< Korintotɔwo 2 10 >

1 Azɔ la, nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi kple dzigbɔɖi kple tufafa abe ale si Kristo ŋutɔ awɔ ene. Ke mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, ne mele adzɔge la, nye nya dzi “sesẽna”, gake ne meva yewo gbɔ ko la, menɔa anyi abe “vɔvɔ̃nɔtɔ” ene.
αυτος δε εγω παυλος παρακαλω υμας δια της πραοτητος και επιεικειας του χριστου ος κατα προσωπον μεν ταπεινος εν υμιν απων δε θαρρω εις υμας
2 Mele kuku ɖem na mi be migana makplɔ mi kple asi sesẽ ne meva mia gbɔ o. Menya be ŋusẽ le asinye mazã ɖe ame siwo buna le mia dome be amegbetɔ ƒe nunya kple ŋusẽ ko metsɔ le dɔ wɔmii la dzi, gake nyemedi be mawɔ alea o.
δεομαι δε το μη παρων θαρρησαι τη πεποιθησει η λογιζομαι τολμησαι επι τινας τους λογιζομενους ημας ως κατα σαρκα περιπατουντας
3 Enye nyateƒe be míele ŋutilã me zɔm gake, míewɔa aʋa le ŋutilã nu o.
εν σαρκι γαρ περιπατουντες ου κατα σαρκα στρατευομεθα
4 Menye amegbetɔwo ƒe aʋawɔnuwo míezãna o, ke boŋ Mawu ƒe ŋusẽ si tri akɔ wu nu sia nu lae míetsɔna ɖua Abosam ƒe ŋusẽwo katã dzi.
τα γαρ οπλα της στρατειας ημων ου σαρκικα αλλα δυνατα τω θεω προς καθαιρεσιν οχυρωματων
5 Míetsɔa Mawu ƒe ŋusẽ sia ɖua nya vlo siwo katã amegbetɔwo gblɔna ɖe Mawu ŋuti la dzi, eye eyae míetsɔna gbãa nugɔmemasemase ƒe gli si wòtu ƒo xlã amewo be woagadze si Mawu o. Eye to ŋusẽ sia me la, míeléa ame si dze aglã ɖe Mawu ŋuti la kluvii be wòatrɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye míetrɔa eƒe susuwo be wòaɖo to Kristo.
λογισμους καθαιρουντες και παν υψωμα επαιρομενον κατα της γνωσεως του θεου και αιχμαλωτιζοντες παν νοημα εις την υπακοην του χριστου
6 Eye míele dzadzraɖo me be ne miaƒe toɖoɖo made blibo o la, ekema míahe to na ame siwo me aglãdzegbɔgbɔ gale la.
και εν ετοιμω εχοντες εκδικησαι πασαν παρακοην οταν πληρωθη υμων η υπακοη
7 Nu si le fu ɖem na mi lae nye be mietsɔ ameŋkumekpɔkpɔ ɖo dɔe, eye miele nye hã kpɔm be ŋusẽ aɖeke mele ŋunye o. Ke medi be miase egɔme be ne ame aɖe ate ŋu agblɔ be Kristo ƒe ŋusẽ le ye si tututu la, míawo hã míate ŋu agblɔ esia.
τα κατα προσωπον βλεπετε ει τις πεποιθεν εαυτω χριστου ειναι τουτο λογιζεσθω παλιν αφ εαυτου οτι καθως αυτος χριστου ουτως και ημεις χριστου
8 Ɖewohĩ la, awɔ na mi abe ɖe mele adegbe ƒom akpa le Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ si wònam la ta ene, gake nye la, menye ŋukpe nam o, elabena ɖe wòna ŋusẽ siam be matsɔ tu mi ɖe edzi, menye be matsɔ agblẽ nu le mia ŋu o.
εαν τε γαρ και περισσοτερον τι καυχησωμαι περι της εξουσιας ημων ης εδωκεν ο κυριος ημιν εις οικοδομην και ουκ εις καθαιρεσιν υμων ουκ αισχυνθησομαι
9 Nyemedi be miabu be ɖeko mele vɔvɔ̃ dom na mi kple nye agbalẽwo o.
ινα μη δοξω ως αν εκφοβειν υμας δια των επιστολων
10 Mia dometɔ aɖewo gblɔ be, “Ne ele adzɔge la, eyae wòŋlɔa agbalẽ nɔa ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ dom na ame, gake ne eya ŋutɔ va la, megatea ŋu gblɔa nya mawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ eƒoa nu abe ɖevi ene.”
