< Kronika 2 1 >

1 Solomo, David ƒe vi li ke eɖokui sesĩe ɖe eƒe fiaɖuɖu la me elabena Yehowa, eƒe Mawu la li kplii eye wòna eƒe ŋkɔ de dzi ŋutɔ.
And Solomon the son of David was established over his kingdom, and the Lord his God was with him, and increased him exceedingly.
2 Tete Solomo ƒo nu na Israel blibo la, na asrafo akpewo kple asrafo alafawo dzi kpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple kplɔlawo katã le Israel kple ƒometatɔwo
And Solomon spoke to all Israel, to the captains of thousands, and to the captains of hundreds, and to the judges, and to all the rulers over Israel, even the heads of the families;
3 eye Solomo kple ameha blibo la yi vɔsaƒe si le Gibeon. Mawu ƒe agbadɔ si Mose, Yehowa ƒe dɔla tu le gbedzi la nɔ afi ma.
and Solomon and all the congregation went to the high place that was in Gabaon, where was God's tabernacle of witness, which Moses the servant of the Lord made in the wilderness.
4 Fia David va tu agbadɔ aɖe emegbe ɖe Yerusalem na Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye wòtsɔe tso Kiriat Yearim va afi si wòdzra ɖo ɖi nɛ.
But David had brought up the ark of God out of the city of Cariathiarim; for David had prepared a place for it, for he had pitched a tabernacle for it in Jerusalem.
5 Ke akɔblivɔsamlekpui si Bezalel, Uri ƒe viŋutsu, ame si nye Hur ƒe viŋutsu wɔ la nɔ Gibeon le Yehowa ƒe agbadɔ la ƒe ŋgɔgbe ale Solomo kple ameawo bia eta le afi ma.
And the brazen altar which Beseleel the son of Urias, the son of Or, had made, was there before the tabernacle of the Lord: and Solomon and the congregation enquired at it.
6 Solomo yi akɔblivɔsamlekpui la gbɔ le Yehowa ŋkume le agbadɔ la me eye wòsa numevɔ akpe ɖeka ɖe edzi.
And Solomon brought [victims] there to the brazen altar that was before the Lord in the tabernacle, and offered upon it a thousand whole burnt offerings.
7 Le zã ma me la, Mawu ɖe eɖokui fia Solomo eye wògblɔ nɛ be, “Bia nu sia nu si dze ŋuwò la eye matsɔe ana wò!”
In that night God appeared to Solomon, and said to him, Ask what I shall give you.
8 Solomo ɖo eŋu be, “Oo Mawu, ève fofonye, David nu ŋutɔ eye azɔ la, ètsɔ fiaɖuƒe la nam.
And Solomon said to God, You have dealt very mercifully with my father David, and have made me king in his stead.
9 Esia koe nye nu si mehiã elabena èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye, David la dzi eye nètsɔm ɖo Fiae ɖe dukɔ si me viwo sɔ gbɔ abe anyigbadzike ene la dzi!
And now, O Lord God, let, I pray you, your name be established upon David my father; for you have made me king over a people numerous as the dust of the earth.
10 Azɔ la, na nunya kple sidzedzem be maɖu nye amewo dzi nyuie elabena ame ka ate ŋu aɖu dukɔ gã sia tɔgbi abe wò dukɔ la ene dzi le eɖokui si?”
Now give me wisdom and understanding, that I may go out and come in before this people: for who shall judge this your great people?
11 Mawu ɖo eŋu be, “Esi wò didi gãtɔe nye be yeakpe ɖe yeƒe amewo ŋu eye mèbia kesinɔnuwo kple bubu na ɖokuiwò o, mèbia be maƒo fi de yeƒe futɔwo o eye mèbia agbe didi na ɖokuiwò o, ke boŋ èbia nunya kple sidzedze be, yeakplɔ yeƒe amewo nyuie ta la,
And God said to Solomon, Because this was in your heart, and you have not asked great wealth, nor glory, nor the life of your enemies, and you have not asked long life; but have asked for yourself wisdom and understanding, that you might judge my people, over whom I have made you king:
12 matsɔ nunya kple sidzedze si nèbia la na wò! Hekpe ɖe esiawo ŋu la, matsɔ kesinɔnuwo, ga kple bubu si tɔgbi nyemena fia aɖeke kpɔ haɖe o la, na wò! Gawu la, fia gã sia tɔgbi aɖeke maganɔ anyi akpɔ gbeɖe le xexe blibo la me o!”
I give you this wisdom and understanding; and I will give you wealth, and riches, and glory, so that there shall not have been [any] like you amongst the kings before you, neither shall there be such after you.
13 Azɔ la, Solomo dzo le agbadɔ la me, eɖi tso togbɛ la dzi le Gibeon heyi Yerusalem be yeaɖu Israel dzi.
And Solomon came from the high place that was in Gabaon to Jerusalem, [from] before the tabernacle of witness, and reigned over Israel.
14 Eƒo tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene kple sɔdola akpe wuieve nu ƒu be woadzɔ du siwo me tasiaɖamwo le la ŋu, togbɔ be woda ɖewo ɖe fia la gbɔ le Yerusalem hã.
And Solomon collected chariots and horsemen: and he had fourteen hundred chariots, and twelve thousand horsemen: and he set them in the cities of chariots, and the people [were] with the king in Jerusalem.
15 Le Fia Solomo ƒe fiaɖuɣi la, klosalo kple sika bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene.
And the king made silver and gold in Jerusalem [to be] as stones, and cedars in Judea as sycamores in the plain for multitude.
16 Solomo dɔ sɔsitsalawo ɖe Egipte kple Kue be woaƒle sɔhawo vɛ. Fia la ƒe asitsalawo ƒlea wo tso Kue.
And Solomon imported horses from Egypt, and the charge of the king's merchants for going [was as follows], and they traded,
17 Wodɔ tasiaɖam tso Egipte esi ƒe asie nye klosaloga kilogram adre kple sɔ si ƒe asie nye, klosaloga kilogram ɖeka kple afã. Woawo hã dzraa wo na dutafiawo, ame siwo nye Hititɔwo kple Aramtɔwo ƒe fiawo.
and went and brought out of Egypt a chariot for six hundred [pieces] of silver, and a horse for a hundred and fifty [pieces] of silver: and so they brought for all the kings of the Chettites, and for the kings of Syria by their means.

< Kronika 2 1 >