< Korintotɔwo 2 11 >
1 Mexɔ se be miagbɔ dzi ɖi ase nye movinya siwo gblɔm mele na mi. Miɖo to ne magblɔ nye dzimenyawo na mi.
ⲁ̅ⲛⲁⲛⲟⲩⲥ ⲉⲛⲉⲧⲉⲧⲛⲁⲁⲛⲉⲭⲉ ⲙⲙⲟⲓ ⲛⲟⲩⲕⲟⲩⲓ ⲙⲙⲛⲧⲁⲑⲏⲧ ⲁⲗⲗⲁ ⲧⲉⲧⲛⲁⲛⲉⲭⲉ
2 Metsɔ Mawu ƒe ŋuʋaʋã le ŋu ʋãm le mia ŋu; elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, si nye Kristo be mianye eya ɖeka ko tɔ, abe ale si ɖetugbi dzadzɛ tsɔa eƒe lɔlɔ̃ naa ŋutsu si ƒe ŋugbe wodo nɛ la ene.
ⲃ̅ϯⲕⲱϩ ⲅⲁⲣ ⲉⲣⲱⲧⲛ ⲛⲟⲩⲕⲱϩ ⲛⲧⲉ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲁⲓⲥⲃⲧⲱⲧ ⲅⲁⲣ ⲉⲡⲁⲣϩⲓⲥⲧⲁ ⲙⲙⲱⲧⲛ ⲛⲟⲩⲡⲁⲣⲑⲉⲛⲟⲥ ⲉⲥⲟⲩⲁⲁⲃ ⲛⲟⲩϩⲁⲓ ⲛⲟⲩⲱⲧ ⲡⲉⲭⲥ
3 Gake mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu be ɖewohĩ la, ame aɖe ava ble mi, eye wòatrɔ miaƒe susu ɖa tso dzimekɔkɔ si mietsɔ na Kristo gbɔ, abe ale si da dzeaye ma ble Eva ene.
ⲅ̅ϯⲣ ϩⲟⲧⲉ ⲇⲉ ϫⲉ ⲙⲏⲡⲟⲧⲉ ⲛⲑⲉ ⲛⲧⲁⲡϩⲟϥ ⲉⲝⲁⲡⲁⲧⲁ ⲛⲉⲩϩⲁ ϩⲛ ⲧⲉϥⲡⲁⲛⲟⲩⲣⲅⲓⲁ ⲛⲥⲉⲧⲁⲕⲟ ⲛϭⲓ ⲛⲉⲧⲛϩⲏⲧ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲛ ⲧⲙⲛⲧϩⲁⲡⲗⲟⲩⲥ ⲙⲛ ⲡⲧⲃⲃⲟ ⲉⲧϫⲓ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲡⲉⲭⲥ
4 Nu si ta mele esiawo gblɔm lae nye be edze nam be mia beble le bɔbɔe, eye ne ame aɖe va mia gbɔ va ɖe gbeƒã Yesu bubu si to vovo tso esi ŋuti míefia nu mi le la gbɔ alo wòfia nu bubu sãa mi alo ƒo nu tso gbɔgbɔ bubu aɖe si mesɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si miexɔ o ŋuti la, miexɔa ame ma dzi sena bɔbɔe.
ⲇ̅ⲉϣϫⲉ ⲡⲉⲧⲛⲏⲩ ⲅⲁⲣ ⲛⲁⲧⲁϣⲉⲟⲉⲓϣ ⲛⲏⲧⲛ ⲛⲕⲉⲓⲏⲥ ⲉⲙⲡⲉⲛⲧⲁϣⲉⲟⲉⲓϣ ⲙⲙⲟϥ ⲏ ⲧⲉⲧⲛⲁϫⲓ ⲕⲉⲡⲛⲁ ⲉⲙⲡⲉⲧⲛϫⲓⲧϥ ⲏ ⲕⲉⲉⲩⲁⲅⲅⲉⲗⲓⲟⲛ ⲉⲙⲡⲉⲧⲛϣⲟⲡϥ ⲉⲣⲱⲧⲛ ⲉⲓⲉ ⲕⲁⲗⲱⲥ ⲧⲉⲧⲛⲁⲛⲉⲭⲉ