οτι αι μεν επιστολαι φησιν βαρειαι και ισχυραι η δε παρουσια του σωματος ασθενης και ο λογος εξουθενημενος
11 Ke medi be ame siwo le nya mawo gblɔm la, nadzra ɖo ɖi, elabena ne míeva la, ŋusẽ si míetsɔ ŋlɔ agbalẽawo la, míele eɖe ge afia wo.
τουτο λογιζεσθω ο τοιουτος οτι οιοι εσμεν τω λογω δι επιστολων αποντες τοιουτοι και παροντες τω εργω
12 Míedi be míawɔ abe ale si mia dometɔ aɖewo wɔna nɔa wo ɖokuiwo kafum eye wonɔa nya ʋlim le wo ɖokuiwo dome be ame kae nye gãtɔ hã o. Nu siawo katã nye movidzɔdzɔ be miadi be yewoakpɔ be, ame kae nye gãtɔ wu le yewo dome hã?
ου γαρ τολμωμεν εγκριναι η συγκριναι εαυτους τισιν των εαυτους συνιστανοντων αλλα αυτοι εν εαυτοις εαυτους μετρουντες και συγκρινοντες εαυτους εαυτοις ου συνιουσιν
13 Ke míawo la, míaƒo adegbe le nu si le mía si la ko ŋu; míaƒo adegbe le dɔ si Mawu de mía si be míawɔ, eye esi míewɔ le mia dome la koe nye míaƒe taɖodzinu.
ημεις δε ουχι εις τα αμετρα καυχησομεθα αλλα κατα το μετρον του κανονος ου εμερισεν ημιν ο θεος μετρου εφικεσθαι αχρι και υμων
14 Míedze agɔ ne míegblɔ be ŋusẽ le mía si ɖe mia dzi o, elabena míawoe nye ame gbãtɔ siwo tsɔ Kristo ƒe nyanyui la vɛ na mi.
ου γαρ ως μη εφικνουμενοι εις υμας υπερεκτεινομεν εαυτους αχρι γαρ και υμων εφθασαμεν εν τω ευαγγελιω του χριστου
15 Eye menye ɖe míele didim be míaƒo adegbe le ame bubu ƒe dɔ si wòwɔ le mia dome la ta o, ke míaƒe didi vevie nye be miaƒe xɔse natsi ɖe edzi be míate ŋu awɔ dɔ gãwo le mia dome le ɖoɖo si wona mí la nu.
ουκ εις τα αμετρα καυχωμενοι εν αλλοτριοις κοποις ελπιδα δε εχοντες αυξανομενης της πιστεως υμων εν υμιν μεγαλυνθηναι κατα τον κανονα ημων εις περισσειαν
16 Le esia megbe la, miate ŋu akpɔ mɔ atsɔ Kristo ƒe nyanyui la ayii na dukɔ siwo le adzɔge le mia gbɔ afi si ame aɖeke mede haɖe o, be woawo hã nadze si Kristo. Ale be ame aɖeke magagblɔ be yee nye ame gbãtɔ si tsɔ nyanyui la yi du ma me hafi míeva o.
εις τα υπερεκεινα υμων ευαγγελισασθαι ουκ εν αλλοτριω κανονι εις τα ετοιμα καυχησασθαι
17 Mawunya gblɔe be, “Ame sia ame si di be yeaƒo adegbe la naƒoe le nu si Aƒetɔ la wɔ la ko ŋu.”
ο δε καυχωμενος εν κυριω καυχασθω
18 Elabena ame si ƒoa adegbe le eya ŋutɔ ƒe dɔwo ŋuti la medzea Aƒetɔ la ŋu o, ke ame si ƒe dɔwɔwɔ ŋu Aƒetɔ la kpɔ ŋudzedze nyui le lae nye dɔwɔla nyuitɔ.
ου γαρ ο εαυτον συνιστων εκεινος εστιν δοκιμος αλλ ον ο κυριος συνιστησιν

< Korintotɔwo 2 10 >