< Korintotɔwo 2 13 >
1 Esia anye zi etɔ̃lia mava mia gbɔ. Azɔ abe ale si woŋlɔe ɖe mawunya me ene la, “Woaxɔ nya si ame aɖe tsɔ ɖe nɔvia ŋu la to ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe kpeɖodzi me.”
This third time, am I coming unto you: —at the mouth of two witnesses, or three, shall every matter be established.
2 Mexlɔ̃ nu mi xoxo esi meva mia gbɔ zi evelia va yi. Azɔ la, megale egblɔm, esi nyemele mia gbɔ o. Ke ne metrɔ va la, nyematsɔe ake ame siwo wɔ nu vɔ̃ do ŋgɔ alo ame bubu siwo wɔe kplɔ wo ɖo o,
I have said beforehand, and do say beforehand, —as present the second time, although now absent, unto them who before sinned, and unto all the rest, —that, if I come again, I will not spare.
3 elabena miele nane dim be wòaɖo kpe edzi na mi be Kristoe le nu ƒom to dzinye. Kristo megbɔdzɔ le tohehe na mi me o, ke esẽ ŋu le mia dome.
Since, a test, ye are seeking, of the speaking in me of Christ; —who, unto you, is not weak, but is powerful in you, —
4 Be woaka ɖe edzi na mi la, woklãe ɖe ati ŋu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me, ke hã la, ele agbe to Mawu ƒe ŋusẽ me. Nenema ke míegbɔdzɔ le eya amea me, gake to Mawu ƒe ŋusẽ me la, míele agbe be míasubɔ mi.
For, although he was crucified through weakness, yet is he living through God’s power, —for, although, we, are weak in him, yet shall we live with him, through God’s power [unto us]—
5 Mido mia ɖokuiwo kpɔ be miele xɔse me vavã mahã? Nenema ke midzro mia ɖokuiwo me. Ɖe miekpɔ dze sii be Kristo Yesu le mia me oa? Negbe ɖe mieto xɔse ƒe dodokpɔ la me o.
Be trying, yourselves, whether ye are in the faith, be putting, yourselves, to the test! Or do ye not recognise yourselves, seeing that, Jesus Christ, is in you, —unless perhaps ye fail in the testing.
6 Mexɔe se be mi katã mialɔ̃ ɖe edzi kplim be mieto dodokpɔ la me.
I hope, however, that ye shall come to know, that, we, fail not in the testing!
7 Míaƒe gbedodoɖa na Mawue nye be miagawɔ nu vɔ̃ aɖeke o. Menye be miatso afia be míefia nu nyui mi o. Gbeɖe, nenye be woɖe vodada na mí hã la, ele be miawo ya miawɔ nu nyui.
But we pray unto God, that ye may do nothing base, —not that, we, may appear, accepted, but that, ye, the honourable thing, may be doing, even though, we, should be, as it were, rejected;
8 Elabena míate ŋu awɔ naneke ɖe nyateƒe la ŋuti o; ke nyateƒe la boŋ ye míate ŋu awɔ nane na.
For we can do nothing against the truth, but for the truth;
9 Enye dzidzɔ na mí ne míawo míegbɔdzɔ, eye miawo miesẽ ŋu la, míekpɔa dzidzɔ, eye esia ŋuti míele kuku ɖem ɖo le miaƒe blibodede ŋuti.
For we rejoice—whensoever, we, are weak, and, ye, are, strong. This, also we pray for—your restoration: —
10 Mele nu sia ŋlɔm na mi kple mɔkpɔkpɔ be ne meva ɖo la, magahiã be mahe nya ɖe mia ŋu alo ahe to na ame aɖeke o, elabena nye didie nye be mawɔ ŋusẽ si Aƒetɔ la nam la ŋuti dɔ atsɔ atu mi ɖo le xɔse me. Ke menye be matsɔe aɖiɖi mi ɖe anyi o.
For this cause, these things, while absent, am I writing, that I may not, when present, deal sharply—according to the authority which, the Lord, hath given me, for building up and not for pulling down.
11 Mlɔeba la, nɔviwo, midze agba be mianɔ agbe nyuie. Miɖo to nya siwo katã megblɔ na mi. Minɔ anyi le ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me, eye ŋutifafa kple lɔlɔ̃ ƒe Mawu la nanɔ anyi kpli mi.
Finally, brethren, farewell! Be getting restored, be taking encouragement, be of one mind, live in peace, —and, the God of love and peace, will be with you.
12 Mido gbe na mia nɔewo le Kristo me.
Salute ye one another with a holy kiss.
13 Ame kɔkɔe siwo katã le gbɔnye afi sia la do gbe na mi nyuie.
All the saints, salute you.
14 Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe hamenɔnɔ nanɔ anyi kple mi katã.
The favour of our Lord Jesus [Christ], and the love of God, and the fellowship of the Holy Spirit, be with you all.