5 Ke nye Paulo mexɔe se be ame siwo nɔa wo ɖokuiwo yɔm be Mawu ƒe ame dɔdɔwo yewonye la menyo wum le mɔ aɖeke nu o.
ⲉ̅ϯⲙⲉⲉⲩⲉ ⲅⲁⲣ ϫⲉ ⲙⲡⲓϣⲱⲱⲧ ⲛⲗⲁⲁⲩ ⲡⲁⲣⲁ ⲛⲛⲟϭ ⲛⲁⲡⲟⲥⲧⲟⲗⲟⲥ
6 Ne nyemeɖea ami ɖe nye nuƒo abe ale si woawo wɔnɛ ene o hã la, menya nu si tututu gblɔm mele elabena Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ me meƒoa nu le abe ale si miawo ŋutɔ mienya ene.
ⲋ̅ⲉϣϫⲉ ⲁⲛⲅ ⲟⲩϩⲓⲇⲓⲱⲧⲏⲥ ⲇⲉ ϩⲙ ⲡϣⲁϫⲉ ⲁⲗⲗⲁ ϩⲙ ⲡⲥⲟⲟⲩⲛ ⲁⲛ ⲁⲗⲗⲁ ϩⲛ ⲟⲩⲟⲉⲓϣ ⲛⲓⲙ ⲁⲛⲟⲩⲟⲛϩⲛ ⲉⲣⲱⲧⲛ ϩⲛ ϩⲱⲃ ⲛⲓⲙ
7 Azɔ esi meva mia gbɔ, eye meɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la na mi le ɖokuibɔbɔɖeanyi blibo me, eye nyemexɔ naneke le mia si o la, eyae nye nu vɔ̃ si mewɔ ɖe mia ŋu eya ta miebum ɖe naneke me oa?
ⲍ̅ⲙⲏ ⲟⲩⲛⲟⲃⲉ ⲡⲉⲛⲧⲁⲓⲁⲁϥ ⲉⲁⲓⲑⲃⲃⲓⲟⲓ ϫⲉⲕⲁⲥ ⲛⲧⲱⲧⲛ ⲉⲧⲉⲧⲛⲉϫⲓⲥⲉ ϫⲉ ⲁⲓⲉⲩⲁⲅⲅⲉⲗⲓⲍⲉ ⲛⲏⲧⲛ ⲙⲡⲉⲩⲁⲅⲅⲉⲗⲓⲟⲛ ⲙⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲛϫⲓⲛϫⲏ
8 Le ɣeyiɣi si me menɔ gbeƒã ɖem le mia gbɔ la, hame bubuwoe nɔ dzinye kpɔm. Ale be wòva zu be mexɔ nu siwo hame bubuwo nam la hetsɔ wɔ dɔe le mia gbɔ.
ⲏ̅ⲁⲓⲥⲩⲗⲁ ⲛϩⲉⲛⲕⲉⲉⲕⲕⲗⲏⲥⲓⲁ ⲁⲓϫⲓ ⲙⲡⲁⲟⲯⲱⲛⲓⲟⲛ ⲉⲉⲓⲇⲓⲁⲕⲟⲛⲓ ⲛⲏⲧⲛ
9 Esi menɔ mia gbɔ, eye nanewo va hiãm la, nyemebia mi o, ke boŋ kristotɔ siwo tso Makedonia va gbɔnye lae tsɔ nu siawo nu vɛ nam. Meɖoe be nyemanye agba na mi o, eya tae nyemebia pesewa ɖeka hã va se ɖe fifia o, eye nyemabia mi hã gbeɖegbeɖe o.
ⲑ̅ⲁⲩⲱ ⲛⲧⲉⲣⲓϣⲱⲱⲧ ⲉⲉⲓϩⲁⲧⲛ ⲧⲏⲩⲧⲛ ⲙⲡⲓⲟⲩⲉϩ ϩⲓⲥⲉ ⲉⲗⲁⲁⲩ ⲡⲁϣⲱⲱⲧ ⲅⲁⲣ ⲁⲛⲉⲥⲛⲏⲩ ϫⲟⲕϥ ⲉⲃⲟⲗ ⲛⲧⲉⲣⲟⲩⲉⲓ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲛ ⲧⲙⲁⲕⲉⲇⲟⲛⲓⲁ ⲁⲩⲱ ϩⲛ ϩⲱⲃ ⲛⲓⲙ ⲁⲓϩⲁⲣⲉϩ ⲉⲣⲟⲓ ⲉⲧⲙϩⲣⲟϣ ⲉⲣⲱⲧⲛ ⲁⲩⲱ ⲟⲛ ϯⲛⲁϩⲁⲣⲉϩ
10 Abe ale si Kristo ƒe nyateƒe la le menye ene la, ame aɖeke mate ŋu atrɔ nye susu sia o, eye mana nɔvi siwo katã le Akaya nutowo me la hã nanya nu le esia ŋuti.
