< Kronika 2 36 >
1 Anyigba la dzi tɔwo katã tia Yehoahaz, Yosia ƒe vi eye wotsɔe ɖo fiae ɖe Yerusalem ɖe fofoa teƒe.
国民立约西亚的儿子约哈斯在耶路撒冷接续他父作王。
2 Yehoahaz xɔ ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòdze fiaɖuɖu gɔme, ke eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃.
约哈斯登基的时候年二十三岁,在耶路撒冷作王三个月。
3 Egipte fia ɖe Yehoahaz le fiazikpui la dzi le Yerusalem eye wòɖo nudzɔdzɔ Yuda dzi be wòana klosaloga kilogram akpe etɔ̃, alafa ene kple sikaga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene.
埃及王在耶路撒冷废了他,又罚犹大国银子一百他连得,金子一他连得。
4 Egipte fia tsɔ Eliakim, Yehoahaz nɔvi, ɖo fia ɖe Yuda kple Israel nu. Wotrɔ Eliakim ƒe ŋkɔ wòzu Yehoyakim. Ke Neko kplɔ Eliakim nɔvi Yehoahaz yi Egipte.
埃及王尼哥立约哈斯的哥哥以利雅敬作犹大和耶路撒冷的王,改名叫约雅敬,又将约哈斯带到埃及去了。
5 Yehoyakim xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume.
约雅敬登基的时候年二十五岁,在耶路撒冷作王十一年,行耶和华—他 神眼中看为恶的事。
6 Babilonia fia, Nebukadnezar, ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, ɖu edzi eye wòde kɔsɔkɔsɔ Fia Yehoyakim heɖe aboyoe yi Babilonia.
巴比伦王尼布甲尼撒上来攻击他,用铜链锁着他,要将他带到巴比伦去。
7 Nebukadnezar lɔ sikatrewo kple nu bubuwo tso gbedoxɔ la me ɖada ɖe eya ŋutɔ ƒe gbedoxɔ me le Babilonia.
尼布甲尼撒又将耶和华殿里的器皿带到巴比伦,放在他神的庙里。
8 Woŋlɔ Yehoyakim ƒe ŋutinya kple eƒe wɔna mamlɛawo kple nu vɔ̃ɖi siwo katã wòwɔ la ɖe Yuda kple Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. Via Yehoyatsin ɖu fia ɖe eteƒe.
约雅敬其余的事和他所行可憎的事,并他一切的行为,都写在以色列和犹大列王记上。他儿子约雅斤接续他作王。
9 Yehoyatsin xɔ ƒe enyi ko esi wòɖu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃ kple ŋkeke ewo ko. Ewɔ nu vɔ̃ le Mawu ƒe ŋkume o.
约雅斤登基的时候年八岁,在耶路撒冷作王三个月零十天,行耶和华眼中看为恶的事。
10 Esi ƒe trɔ la, Fia Nebukadnezar yɔe va Babilonia le adame. Wolɔ kesinɔnu geɖewo tso Yerusalem gbedoxɔ la me yi Babilonia eye Fia Nebukadnezer tsɔ Yehoyatsin nɔvi Zedekia ɖo fiae ɖe Yuda kple Yerusalem nu.
过了一年,尼布甲尼撒差遣人将约雅斤和耶和华殿里各样宝贵的器皿带到巴比伦,就立约雅斤的叔叔西底家作犹大和耶路撒冷的王。
11 Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem.
西底家登基的时候年二十一岁,在耶路撒冷作王十一年,
12 Zedekia nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume elabena egbe, mezɔ ɖe Nyagblɔɖila Yeremia ƒe nya si wòse tso Yehowa gbɔ hegblɔ nɛ la nu o.
行耶和华—他 神眼中看为恶的事。先知耶利米以耶和华的话劝他,他仍不在耶利米面前自卑。
13 Edze aglã ɖe Fia Nebukadnezar ŋu togbɔ be eka atam nɛ be yeasubɔe anukwaretɔe hã hafi. Zedekia nye kɔlialiatɔ aɖe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe sewo dzi mawɔmawɔ me eye wògbe metrɔ ɖe Yehowa, eƒe Mawu la ŋu o.
尼布甲尼撒曾使他指着 神起誓,他却背叛,强项硬心,不归服耶和华—以色列的 神。
14 Ame vevi siwo katã nɔ dukɔ la me, nunɔlagãwo gɔ̃ hã, subɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe legbawo ale wodo gu Yehowa ƒe gbedoxɔ la le Yerusalem.
