< Korintotɔwo 2 12 >

1 Adegbe siwo katã ƒom mele la mehiã o. Movinyawo sɔŋ ko wonye, gake mele edzi yi ge. Mina maƒo nu le Aƒetɔ la ƒe ŋutegawo kple ɖeɖefiawo ŋu.
התפארות זאת טיפשית כל־כך, אך הרשו לי להמשיך. ברצוני לספר לכם על חזיונות והתגלויות שהיו לי מאת האדון.
2 Menya ŋutsu aɖe le Kristo me. Anɔ abe ƒe wuienee nye esia ene la, eɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o, alo menɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae. Wokɔ nenem me sia yi dziƒo etɔ̃lia.
אני מכיר מאמין אחד שנלקח לשמים לפני ארבע־עשרה שנים. אני יודע שהאיש הזה (אם בגוף ממש או שבנפרד מגופו רק האלוהים יודע).
3 Migabiam be ŋutilã mee wònɔ alo gbɔgbɔ mee wònɔ hafi yi afi ma hã o, elabena nyemenya o. Mawu ɖeka koe nya, gake menya be wokɔe yi Paradiso la me vavã.
4 Le afi ma la, wose nya siwo wɔ nuku ale gbegbe be wogbɔ amegbetɔwo ƒe susu kple gɔmesese ŋu yi, eye womeɖe mɔ be woagblɔ wo na ame aɖeke o.
נלקח לשמים ושמע דברים כה מדהימים, עד כי לא ניתן לבטאם, ואסור לחזור עליהם.
5 Nu si teƒe wòkpɔ la nye nu xɔasi aɖe si ŋu mate ŋu aƒo adegbe le, gake nyemedi be mawɔ nenema o. Ke boŋ maƒo adegbe le ale si megbɔdzɔe, gake Mawu wɔ dɔ le ŋutinye hena eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe la ŋuti.
חוויה כזאת ראויה להתגאות בה, אך איני מתכוון לעשות כן. אתגאה רק בחולשותיי.
6 Nu geɖewo ŋutɔ li siwo ŋu maƒo adegbe le, eye ne mewɔ esia la, mawɔm movitɔe o; elabena wonye nyateƒe. Ke nyemawɔe o, be amewo nabum amegãe wu ame si ŋutɔ menye o, ke boŋ be woakpɔ nu si wòdze be woakpɔ le nye agbenɔnɔ kple gbeƒã si ɖem mele la me.
לא חסר לי במה להתגאות, ואף לא אנהג כשוטה אם אתגאה, אך איני רוצה שאיש יחשבני ליותר ממה שראה במעשי ובדיבורי.
7 Mawu ƒe gãnyenye kple nukunu siwo teƒe mekpɔ la, menye nu bɔbɔe o, eye be nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la tae Mawu na be dɔléle aɖe ge ɖe nye ŋutilã me si zu ŋu nɔa fu ɖem nam. Esia nye Satana ƒe dɔla ƒe nuwɔna.
על־מנת שלא אתמלא יהירות בגלל הדברים הנפלאים שראיתי, ניתנה לי קוץ בבשרי, שליח מאת השטן להטרידני ולעקוץ את גאוותי.
8 Medo gbe ɖa na Aƒetɔ la zi etɔ̃ sɔŋ kple kukuɖeɖe be wòaɖe dɔléle sia ɖa le menye.
שלוש פעמים התחננתי לאלוהים שייקח אותו ממני,
9 Ke ɣe sia ɣi la, Aƒetɔ la gblɔna nam be, “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò, elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la dzi.” Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye.
ברם בכל פעם האדון אמר לי:”לא. אך אני אתך, ואינך זקוק ליותר. גבורתי נשלמת בחולשתך.“עתה אני שמח להתגאות בחולשתי; במקום שאפגין את כוחי ויכולתי, אני שמח להיות דוגמה חיה לגבורת המשיח.
10 Esi menya be Kristo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu wònye be nu sia nadzɔ ɖe dzinye ta la, mekpɔa dzidzɔ be “ŋu” sia le nye ŋutilã me. Mekpɔa dzidzɔ hã be amewo dzuam, tia nye agbe yome, eye meɖoa xaxa kple hiã geɖe me, elabena mekpɔa ŋusẽ to gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye zi ale si megbɔdzɔ la, zi nenema ke mesẽa ŋue.
הואיל ואני יודע שחולשתי מפארת את המשיח, אני שמח ב”קוץ“הזה שבבשרי, בעלבונות, בצרות, ברדיפות ובמצוקות. שכן בהיותי חלש, אז אני חזק – ככל שאני חלש יותר כך אני תלוי יותר במשיח.
11 Miaƒe nuwɔnae na be meƒo nu, do ɖokuinye ɖe dzi abe bometsila ene. Evɔ la, miawoe wòle be miakafum, ke menye nye ŋutɔ wòle be makafu ɖokuinye hafi o, eye togbɔ be nyemele naneke me o hã la, naneke mele miaƒe apostolo mawo si si mele asinye o.
אני מתנהג כשוטה, אך אתם גרמתם לכך. אתם הייתם צריכים להתגאות בי, כי למרות שאני כאין וכאפס, איני נופל במאומה מהשליחים”הנפלאים“.
12 Esi mele mia gbɔ la, nye dɔwɔwɔ ɖe sia ɖe ɖo kpe edzi be Aƒetɔ lae tiam abe apostolo ene, eye wòdɔm be mava gblɔ nyanyui la na mi, eye metsɔ dzigbɔɖi wɔ dzesiwo, nukunuwo kple ŋusẽdɔ geɖewo hã le mia dome.