ⲓ̅ⲟⲩⲛ ⲟⲩⲙⲉ ⲛⲧⲉ ⲡⲉⲭⲥ ⲛϩⲏⲧ ϫⲉ ⲙⲡⲉⲓϣⲟⲩϣⲟⲩ ⲛⲁⲱϫⲛ ⲁⲛ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲣⲟⲓ ϩⲛ ⲛⲉⲕⲗⲓⲙⲁ ⲛⲧⲁⲭⲁⲓⲁ
11 Ame aɖe agblɔ be ɖe nyemelɔ̃ mi Kristotɔwo o, eya ta megblɔ esia ɖo, gake mele eme nenema o, elabena Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã nya be melɔ̃ mi vevie.
ⲓ̅ⲁ̅ⲉⲧⲃⲉ ⲟⲩ ϫⲉ ϯⲙⲉ ⲙⲙⲱⲧⲛ ⲁⲛ ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲡⲉⲧⲥⲟⲟⲩⲛ
12 Ke mawɔ nu si meɖo la dzi be matsɔ ɖe ke le miaƒe apostolo siwo le adegbe ƒom be yewo hã Mawu ƒe dɔ ko wɔm yewole abe míawo ke ene la te.
ⲓ̅ⲃ̅ⲡⲉϯⲉⲓⲣⲉ ⲇⲉ ⲙⲙⲟϥ ϯⲛⲁⲁⲁϥ ⲟⲛ ϫⲉⲕⲁⲥ ⲉⲓⲉϭⲱϫⲉ ⲉⲃⲟⲗ ⲛⲧⲁⲫⲟⲣⲙⲏ ⲛⲛⲉⲧⲟⲩⲉϣⲁⲫⲟⲣⲙⲏ ϫⲉ ⲉⲩⲉϩⲉ ⲉⲣⲟⲟⲩ ϩⲙ ⲡⲉⲧⲟⲩϣⲟⲩϣⲟⲩ ⲙⲙⲟⲟⲩ ⲛϩⲏⲧϥ ⲛⲧⲉⲛϩⲉ ϩⲱⲱⲛ
13 Nenɔ nyanya me na mi be menye Mawue dɔ aʋatsopostolo mawo o. Alakpatɔwo wonye, eye wodze agbagba ble mi be Kristo ƒe apostolowo yewonye.
ⲓ̅ⲅ̅ⲛⲁⲓ ⲅⲁⲣ ⲛⲧⲉⲉⲓⲙⲓⲛⲉ ϩⲉⲛⲁⲡⲟⲥⲧⲟⲗⲟⲥ ⲛⲛⲟⲩϫ ⲛⲉ ϩⲉⲛⲉⲣⲅⲁⲧⲏⲥ ⲛⲕⲣⲟϥ ⲛⲉ ⲉⲩϫⲓϩⲣⲃ ϩⲱⲥ ⲁⲡⲟⲥⲧⲟⲗⲟⲥ ⲙⲡⲉⲭⲥ
14 Esia mewɔ nuku nam o, elabena Satana ŋutɔ hã tea ŋu trɔa eɖokui ɣe aɖewo ɣi abe Mawudɔla ene.
ⲓ̅ⲇ̅ⲁⲩⲱ ⲛⲟⲩϣⲡⲏⲣⲉ ⲁⲛ ⲧⲉ ⲛⲧⲟϥ ⲅⲁⲣ ⲡⲥⲁⲧⲁⲛⲁⲥ ϣⲁϥϫⲓϩⲣⲃ ϩⲱⲥ ⲁⲅⲅⲉⲗⲟⲥ ⲛⲧⲉ ⲡⲟⲩⲟⲉⲓⲛ
15 Eya ta menye nu wɔnuku aɖeke wònye kura be Satana ƒe dɔlawo trɔ wo ɖokuiwo abe Kristo ƒe dɔlawo ene o, gake le nuwuwu la, woahe to na wo ɖe woƒe nuwɔnawo ta.
