< Kronika 2 35 >
1 Yosia ɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa le Yerusalem eye wowu Ŋutitotolẽvi la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi.
And Josiah held a passover to Jehovah in Jerusalem; and they slaughtered the passover on the fourteenth of the first month.
2 Yosia gbugbɔ nunɔlawo ɖo woƒe dɔwo nu eye wòdo ŋusẽ wo be woagadze woƒe dɔwo wɔwɔ gɔme le gbedoxɔ la me.
And he set the priests in their charges, and encouraged them to the service of the house of Jehovah.
3 Eɖo na Levitɔ siwo ŋu wokɔ eye wonye mawunyafialawo le Israel be, “Esi nubablaɖaka la le Solomo ƒe agbadɔ me azɔ ta la, megahiã be mianɔ ekɔm ɖe abɔta tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu o eya ta miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ hena mawusɔbɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Yehowa kple eƒe amewo.
And he said to the Levites, that taught all Israel, [and] who were holy to Jehovah, Put the holy ark in the house that Solomon the son of David, king of Israel, built; ye have not to carry it upon your shoulders. Serve now Jehovah your God, and his people Israel;
4 Midzra mia ɖokuiwo ɖo ɖe ƒomewo nu le míaƒe hatsotsowo me ɖe ale si David, Israel fia kple via, Solomo, ŋlɔe da ɖi la nu.
and prepare yourselves by your fathers' houses, in your divisions, according to the writing of David king of Israel, and according to the writing of Solomon his son;
5 “Mitsi tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la kple Levitɔwo ƒe ha aɖe ɖe ƒomewo ƒe ha ɖe sia ɖe nu ɖe mia nɔvi siwo menye nunɔlawo o la nu.
and stand in the sanctuary for the classes of the fathers' houses, for your brethren, the children of the people, and [according] to the divisions of the fathers' houses of the Levites;
6 Miwu Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo, mikɔ mia ɖokuiwo ŋuti eye miakpe ɖe ame siwo va la ŋuti ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na to Mose dzi la nu.”
and slaughter the passover, and hallow yourselves, and prepare it for your brethren, that they may do according to the word of Jehovah through Moses.
7 Fia la tsɔ alẽvi kple gbɔ̃vi akpe blaetɔ̃ kple nyitsuvi akpe etɔ̃ na ameawo be woatsɔ asa Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔwoe.
And Josiah gave for the children of the people a heave-offering of the flocks, lambs and goats, all for the passover-offerings, for all that were present — to the number of thirty thousand, and three thousand bullocks: these were of the king's substance.
8 Dumegãwo na lɔlɔ̃nununanawo nunɔlawo kple Levitɔwo. Hilkia, Zekaria kple Yehiel, ame siwo nye gbedoxɔ la dzikpɔlawo la na alẽ kple gbɔ̃ akpe eve alafa ade kple nyitsu alafa etɔ̃ abe woƒe Ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsanuwo ene.
And his princes gave a voluntary heave-offering for the people, for the priests, and for the Levites: Hilkijah and Zechariah and Jehiel, rulers of the house of God, gave to the priests for the passover-offerings two thousand six hundred [small cattle] and three hundred oxen;
9 Levitɔwo ƒe kplɔlawo, Konania, Semaya kple Netanel kple nɔviawo, Hasabia, Yeiel kple Yozabad na alẽ kple gbɔ̃ akpe atɔ̃ kple nyitsu alafa atɔ̃ Levitɔwo hena woƒe Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔsa.
and Conaniah, and Shemaiah and Nethaneel, his brethren, and Hashabiah and Jeiel and Jozabad, chief of the Levites, gave as heave-offering to the Levites for the passover-offerings five thousand [small cattle] and five hundred oxen.
10 Esi wowu ɖoɖo ɖe sia ɖe nu vɔ la, nunɔlaawo tsi tsitre ɖe woƒe nɔƒewo eye Levitɔwo nɔ woƒe dɔwɔhawo me abe ale si fia la ɖo na wo ene.
And the service was prepared, and the priests stood in their place, and the Levites in their divisions, according to the king's commandment.
11 Levitɔwo wu Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo eye wotsɔ woƒe ʋu na nunɔlaawo wohlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu, esi Levitɔwo ɖe agbalẽ le lãawo ŋu.
And they slaughtered the passover, and the priests sprinkled [the blood] from their hand, and the Levites flayed them.
12 Woli kɔ alẽ siwo wowu la ɖi na hlɔ̃ vovovoawo be hlɔ̃ ɖe sia ɖe natsɔ etɔ asa numevɔe na Yehowa abe ale si woŋlɔe ɖe Mose ƒe sewo me ene. Wowɔ nyi siwo wowu hã nenema ke.
And they set apart the burnt-offerings to give them to the classes of the fathers' houses of the children of the people, to present them to Jehovah, as it is written in the book of Moses. And so [did they] with the oxen.
13 Le esia megbe la, wome Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe alẽviawo eye woɖa nunana kɔkɔewo le zewo kple agbawo me le Mose ƒe se la nu eye woɖe abla tsɔ wo yi na ameawo be woaɖu.
And they roasted the passover with fire according to the ordinance; and the consecrated things they boiled in pots and in cauldrons and in pans, and divided them speedily among all the children of the people.
14 Emegbe la, Levitɔwo ɖa nu na woawo ŋutɔ kple nunɔlaawo, Aron ƒe viwo, elabena wonɔ dɔ dzi tso ŋdi va se ɖe fiẽ henɔ dzo tɔm numevɔsalãwo ƒe ami.
