< Kronika 2 9 >
1 Esi Seba fianyɔnu se ale si Fia Solomo ƒe ŋkɔ ɖi hoo la, eva Yerusalem be yeadoe akpɔ kple biabia sesẽwo. Ekplɔ eŋume kple subɔla geɖewo ɖe asi eye wòtsɔ atike ʋeʋĩwo, sika kple kpe xɔasiwo ɖe kposɔ geɖewo dzi vɛ fũu eye wòƒo nu kple fia la tso nu siwo katã nɔ eƒe susu me la ŋuti.
Now when the queen of Sheba heard about the fame of Solomon, she came to test him with difficult questions. She arrived in Jerusalem with a very large caravan—with camels bearing spices, gold in abundance, and precious stones. So she came to Solomon and spoke with him about all that was on her mind.
2 Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, naneke menɔ ɣaɣla ɖi o. Enya nu sia nu eye wòte ŋu ɖe nu sia nu me nɛ.
And Solomon answered all her questions; nothing was too difficult for him to explain.
3 Esi fianyɔnu la kpɔ ale si gbegbe Solomo nya nu, ale si eƒe fiasã la nyoe,
When the queen of Sheba saw the wisdom of Solomon, the palace he had built,
4 nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku.
the food at his table, the seating of his servants, the service and attire of his attendants and cupbearers, and the burnt offerings he presented at the house of the LORD, it took her breath away.
5 Seba fianyɔnu la gblɔ na fia la be, “Nutsotso siwo katã mese le nye ŋutɔ nye dukɔ me tso wò dzidzedzekpɔkpɔwo kple wò nunya ŋu la nye nyateƒe.
She said to the king, “The report I heard in my own country about your words and wisdom is true.
6 Nyemexɔe se o va se ɖe esime meva ɖo afi sia eye mekpɔe kple nye ŋutɔ nye ŋkuwo. Le nyateƒe me la, womegblɔ ale si wò nunya de ŋgɔe la ƒe afã gɔ̃ hã nam o. Ekɔ gbɔ nutsotso siwo mese la ŋu sasasa.
But I did not believe the reports until I came and saw with my own eyes. Indeed, not half of the greatness of your wisdom was told to me. You have far exceeded the report I heard.
7 Wò amewo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, dzidzɔ ka gbegbe wò dɔnunɔla siwo tsia tsitre ɖe wò ŋkume ɣe sia ɣi eye wosea wò nunya la makpɔ o!
How blessed are your men! How blessed are these servants of yours who stand continually before you and hear your wisdom!
8 Woakafu Yehowa, wò Mawu la ame si ŋu wò nu nyo eye wòtsɔ wò da ɖe eƒe fiazikpui dzi be nànye fia, anɔ Yehowa, wò Mawu la teƒe le lɔlɔ̃ si wò Mawu tsɔ na Israel kple eƒe didi be yealé wo ɖe asi ɖaa ta la, eɖo wò Fiae ɖe wo nu be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye nàhe dzɔdzɔenyenye vɛ.”
Blessed be the LORD your God, who has delighted in you to set you on His throne to be king for the LORD your God. Because your God loved Israel enough to establish them forever, He has made you king over them to carry out justice and righteousness.”
9 Tete Seba fianyɔnu la tsɔ sika tɔn ene, atikeʋeʋĩ gbogbo aɖewo kple kpe xɔasiwo na fia la. Ame aɖeke metsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ kpɔ nenema abe esiwo Seba fianyɔnu la tsɔ na Fia Solomo ene o.
Then she gave the king 120 talents of gold, a great quantity of spices, and precious stones. There had never been such spices as those the queen of Sheba gave to King Solomon.
10 Fia Hiram kple Solomo ƒe tɔdziʋukulawo tsɔ sika si tso Ofir kple papawuti kple kpe xɔasi geɖewo hã vɛ.
(The servants of Hiram and of Solomon who brought gold from Ophir also brought algum wood and precious stones.
11 Fia Solomo tsɔ papawutiwo wɔ atrakpuiwo na gbedoxɔ la kple fiasã la kple kasaŋkuwo kple saŋkuwo na hadzilawo. Womekpɔ haƒonu nyui mawo tɔgbi kpɔ le Yudanyigba blibo la dzi o.
The king made the algum wood into steps for the house of the LORD and for the king’s palace, and into lyres and harps for the singers. Never before had anything like them been seen in the land of Judah.)
12 Fia Solomo tsɔ nunana geɖewo na Seba fianyɔnu la eye woƒe home de esi fianyɔnu la nae nu hafi wògatsɔ nu sia nu si fianyɔnu la biae la nɛ. Azɔ la, fianyɔnu la kple eƒe amewo trɔ yi wo de.
King Solomon gave the queen of Sheba all she desired—whatever she asked—far more than she had brought the king. Then she left and returned to her own country, along with her servants.
13 Sika si Solomo xɔna ƒe sia ƒe la dea tɔn blaeve vɔ atɔ̃,
The weight of gold that came to Solomon each year was 666 talents,
14 ga si asitsalawo tsɔna vɛ nɛ la mele eme o. Hekpe ɖe esia ŋu la, Arabia fiawo katã kple anyigba la dzi mɔmefiawo tsɔa sika kple klosalo vɛ na Solomo.
not including the revenue from the merchants and traders. And all the Arabian kings and governors of the land also brought gold and silver to Solomon.