ⲓ̅ⲉ̅ⲛⲟⲩⲛⲟϭ ⲁⲛ ϭⲉ ⲡⲉ ⲉϣϫⲉ ⲛⲉϥⲕⲉⲇⲓⲁⲕⲟⲛⲟⲥ ϫⲓϩⲣⲃ ϩⲱⲥ ⲇⲓⲁⲕⲟⲛⲟⲥ ⲛⲧⲉ ⲧⲇⲓⲕⲁⲓⲟⲥⲩⲛⲏ ⲛⲁⲓ ⲉⲣⲉⲧⲉⲩϩⲁⲏ ⲛⲁϣⲱⲡⲉ ⲕⲁⲧⲁ ⲛⲉⲩϩⲃⲏⲩⲉ
16 Megale kuku ɖem na mi be migabu be ɖe nyemenya ale si maƒo nu abe ame mawo ene o, eye nenye be nyemenya ale si maƒo nu abe woawo ene o hã la, miɖe mɔ nam be maƒo nu abe abunɛtɔ ene, eye nye hã maƒo adegbe vie abe woawo ene.
ⲓ̅ⲋ̅ϯⲛⲁϫⲟⲟⲥ ⲟⲛ ⲙⲡⲣⲧⲣⲉ ⲟⲩⲁ ⲙⲉⲉⲩⲉ ⲉⲣⲟⲓ ϫⲉ ⲁⲛⲅ ⲟⲩⲁⲑⲏⲧ ⲉϣϫⲉ ⲙⲙⲟⲛ ⲕⲁⲛ ϣⲟⲡⲧ ⲉⲣⲱⲧⲛ ϩⲱⲥ ⲁⲑⲏⲧ ϫⲉⲕⲁⲥ ⲉⲓⲉϣⲟⲩϣⲟⲩ ⲙⲙⲟⲓ ⲛⲟⲩϣⲏⲙ
17 Adegbe sia ƒoƒo kple kakaɖedzi menye nu si Aƒetɔ la di tso asinye be mawɔ o, gake mele eƒo ge abe ale si ame tagbɔmanɔsitɔ ƒoa nue ene.
ⲓ̅ⲍ̅ⲡⲉϯϫⲱ ⲙⲙⲟϥ ⲛⲉⲓϫⲱ ⲙⲙⲟϥ ⲁⲛ ⲕⲁⲧⲁ ⲡϫⲟⲉⲓⲥ ⲁⲗⲗⲁ ϩⲱⲥ ϩⲛ ⲟⲩⲙⲛⲧⲁⲑⲏⲧ ϩⲙ ⲡⲧⲁϫⲣⲟ ⲙⲡϣⲟⲩϣⲟⲩ
18 Abe ale si ame geɖewo ƒoa adegbe be yewonye ame tɔxɛwo le xexea me ene la, nenema ke nye hã mele wɔwɔ ge fifi laa.
ⲓ̅ⲏ̅ⲉⲃⲟⲗ ϫⲉ ⲟⲩⲛ ϩⲁϩ ϣⲟⲩϣⲟⲩ ⲙⲙⲟⲟⲩ ⲕⲁⲧⲁ ⲥⲁⲣⲝ ϯⲛⲁϣⲟⲩϣⲟⲩ ϩⲱ ⲙⲙⲟⲓ
19 Miebe nunyalawoe yewonye, gake mieɖoa to bometsinyawo dzidzɔtɔe.
ⲓ̅ⲑ̅ⲧⲉⲧⲛⲁⲛⲉⲭⲉ ⲅⲁⲣ ⲉϩⲛⲏⲧⲛ ⲛⲛⲓⲁⲑⲏⲧ ⲛⲧⲉⲧⲛ ϩⲉⲛⲥⲁⲃⲉⲉⲩ
20 Mielɔ̃ wotsɔ mi wɔ kluviwoe, woɖoa nu siwo menyo o la na mi miewɔna, wona miekpɔ wo dzi, wowɔa wo ɖokuiwo glodzoo eye wokaa mo na mi ɖe madzɔmadzɔ dzi gake miekea nu o.