And afterwards they made ready for themselves and for the priests; because the priests, the sons of Aaron, [were engaged] in offering up the burnt-offerings and the fat until night; therefore the Levites prepared for themselves, and for the priests, the sons of Aaron.
15 Hadzilawo, ame siwo nye Asaf ƒe viwo la nɔ woƒe nɔƒewo eye wozɔ ɖe ɖoɖo siwo Fia David, Asaf, Heman kple Yedutun, fia la ƒe nyagblɔɖila wɔ da ɖi ƒe geɖewo do ŋgɔ la dzi. Agbonudzɔlawo dzɔ agboawo nu, womedzo le woƒe agbowo nu o elabena wo nɔvi Levitɔwo tsɔ woƒe nuɖuɖu yi na wo.
And the singers, the sons of Asaph, were in their place, according to the commandment of David, and Asaph, and Heman, and Jeduthun the king's seer; and the doorkeepers were at every gate; they had not to depart from their service, for their brethren the Levites prepared for them.
16 Wowu Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu nu le ŋkeke ɖeka ma dzi. Wosa numevɔwo katã le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi abe ale si Yosia ɖoe da ɖi ene.
And all the service of Jehovah was prepared the same day, to hold the passover, and to offer burnt-offerings on the altar of Jehovah according to the commandment of king Josiah.
17 Israelvi siwo nɔ Yerusalem la kpɔ gome le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu me. Le esia megbe la, woɖu Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui ŋkeke adre.
And the children of Israel that were present held the passover at that time, and the feast of unleavened bread seven days.
18 Tso Nyagblɔɖila Samuel ƒe ɣeyiɣi dzi la, womegaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la wòdze edzi alea kpɔ o, eye Israel fiawo dometɔ aɖeke mate ŋu aʋli ho kple Fia Yosia le ale si nunɔlawo, Levitɔwo kple ame siwo tso Yerusalem kple Yuda kple Israel ƒe akpa sia akpa sɔ gbɔe va ɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia me o.
And there was no passover like to that holden in Israel from the days of Samuel the prophet; neither did all the kings of Israel hold such a passover as Josiah held, and the priests, and the Levites, and all Judah and Israel that were present, and the inhabitants of Jerusalem.
19 Woɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia le fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me.
In the eighteenth year of the reign of Josiah was this passover holden.
20 Le esia megbe la, esi Yosia ɖɔ gbedoxɔ la ɖo vɔ la, Egipte fia Neko ho yi be yeawɔ aʋa le Karkemis gbɔ le Frat tɔsisi la to, eye Yosia hã ho yi ɖakpee.
After all this, when Josiah had arranged the house, Necho king of Egypt came up to fight against Karkemish at the Euphrates; and Josiah went out against him.
21 Neko ɖo amewo ɖe Yosia gbɔ be, “Nyemedi be mawɔ aʋa kpli wò, Yuda fia, o! Meva be mawɔ aʋa kple ame si mekpe aʋa kplii ko. Ɖe asi le ŋunye elabena Mawu gblɔ nam be, mawɔ kaba eya ta mègade nu Mawu ƒe nya sia me ne wòatsrɔ̃ wò o elabena Mawu li kplim.”
And he sent messengers to him, saying, What have I to do with thee, thou king of Judah? I come not against thee this day, but against the house with which I have war; and God has told me to make haste: keep aloof from God who is with me, that he destroy thee not.
22 Ke Yosia metrɔ dzo o, ke boŋ ekplɔ eƒe aʋakɔ la eye wòkpe aʋa kple Fia Neko ƒe aʋakɔ la le Megido balime. Eɖe eƒe fiawu da ɖi ale be futɔwo makpɔe adze sii o. Yosia mexɔe se be Mawu gbɔe Neko ƒe nya la tso o.
But Josiah would not turn his face from him, but disguised himself, that he might fight against him; and he hearkened not to the words of Necho from the mouth of God; and he came to fight in the valley of Megiddo.
23 Futɔwo ƒe aŋutrɔdalawo ŋɔ Fia Yosia kple woƒe aŋutrɔwo eye wode abi eŋu. Yosia do ɣli na eŋumewo be, “Mitsɔm dzoe le aʋagbe la dzi.”
And the archers shot at king Josiah; and the king said to his servants, Have me away, for I am sore wounded.
24 Ale woɖee le eƒe tasiaɖam me de tasiaɖam evelia si nɔ esi la me eye wotsɔe yi Yerusalem, afi si wòku le. Woɖii ɖe tɔgbuiawo ƒe ɖiƒe eye Yuda blibo la kple Yerusalem fae.
And his servants took him out from the chariot, and put him in the second chariot that he had, and brought him to Jerusalem. And he died, and was buried in the sepulchres of his fathers. And all Judah and Jerusalem mourned for Josiah.
25 Yeremia kpa konyifahawo na Yosia eye va se ɖe egbe la, hadzilawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖoa ŋku Yosia dzi le konyifahawo me. Esia zu kɔnu le Israel eye woŋlɔ wo ɖe Konyifahawo me.
And Jeremiah lamented for Josiah; and all the singing men and singing women spoke of Josiah in their lamentations to this day; and they made them an ordinance for Israel. And behold, they are written in the lamentations.
26 Woŋlɔ Yosia ƒe nuwɔna kple dɔ nyui bubuwo wɔwɔ kple ale si wòwɔ Yehowa ƒe sewo dzi la
And the rest of the acts of Josiah, and his good deeds, according to that which is written in the law of Jehovah,
27 ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinya me.
and his acts, first and last, behold, they are written in the book of the kings of Israel and Judah.