כבר הוכחתי לכם שאכן אלוהים עצמו שלחני אליכם, שהרי בסבלנות רבה חוללתי ביניכם נסים, נפלאות ואותות גבורה.
13 Nu ka me gɔ̃ mietsi megbe le le hame susɔeawo ŋu? Nu si ko nyemewɔ le mia gbɔ o, evɔ mewɔe le hame bubuwo me lae nye be nyemenye agba na mi o. Mitsɔ nu madzɔmadzɔ sia kem!
מדוע אתם מרגישים נחותים מהקהילות האחרות? האם משום שלא הנחתי לכם לתמוך בי כספית? אנא, סלחו לי על העוול הנורא הזה!
14 Azɔ la, zi etɔ̃liae nye esia megbɔna mia gbɔ, eye le nye vava me hã la, nyematsɔ dzinyekpɔkpɔ ƒe agba aɖo mia dzi o, elabena nyemele miaƒe ga dim o, ke boŋ miawo ŋutɔ dim mele. Vinyewo mienye, eye menye viwoe wòle be woadi nuɖuɖu na wo dzilawo o. Dzilawoe wòle be wòakpɔ wo viwo dzi.
עתה אני בא לבקרכם בפעם השלישית, וגם הפעם לא יעלה לכם הדבר פרוטה. איני מעוניין בכספכם, אלא בכם! אחרי הכול, הילדים אינם צריכים לכלכל את הוריהם אלא להיפך, על ההורים לכלכל את ילדיהם.
15 Enye dzidzɔ nam be matsɔ ɖokuinye kple nu siwo le asinye la na mi be miatsi ɖe edzi le gbɔgbɔ me, gake zi ale si mele mia lɔ̃m ɖe edzi la, zi nenema ke miaƒe lɔlɔ̃ nam hã dzi le ɖeɖem kpɔtɔ.
אני מוכן בשמחה לתת לכם את עצמי ואת כל אשר לי למען טובתכם הרוחנית, אם כי נראה שככל שאני אוהב אתכם יותר, אתם אוהבים אותי פחות.
16 Ame aɖewo le mia dome le gbɔgblɔm be, “Enye nyateƒe be ne eɖi tsa va kpɔ mí la, míegblẽa ga aɖeke ɖe eŋuti o, gake Paulo sia ayetɔe wònye le mía blem. Le nyateƒe me la, anya to mɔ aɖe dzi kokoko wɔ ga le mía ŋuti.”
אחדים מכם אומרים:”אמנם נראה שביקוריו לא עלו לנו דבר, אך הפולוס הזה איש ערמומי ואין ספק ששיחק בנו. הוא ודאי הרוויח מאתנו כסף איכשהו!“
17 Enye nyateƒea? Ɖe ame siwo medɔ ɖo ɖe mi la ƒe ɖe va xɔ nane le mia sia?
אך כיצד? האם ניצל אתכם אחד מהאנשים אשר שלחתי אליכם?
18 Alo ɖe Tito kple nɔvi si medɔ ɖo ɖe mia gbɔ la va ba mia? Gbeɖe, elabena menya nyuie be mí katã la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ɖeka koe le mía me, eye nu ɖeka tɔgbi mí katã míewɔna.
כשהאצתי בטיטוס לבקרכם ושלחתי עמו אח נוסף, האם הם רימו או ניצלו אתכם? ודאי שלא. הרי אנחנו פועלים מתוך אותם המניעים ומתנהגים באותה דרך.
19 Ɖewohĩ la, mianɔ bubum be ɖe mele esiawo katã gblɔm be maʋli mía ɖokuiwo ta le mia gbɔ, ale be miagalɔ̃m. Esia mele eme nenema o. Nɔvi lɔlɔ̃wo, abe Kristotɔwo ene la, mele nya sia gblɔm na mi le Mawu ƒe ŋkɔ me, be matu mi ɖo le gbɔgbɔ me.
החושבים אתם שאנו מנסים להצטדק לפניכם? אם כן, אתם טועים! לנוכח אלוהים אני אומר לכם שהדברים נאמרו למענכם, ידידים יקרים, כדי לעזור לכם להיבנות באופן רוחני.
20 Nu si vɔ̃m mele lae nye be ne meva mia gbɔ la, miaƒe agbenɔnɔ ava tɔ ŋku nam, eye esia ana be nye nuwɔna manɔ abe ale si miadi be wòanɔ ene o. Mele vɔvɔ̃m be ne meva la, mava kpɔ dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ameŋuzɔzɔ, sakplisasa, ɖokuidodoɖedzi kple mama le mia dome.
אני חושש שמא בבואי אליכם לא ימצא־חן בעיני מה שאראה, והצעדים שאאלץ לנקוט לא ימצאו חן בעיניכם. אני חושש שמא אמצא בקרבכם מריבה, קנאה, רוגז אנוכיות, רכלנות, הוצאת־דיבה, יהירות ומבוכה.
21 Mele vɔvɔ̃m hã be nenye be meva la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le miaƒe ŋkume, eye mafa konyi le ame geɖe siwo wɔ nu vɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye, ahasiwɔwɔ kple hadzedze siwo wowɔ la ŋuti la ta.
אכן, אני חושש שמא בשובי אליכם ישפילני אלוהים לפניכם, ואתאבל על רבים מכם אשר חטאו זה מכבר ולא חזרו בתשובה על מעשיהם הבלתי־מוסריים, על זנות וזימה.

< Korintotɔwo 2 12 >