ⲕ̅ⲧⲉⲧⲛⲁⲛⲉⲭⲉ ⲅⲁⲣ ⲙⲡⲉⲧⲉⲝⲁⲡⲁⲧⲁ ⲙⲙⲱⲧⲛ ⲙⲡⲉⲧⲕⲕⲧⲟ ⲉⲃⲟⲗ ⲙⲡⲉⲧⲉⲓⲣⲉ ⲙⲙⲱⲧⲛ ⲛϩⲙϩⲁⲗ ⲙⲡⲉⲧⲟⲩⲱⲙ ⲙⲡⲉⲧϫⲓ ⲙⲡⲉⲧϫⲓⲥⲉ ⲙⲙⲟϥ ⲙⲡⲉⲧϩⲓⲟⲩⲉ ⲉϩⲟⲩⲛ ⲉⲡⲉⲧⲛϩⲟ
21 Enye ŋukpe nam be magblɔ be dzideƒo kple ŋusẽ mele asinye be maƒo nu nenema o, ke nu sia nu si ŋu woaƒo adegbe le la nye hã mate ŋu aƒo adegbe le nenem nu ma ŋu, eye enye dada nam be megale nu ƒom abe bometsila ene.
ⲕ̅ⲁ̅ⲉⲓϫⲱ ⲙⲙⲟⲥ ⲕⲁⲧⲁⲟⲩⲥⲱϣ ϩⲱⲥ ϩⲟⲧⲓ ϫⲉ ⲁⲛⲟⲛ ⲁⲛϭⲃⲃⲉ ϩⲙ ⲡⲉⲧⲉⲣⲉ ⲟⲩⲁ ⲇⲉ ⲛⲁⲧⲟⲗⲙⲁ ⲛϩⲏⲧϥ ϩⲛ ⲟⲩⲙⲛⲧⲁⲑⲏⲧ ⲉⲉⲓϫⲱ ⲙⲙⲟⲥ ϯⲛⲁⲧⲟⲗⲙⲁ ϩⲱ
22 Woƒoa adegbe be Hebritɔwo yewonye, nye hã Hebritɔ menye. Wobe Israelviwo yewonye, nye hã Israelvi menye, eye wobe Abraham ƒe dzidzimeviwoe yewonye, nye hã Abraham ƒe dzidzimevie menye.
ⲕ̅ⲃ̅ϩⲉⲛϩⲉⲃⲣⲁⲓⲟⲥ ⲛⲉ ⲁⲛⲅ ⲟⲩⲁ ϩⲱ ϩⲉⲛⲓⲥⲣⲁⲏⲗⲓⲧⲏⲥ ⲛⲉ ⲁⲛⲅ ⲟⲩⲁ ϩⲱ ⲡⲉⲥⲡⲉⲣⲙⲁ ⲛⲁⲃⲣⲁϩⲁⲙ ⲛⲉ ⲁⲛⲟⲕ ϩⲱ
23 (Megale nu ƒom dadatɔe abe ame si ƒe tagbɔ da ene.) Wobe Kristo ƒe subɔlawo yewonyea? Gake mesubɔa Kristo wu wo katã, eye mewɔ dɔ wu wo elabena le Kristo ta wodem gaxɔ me zi geɖe, woƒom kutɔkutɔe, eye ɣe aɖewo ɣi gɔ̃ hã la, medea tsiẽƒe gagbɔna.
ⲕ̅ⲅ̅ϩⲉⲛⲇⲓⲁⲕⲟⲛⲟⲥ ⲙⲡⲉⲭⲥ ⲛⲉ ⲉⲉⲓϫⲱ ⲙⲙⲟⲥ ϩⲛ ⲟⲩⲙⲛⲧⲁⲑⲏⲧ ⲁⲛⲅ ⲟⲩⲁ ⲉϩⲟⲩⲉⲣⲟⲟⲩ ϩⲛ ϩⲉⲛϩⲓⲥⲉ ⲉϩⲟⲩⲉⲣⲟⲟⲩ ϩⲛ ϩⲉⲛϣⲧⲉⲕⲱⲟⲩ ⲉϩⲟⲩⲉⲣⲟⲟⲩ ϩⲛ ϩⲉⲛⲥⲏϣⲉ ⲉⲛⲁϣⲱⲟⲩ ϩⲛ ϩⲉⲛⲙⲟⲩ ⲛϩⲁϩ ⲛⲥⲟⲡ
