< Kronika 2 5 >

1 Esi Solomo wu dɔ siwo katã, hlɔ̃awo ƒe tatɔwo wòle be wòawɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ ŋu nu la, etsɔ sika kple klosalo kple xɔmenu siwo katã ŋu fofoa, David kɔ la da ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo.
Y acabóse toda la obra que hizo Salomón para la casa de Jehová: y metió Salomón las cosas que David su padre había dedicado, y puso la plata, y el oro, y todos los vasos en los tesoros de la casa de Dios.
2 Azɔ la, Fia Solomo na Israel ƒe kplɔlawo katã, hlɔ̃memegãwo kple aƒekɔwo ƒe tatɔwo kpe ta ɖe Yerusalem hena Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔtsɔ tso agbadɔ la me le David ƒe Du si wogayɔna be Zion la me yi eƒe nɔƒe yeye la le gbedoxɔ la me.
Entonces Salomón juntó los ancianos de Israel, y todos los príncipes de las tribus, las cabezas de las familias de los hijos de Israel en Jerusalem, para que trajesen el arca del concierto de Jehová de la ciudad de David, que es Sión,
3 Israel ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe fia la gbɔ le Agbadɔmeŋkekenyui la ɖuɣi le ɣleti adrelia me.
Y juntáronse al rey todos los varones de Israel a la solemnidad del mes séptimo.
4 Esi Israelviwo ƒe ametsitsiwo katã va ɖo la, Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la,
Y todos los ancianos de Israel vinieron, y los Levitas llevaron el arca.
5 eye wotsɔ nubablaɖaka la kple agbadɔ la kple nu kɔkɔewo siwo katã nɔ eme. Nunɔla siwo nye Levitɔwo lae tsɔ wo;
Y llevaron el arca, y el tabernáculo del testimonio, y todos los vasos del santuario que estaban en el tabernáculo, y los llevaban los sacerdotes, y los Levitas.
6 eye Fia Solomo kple Israel ha blibo si ƒo xlãe la nɔ nubablaɖaka la ŋgɔ eye wotsɔ alẽ kple nyitsu geɖe siwo womate ŋu xlẽ o la sa vɔe.
Y el rey Salomón, y toda la congregación de Israel que se había congregado a él delante del arca, sacrificaron ovejas y bueyes, que por la multitud no se pudieron contar ni numerar.
7 Emegbe la, nunɔlaawo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe le gbedoxɔ la ƒe kɔkɔe ƒe emetɔ si nye Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la me eye wokɔe da ɖe kerubiawo ƒe aʋalawo te.
Y los sacerdotes metieron el arca del concierto de Jehová en su lugar, al oratorio de la casa, en el lugar santísimo, debajo de las alas de los querubines.
8 Kerubiawo keke woƒe aʋalawo ɖe nubablaɖaka la ƒe nɔƒe dzi eye wotsyɔ nubablaɖaka la kple etsɔkpoawo dzi.
Y los querubines extendían las dos alas sobre el asiento del arca, y cubrían los querubines por encima así el arca como sus barras.
9 Kpo siawo didi ale gbegbe be, woƒe nugbɔwo didi gbɔ aɖaka la ŋu, woate ŋu akpɔ wo tso xɔ emetɔ, Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me, gake womate ŋu akpɔ wo le Kɔkɔeƒe la godo o. Wogale afi ma va se ɖe egbe.
E hicieron salir a fuera las barras, para que se viesen las cabezas de las barras del arca delante del oratorio, mas no se veían desde fuera: y allí estuvieron hasta hoy.
10 Naneke menɔ nubablaɖaka la me o negbe kpe kpakpa eve siwo Mose tsɔ de eme le Horeb to la gbɔ, esi Yehowa bla nu kple Israelviwo esi woʋu tso Egipte la ko.
En el arca no había sino las dos tablas que Moisés había puesto en Horeb, con las cuales Jehová había hecho alianza con los hijos de Israel, cuando salieron de Egipto.
11 Nunɔlaawo doa go le Kɔkɔƒe la me. Nunɔla siwo katã nɔ afi ma la ƒe habɔbɔwo katã kɔ wo ɖokuiwo ŋu.
Y como los sacerdotes salieron del santuario, (porque todos los sacerdotes que se hallaron habían sido santificados, ) no podían guardar sus veces.
12 Levitɔ siwo nye haƒolawo, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo nɔ vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe, wodo aklalawu eye wonɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒom. Nunɔla alafa ɖeka blaeve kpe ɖe wo ŋu eye wonɔ kpẽwo kum.
Y los Levitas cantores todos, los de Asaf, los de Hemán, y los de Iditún, juntamente con sus hijos y sus hermanos, estaban vestidos de lino fino, con címbalos, y salterios, y arpas, al oriente del altar; y con ellos ciento y veinte sacerdotes que tocaban trompetas.
13 Kpẽkulawo kple hadzilawo lé hawo ɖe gbe ɖeka me be woatsɔ kafukafu kple akpedada na Yehowa. Kpẽwo, gakogoewo kple haƒonu bubuwo kpena ɖe hadzilawo ŋu, wokɔa gbe dzi hekafua Yehowa eye wodzia ha be, “Eƒe dɔme nyo; eye eƒe amenuveve li tegbee.” Tete lilikpo aɖe yɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me,
Y tocaban las trompetas, y cantaban con la voz todos a una como un varón, alabando y glorificando a Jehová, cuando alzaban la voz con trompetas, y címbalos, y órganos de música, cuando alababan a Jehová: Porque es bueno, porque su misericordia es para siempre. Y la casa fue llena de una nube, la casa de Jehová;
14 eye nunɔlaawo magate ŋu awɔ woƒe dɔ o, le lilikpo la ta elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me.
Y no podían los sacerdotes estar para ministrar por causa de la nube: porque la gloria de Jehová había henchido la casa de Dios.

< Kronika 2 5 >