15 Fia Solomo tsɔ sika wɔ akpoxɔnu gã alafa eve. Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe.
King Solomon made two hundred large shields of hammered gold; six hundred shekels of hammered gold went into each shield.
16 Egatsɔ sika wɔ akpoxɔnu ɖagbitɔ alafa etɔ̃, ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye kilo eve. Fia la tsɔ nu siawo da ɖe Lebanon ƒe Avexɔ me le eƒe fiasã la me.
He also made three hundred small shields of hammered gold; three hundred shekels of gold went into each shield. And the king put them in the House of the Forest of Lebanon.
17 Fia la kpa fiazikpui gã aɖe. Etsɔ nyiɖu fa ɖe eme eye wòtsɔ sika nyuitɔ fa ɖe eŋu.
Additionally, the king made a great throne of ivory and overlaid it with pure gold.
18 Etsɔ sika wɔ atrakpui ade kple afɔɖodzinu ɖeka kple abɔɖoƒewo ɖe fiazikpui la ŋu. Abɔɖoƒe nɔ zikpuia ƒe axa eveawo dzi eye wowɔ dzata si le tsitre la da ɖe abɔɖoƒe aveawo ƒe axadzi.
The throne had six steps, and a footstool of gold was attached to it. There were armrests on both sides of the seat, with a lion standing beside each armrest.
19 Dzata wuieve le atrakpuifɔflɔ adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Fiazikpui aɖeke meganyo abe esia ene le fiaɖuƒe aɖeke me o.
Twelve lions stood on the six steps, one at either end of each step. Nothing like this had ever been made for any kingdom.
20 Wotsɔ sika wɔ kplu siwo katã me Fia Solomo noa nu le eye nenema ke wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nuɖugba kple nuɖaze siwo katã nɔ Lebanon Ƒe Avexɔ la me. Womewɔ naneke kple klosalo o elabena le Solomo ƒe anyinɔɣi la, womebua klosalo be enye nu xɔasi o.
All King Solomon’s drinking cups were gold, and all the utensils of the House of the Forest of Lebanon were pure gold. There was no silver, because it was accounted as nothing in the days of Solomon.
21 Asitsatɔdziʋu geɖewo nɔ fia la si siwo yia asigbe le atsiaƒu dzi kple Hiram ƒe dɔlawo tɔwo. Wotrɔna gbɔna zi ɖeka le ƒe etɔ̃ me kple sika, klosalo, nyiɖu kple kese ƒomevi vovovowo kple xewo.
For the king had the ships of Tarshish that went with Hiram’s servants, and once every three years the ships of Tarshish would arrive bearing gold, silver, ivory, apes, and peacocks.
22 Ale Fia Solomo de ŋgɔ wu anyigbadzifiawo katã le kesinɔnuwo kple nunya me.
So King Solomon surpassed all the kings of the earth in riches and wisdom.
23 Fiawo tsoa dukɔ ɖe sia ɖe me vana Solomo gbɔ hena aɖaŋuxɔxɔ eye be woaɖo to nunya si Mawu tsɔ de eƒe dzi me.
All the kings of the earth sought an audience with Solomon to hear the wisdom that God had put in his heart.
24 Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa klosalo, sika kple awuwo, aʋawɔnuwo, atike ʋeʋĩwo, sɔwo kple tedzisɔwo vana nɛ ƒe sia ƒe.
Year after year, each visitor would bring his tribute: articles of silver and gold, clothing, weapons, spices, horses, and mules.
25 Hekpe ɖe esiawo ŋu la, sɔ akpe ene, siwo wowɔ nɔƒe na, kple tasiaɖamwo kpakple sɔdola akpe wuieve nɔ Solomon si le tasiaɖamduwo me kple Yerusalem hena fia la ŋu dzɔdzɔ.
Solomon had 4,000 stalls for horses and chariots, and 12,000 horses, which he stationed in the chariot cities and also with him in Jerusalem.
26 Solomo ɖu fia ɖe fia kple fiaɖuƒe ɖe sia ɖe dzi tso Frat tɔsisi la to yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi heyi keke Egipte ƒe liƒo dzi.
He reigned over all the kings from the Euphrates to the land of the Philistines, as far as the border of Egypt.
27 Ena klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene.
The king made silver as common in Jerusalem as stones, and cedar as abundant as sycamore in the foothills.
28 Wotsɔa sɔwo tso Egipte kple dukɔ bubuwo me vɛ nɛ.
Solomon’s horses were imported from Egypt and from all the lands.
29 Woŋlɔ nu bubu siwo Fia Solomo wɔ la ɖe Nyagblɔɖila Natan ƒe ŋutinyawo kple Nyagblɔɖila Ahiya, Silotɔ la ƒe nyagblɔɖiwo kple nukpɔla, ldo ƒe nu siwo wòkpɔ tso Yeroboam, Nebat ƒe vi ŋu la me.
As for the rest of the acts of Solomon, from beginning to end, are they not written in the Records of Nathan the Prophet, in the Prophecy of Ahijah the Shilonite, and in the Visions of Iddo the Seer concerning Jeroboam son of Nebat?
30 Ale Fia Solomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel dukɔ blibo la dzi ƒe blaene.
Solomon reigned in Jerusalem over all Israel forty years.
31 Esi wòku la, woɖii ɖe fofoa, David ƒe du la me eye via Rehoboam ɖu fia ɖe eteƒe.
And Solomon rested with his fathers and was buried in the city of his father David. And his son Rehoboam reigned in his place.