24 Yudatɔwo ƒom zi atɔ̃ sɔŋ eye le ƒoƒo ɖe sia ɖe me la, woƒom zi blaetɔ̃-vɔ-asiekɛ.
ⲕ̅ⲇ̅ⲉⲃⲟⲗ ϩⲓ ⲧⲟⲟⲧⲟⲩ ⲛⲛⲓⲟⲩⲇⲁⲓ ⲁⲓϫⲓ ϩⲙⲉ ⲛⲥⲁϣ ϣⲁⲧⲛⲟⲩⲁ ⲛϯⲟⲩ ⲛⲥⲟⲡ
25 Romatɔwo hã ƒom zi etɔ̃ kple gakawo, eye woƒu kpem zi ɖeka. Menɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃ sɔŋ; ɣe aɖe ɣi gɔ̃ hã la, mege dze atsiaƒu me, eye menɔ atsiaƒu gbana la me zã ɖeka kple ŋkeke ɖeka.
ⲕ̅ⲉ̅ⲁⲩϩⲓⲟⲩⲉ ⲉⲣⲟⲓ ⲛⲛϭⲉⲣⲟⲟⲃ ⲛϣⲙⲧⲥⲱⲱⲡ ⲁⲩϩⲓⲱⲛⲉ ⲉⲣⲟⲓ ⲛⲟⲩⲥⲟⲡ ⲁⲡϫⲟⲓ ⲃⲱⲕ ϩⲁⲣⲟⲓ ⲛϣⲙⲧⲥⲱⲱⲡ ⲁⲓⲣⲟⲩϩⲟⲟⲩ ⲙⲛ ⲟⲩⲟⲩϣⲏ ϩⲙ ⲡⲛⲟⲩⲛ
26 Mezɔ mɔ didi teɖeɖiameŋu geɖewo, eye nye agbe ɖo xaxa me le tɔɖɔɖɔ, fiafitɔwo, Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo ta. Le nyateƒe me la, meto dzɔgbevɔ̃ewo me le afi sia afi si mede la, le du gãwo me, gbedzi kple ƒu dzi siaa. Nenema ke ame siwo be yewonye nɔviwo le Kristo me, evɔ mele eme nenema o hã do ŋɔdzi na nye agbe.
ⲕ̅ⲋ̅ϩⲛ ϩⲉⲛϩⲓⲏ ⲙⲙⲟⲟϣⲉ ⲛϩⲁϩ ⲛⲥⲟⲡ ϩⲛ ⲛⲕⲓⲛⲇⲩⲛⲟⲥ ⲛⲉⲓⲉⲣⲱⲟⲩ ϩⲛ ⲛⲕⲓⲛⲇⲩⲛⲟⲥ ⲛⲛⲥⲟⲟⲛⲉ ϩⲛ ⲛⲕⲓⲛⲇⲩⲛⲟⲥ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲙ ⲡⲁⲅⲉⲛⲟⲥ ϩⲛ ⲛⲕⲓⲛⲇⲩⲛⲟⲥ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲛ ⲛϩⲉⲑⲛⲟⲥ ϩⲛ ⲛⲕⲓⲛⲇⲩⲛⲟⲥ ⲛⲧⲡⲟⲗⲓⲥ ϩⲛ ⲛⲕⲓⲛⲇⲩⲛⲟⲥ ⲙⲡϫⲁⲉⲓⲉ ϩⲛ ⲛⲕⲓⲛⲇⲩⲛⲟⲥ ⲛⲑⲁⲗⲁⲥⲥⲁ ϩⲛ ⲛⲕⲓⲛⲇⲩⲛⲟⲥ ϩⲛ ϩⲉⲛⲥⲛⲏⲩ ⲛⲛⲟⲩϫ
27 Le dɔwɔwɔ fũu ta la, ɖeɖi tea ŋunye, eye metsi zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe. Dɔ kple tsikɔ wuam zi geɖe. Dɔƒe hã menɔa asinye o, eye le zã me la, vuvɔ wɔam, elabena avɔ titri menɔ asinye o.
