Mawu ƒe ŋku le mía ŋu ɖaa.
蓋我等は多くの人の如くに神の御言を僞造せず、眞實の儘に神より出づる如く、神の御前にキリストに於て語る。