< Kronika 2 8 >

1 Le ƒe blaeve megbe esi Solomo tu Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple eya ŋutɔ ƒe fiasã la vɔ la,
At the end of twenty years, in which Solomon had built the LORD’s house and his own house,
2 Solomo gbugbɔ kɔƒe siwo Hiram tso nɛ la tu eye wòna Israelviwo yi ɖanɔ wo me.
Solomon built the cities which Huram had given to Solomon, and caused the children of Israel to dwell there.
3 Ɣeyiɣi sia me kee Solomo ho aʋa ɖe Hamat Zoba du la ŋu eye wòɖu edzi.
Solomon went to Hamath Zobah, and prevailed against it.
4 Etso Tadmɔ du la ɖe gbegbe kple du bubuwo ɖe Hamat abe nudzraɖoƒe duwo ene.
He built Tadmor in the wilderness, and all the storage cities, which he built in Hamath.
5 Eglã Bet Horon du dzigbetɔ kple Bet Horon anyigbetɔ siaa. Eɖo gli ƒo xlã wo, de gakpogbowo kple gametiwo wo nu.
Also he built Beth Horon the upper and Beth Horon the lower, fortified cities with walls, gates, and bars;
6 Etu Baalat kple nudzraɖoƒe du bubuwo le ɣeyiɣi sia me, etso du siwo me wòda eƒe tasiaɖamwo kple sɔwo ɖo eye wòtu xɔ siwo katã dzroe la ɖe Yerusalem kple Lebanon kple teƒe bubu vovovowo le anyigba si dzi wònye fia ɖo.
and Baalath, and all the storage cities that Solomon had, and all the cities for his chariots, the cities for his horsemen, and all that Solomon desired to build for his pleasure in Jerusalem, in Lebanon, and in all the land of his dominion.
7 Ame siwo katã susɔ le Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo dome (ame siwo menye Israelviwo o),
As for all the people who were left of the Hittites, the Amorites, the Perizzites, the Hivites, and the Jebusites, who were not of Israel—
8 Woawoe nye ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã ƒe dzidzimeviwo ame siwo Israelviwo metsrɔ̃ o la. Fia Solomo na wowɔ dɔ abe kluviwo ene abe ale si wòle va se ɖe egbe ene.
of their children who were left after them in the land, whom the children of Israel didn’t consume—of them Solomon conscripted forced labor to this day.
9 Ke metsɔ Israelviwo ya wɔ kluviwo o, ke boŋ ena wozu asrafowo, asrafomegãwo, le aʋafiawo, tasiaɖamkulawo dzikpɔlawo kple sɔdolawo nu;
But of the children of Israel, Solomon made no servants for his work, but they were men of war, chief of his captains, and rulers of his chariots and of his horsemen.
10 hekpe ɖe dziɖuɖu ƒe dɔdzikpɔla alafa eve blaatɔ̃, ame siwo kpɔa dukɔmenyawo katã dzi la ŋu.
These were the chief officers of King Solomon, even two-hundred fifty, who ruled over the people.
11 Solomo kplɔ srɔ̃a si nye Fia Farao ƒe vinyɔnu la dzoe tso Yerusalem ƒe akpa si woyɔna be David ƒe Du la me yi fiasã yeye si wotu nɛ la me elabena egblɔ be, “Mele be srɔ̃nye nanɔ Fia David ƒe fiasã me o elabena Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma kpɔ eye wònye teƒe kɔkɔe.”
Solomon brought up Pharaoh’s daughter out of David’s city to the house that he had built for her; for he said, “My wife shall not dwell in the house of David king of Israel, because the places where the LORD’s ark has come are holy.”
12 Solomo sa numevɔwo na Yehowa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui si wòɖi ɖe akpata si le gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi.
Then Solomon offered burnt offerings to the LORD on the LORD’s altar which he had built before the porch,
13 Wosaa vɔ siawo ɖe gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nu abe ale si dze ene, ɖe Dzudzɔgbewo, Dzinu Yeyewo kple ŋkekenyui etɔ̃ siwo woɖuna le ƒea me la nu. Esiawoe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui, Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui kple Agbadɔ ƒe Ŋkekenyui.
even as the duty of every day required, offering according to the commandment of Moses on the Sabbaths, on the new moons, and on the set feasts, three times per year, during the feast of unleavened bread, during the feast of weeks, and during the feast of booths.
14 Be wòalé fofoa David ƒe ɖoɖowo me ɖe asi la, etia nunɔlawo ɖe woƒe hatsotsowo me hena woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ eye Levitɔwo hã be woanɔ ŋgɔ le kafukafuhawo dzidzime eye woakpe ɖe nunɔlaawo ŋu le gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nu. Nenema ke wòtia agbonudzɔlawo ɖe woƒe hatsotsowo me hena agbo vovovoawo ŋu dzɔdzɔ elabena esiae David, Mawu ƒe ame la, ɖo da ɖi.
He appointed, according to the ordinance of David his father, the divisions of the priests to their service, and the Levites to their offices, to praise and to minister before the priests, as the duty of every day required, the doorkeepers also by their divisions at every gate, for David the man of God had so commanded.
15 Womeda le fia la ƒe sededewo na nunɔlawo alo Levitɔwo dzi le nya aɖeke me o. Nenema kee nye nudzraɖoƒewo ƒe nyawo hã.
They didn’t depart from the commandment of the king to the priests and Levites concerning any matter or concerning the treasures.
16 Wowɔ dɔ siwo katã Solomo de tome be yeawɔ la tso gbe si gbe wòɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpe anyi va se ɖe esime wowu enu. Ale wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu nu.
Now all the work of Solomon was accomplished from the day of the foundation of the LORD’s house until it was finished. So the LORD’s house was completed.
17 Solomo yi Ezion Geber kple Elat le Edom ƒuta.
Then Solomon went to Ezion Geber and to Eloth, on the seashore in the land of Edom.
18 Hiram ɖo tɔdziʋu siwo eya ŋutɔ ƒe amewo, ame siwo nya atsiaƒu ŋu dɔ wɔwɔ nyuie la ku la ɖee. Ame siawo kple Solomo ƒe amewo yi Ofir eye wotsɔ sika kilo akpe wuiatɔ̃ vɛ na Fia Solomo.
Huram sent him ships and servants who had knowledge of the sea by the hands of his servants; and they came with the servants of Solomon to Ophir, and brought from there four hundred fifty talents of gold, and brought them to King Solomon.

< Kronika 2 8 >