众祭司长和百姓也大大犯罪,效法外邦人一切可憎的事,污秽耶和华在耶路撒冷分别为圣的殿。
15 Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖo eƒe nya ɖe wo to eƒe dɔlawo dzi enuenu elabena ekpɔ nublanui na eƒe dukɔ la kple eƒe nɔƒe la.
耶和华—他们列祖的 神因为爱惜自己的民和他的居所,从早起来差遣使者去警戒他们。
16 Ke ameawo ɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔwo ŋu eye wodo vlo woƒe nyawo. Woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu va se ɖe esime Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu eye avuléla menɔ anyi o.
他们却嘻笑 神的使者,藐视他的言语,讥诮他的先知,以致耶和华的忿怒向他的百姓发作,无法可救。
17 Ekplɔ Babilonia fia ƒu wo, ame si wu woƒe ɖekakpuiwo kple yi le Kɔkɔeƒe la eye meve ɖekakpuiwo loo alo ɖetugbiwo, ametsitsi loo alo amegãɖeɖi nu o. Mawu tsɔ wo katã de asi na Nebukadnezar.
所以,耶和华使迦勒底人的王来攻击他们,在他们圣殿里用刀杀了他们的壮丁,不怜恤他们的少男处女、老人白叟。耶和华将他们都交在迦勒底王手里。
18 Elɔ nu siwo katã le Mawu ƒe gbedoxɔ me, nu suewo kple gãwo siaa kple Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nu xɔasiwo kple fia ƒe dɔnunɔlawo ƒe nu xɔasiwo katã yi Babilonia.
迦勒底王将 神殿里的大小器皿与耶和华殿里的财宝,并王和众首领的财宝,都带到巴比伦去了。
19 Wotɔ dzo Mawu ƒe gbedoxɔ la, gbã Yerusalem ƒe gliwo, wotɔ dzo fiasãwo katã eye wogblẽ nu sia nu si ŋu asixɔxɔ nɔ le afi ma.
迦勒底人焚烧 神的殿,拆毁耶路撒冷的城墙,用火烧了城里的宫殿,毁坏了城里宝贵的器皿。
20 Ekplɔ ame siwo susɔ, esiwo si le yi nu la yi aboyome le Babilonia eye wova zu subɔlawo na eya ŋutɔ kple via ŋutsuwo va se ɖe esime Persia fiaɖuƒe la xɔ ɖe eteƒe.
凡脱离刀剑的,迦勒底王都掳到巴比伦去,作他和他子孙的仆婢,直到波斯国兴起来。
21 Anyigba la xɔ eƒe Dzudzɔgbe dzudzɔwo. Edzudzɔ ɣeyiɣi siwo katã wònye aƒedo va se ɖe esime ƒe blaadre de le Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi to Yeremia dzi la nu.
这就应验耶和华借耶利米口所说的话:地享受安息;因为地土荒凉便守安息,直满了七十年。
22 Le Sirus ƒe fiaɖuɖu ɖe Persia dzi ƒe ƒe gbãtɔ me la, be yeawɔ Yehowa ƒe nya si Yeremia gblɔ dzi la, Yehowa ʋa Sirus, Persia fia ƒe dzi be wòaɖe gbeƒã le eƒe anyigba blibo la dzi eye wòade gbeƒãɖeɖe sia nuŋɔŋlɔ me be,
波斯王塞鲁士元年,耶和华为要应验借耶利米口所说的话,就激动波斯王塞鲁士的心,使他下诏通告全国,说:
23 Nu si Sirus, Persia fia, gblɔe nye, “Yehowa, dziƒo ƒe Mawu, tsɔ anyigbadzidukɔwo katã dziɖuɖu de asi nam eye wotiam be matu gbedoxɔ na ye le Yerusalem, le Yuda. Ame siwo nye Yehowa ƒe ame eye wole mia dome la, Yehowa, woƒe Mawu la nanɔ kpli wo eye wòana woadzo ayi.”
“波斯王塞鲁士如此说:耶和华—天上的 神已将天下万国赐给我,又嘱咐我在犹大的耶路撒冷为他建造殿宇。你们中间凡作他子民的,可以上去,愿耶和华—他的 神与他同在。”