ⲕ̅ⲍ̅ϩⲛ ⲟⲩϩⲓⲥⲉ ⲙⲛ ⲟⲩⲙⲕⲁϩ ϩⲛ ϩⲉⲛⲟⲩϣⲏ ⲛⲣⲟⲉⲓⲥ ⲛϩⲁϩ ⲛⲥⲟⲡ ϩⲛ ⲟⲩϩⲕⲟ ⲙⲛ ⲟⲩⲉⲓⲃⲉ ϩⲛ ϩⲉⲛⲛⲏⲥⲧⲓⲁ ⲉⲛⲁϣⲱⲟⲩ ϩⲛ ⲟⲩϫⲁϥ ⲙⲛ ⲟⲩⲕⲱⲕⲁϩⲏⲩ
28 Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, metsina dzodzodzoe enuenu tso hamewo ƒe tsitsi ɖe edzi ŋuti.
ⲕ̅ⲏ̅ⲭⲱⲣⲓⲥ ⲛⲉⲧϩⲓⲃⲟⲗ ⲛⲉⲧⲛⲏⲩ ⲉϫⲱⲓ ⲙⲙⲏⲛⲉ ⲛⲣⲟⲟⲩϣ ⲛⲛⲉⲕⲕⲗⲏⲥⲓⲁ ⲧⲏⲣⲟⲩ
29 Ne ame aɖe le hame aɖe me si gbɔdzɔ la, etena ɖe dzinye, eye nye hã megbɔdzɔna enumake eye ne hamevi aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wòdze anyi la, enana be nuxaxa yɔa nye dzi me.
ⲕ̅ⲑ̅ⲛⲓⲙ ⲡⲉⲧϣⲱⲛⲉ ⲉⲛϯϣⲱⲛⲉ ⲁⲛ ⲛⲙⲙⲁϥ ⲛⲓⲙ ⲡⲉϣⲁϥⲥⲕⲁⲛⲇⲁⲗⲓⲍⲉ ⲁⲩⲱ ⲁⲛⲟⲕ ⲉⲙⲉⲉⲓϫⲉⲣⲟ
30 Azɔ ne medi be maƒo adegbe la, ɖeko maƒoe le nu siwo nana be ŋusẽ mele ŋunye o la ŋu.
ⲗ̅ⲉϣϫⲉ ϣϣⲉ ⲉϣⲟⲩϣⲟⲩ ⲉⲉⲓⲛⲁϣⲟⲩϣⲟⲩ ⲙⲙⲟⲓ ϩⲛ ⲛⲁⲧⲁⲥⲑⲉⲛⲓⲁ
31 Mawu, ame si nye Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, eye wòdze kafukafu tso mavɔ me yi mavɔ me la hã nya be nyateƒe gblɔm mele. (aiōn )
ⲗ̅ⲁ̅ⲡⲛⲟⲩⲧⲉ ⲁⲩⲱ ⲡⲉⲓⲱⲧ ⲙⲡⲉⲛϫⲟⲉⲓⲥ ⲓⲏⲥ ⲥⲟⲟⲩⲛ ⲡⲉⲧⲥⲙⲁⲙⲁⲁⲧ ϣⲁ ⲛⲓⲉⲛⲉϩ ϫⲉ ⲛϯϫⲓϭⲟⲗ ⲁⲛ (aiōn )
32 Esi menɔ Damasko la, fia Areta ɖo asrafowo dua ƒe agbowo nu be woalém,
ⲗ̅ⲃ̅ϫⲉ ϩⲣⲁⲓ ϩⲛ ⲇⲁⲙⲁⲥⲕⲟⲥ ⲁⲡϩⲉⲑⲛⲁⲣⲭⲏⲥ ⲛⲧⲉ ⲁⲣⲉⲧⲁ ⲡⲣⲣⲟ ϩⲁⲣⲉϩ ⲉⲧⲡⲟⲗⲓⲥ ⲛⲇⲁⲙⲁⲥⲕⲟⲥ ⲉϭⲟⲡⲧ
33 gake nɔvi siwo le afi ma la de ka kusi ŋu, eye wokɔm da ɖe kusi la me hetsɔ to fesre si le glia me la me, eye mesi dzo le egbɔ.
ⲗ̅ⲅ̅ⲁⲩⲱ ⲉⲃⲟⲗ ϩⲓⲧⲛ ⲟⲩϣⲟⲩϣⲧ ϩⲛ ⲟⲩⲥⲁⲣⲅⲁⲛⲏ ⲁⲩⲭⲁⲗⲁ ⲙⲙⲟⲓ ⲡⲃⲟⲗ ⲙⲡⲥⲟⲃⲧ ⲁⲓⲣⲃⲟⲗ ⲉⲛⲉϥϭⲓϫ