< Kronika 2 33 >

1 Manase xɔ ƒe wuieve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem.
Manasseh was twelve years old when he became king, and he reigned in Jerusalem fifty-five years.
2 Manase wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wòdze dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ yome.
And he did evil in the sight of the LORD by following the abominations of the nations that the LORD had driven out before the Israelites.
3 Egbugbɔ nuxeƒe siwo fofoa, Hezekia gbã la tu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etu vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòwɔ aƒeliwo. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo.
For he rebuilt the high places that his father Hezekiah had torn down, and he raised up altars for the Baals and made Asherah poles. And he worshiped and served all the host of heaven.
4 Eɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me le esime Yehowa gblɔ le gbedoxɔ la ŋu be, “Nye ŋkɔ atsi Yerusalem ŋu tegbetegbe.”
Manasseh also built altars in the house of the LORD, of which the LORD had said, “My Name will remain in Jerusalem forever.”
5 Le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eveawo la, eɖi vɔsamlekpuiwo na dziƒoŋunuwo.
In both courtyards of the house of the LORD, he built altars to all the host of heaven.
6 Etsɔa via ŋutsuviwo saa dzovɔe le Ben Hinom ƒe Balime. Ekaa afa, dea nubiaƒe, wɔa adze, dea ŋɔliyɔlawo kple gbɔgbɔwo yɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ.
He sacrificed his sons in the fire in the Valley of Hinnom. He practiced sorcery, divination, and witchcraft, and consulted mediums and spiritists. He did great evil in the sight of the LORD, provoking Him to anger.
7 Eda legba aɖe si wòwɔ la ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la me, teƒe si tututu ŋu Mawu ƒo nu tsoe na David kple Solomo esi wògblɔ be, “Matsɔ nye ŋkɔ aɖo gbedoxɔ sia me kple Yerusalem, du si metia tso Israel ƒe towo ƒe duwo katã me la ŋu tegbetegbe!
Manasseh even took the carved image he had made and set it up in the house of God, of which God had said to David and his son Solomon, “In this temple and in Jerusalem, which I have chosen out of all the tribes of Israel, I will establish My Name forever.
8 Eye nyemana Israel ƒe afɔ nage le anyigba si metsɔ na fofowòwo la dzi o, nenye be wolé nye sewo, ɖoɖowo kple kɔnuwo siwo katã mena wo to Mose dzi la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko.”
I will never again cause the feet of the Israelites to leave the land that I assigned to your fathers, if only they are careful to do all that I have commanded them through Moses—all the laws, statutes, and judgments.”
9 Ke Manase do ŋusẽ Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo be woawɔ nu vɔ̃ siwo vɔ̃ɖi wu esiwo dukɔ siwo Yehowa tsrɔ̃ esime Israel ge ɖe anyigba la dzi gɔ̃ hã.
So Manasseh led the people of Judah and Jerusalem astray, so that they did greater evil than the nations that the LORD had destroyed before the Israelites.
10 Manase kple eƒe amewo meɖo to Yehowa ƒe nyagbegbe na wo o
And the LORD spoke to Manasseh and his people, but they did not listen.
11 eya ta Yehowa dɔ Asiria ƒe aʋakɔ la ɖa, wolé Manase heƒo ga ɖe ŋɔti nɛ. Wode akɔblikɔsɔkɔsɔe eye woɖe aboyoe yi Babilonia.
So the LORD brought against them the military commanders of the king of Assyria, who captured Manasseh, put a hook in his nose, bound him with bronze shackles, and took him to Babylon.
12 Manase va nyɔ le eɖokui me mlɔeba eye wòbia kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ kple ɖokuibɔbɔ.
And in his distress, Manasseh sought the favor of the LORD his God and earnestly humbled himself before the God of his fathers.
13 Yehowa se eƒe kukuɖeɖe eye wòna wògbugbɔ va Yerusalem kple eƒe fiaɖuƒe la. Azɔ hafi Manase dze sii mlɔeba be Yehowa nye Mawu nyateƒe!
And when he prayed to Him, the LORD received his plea and heard his petition; so He brought him back to Jerusalem and to his kingdom. Then Manasseh knew that the LORD is God.
14 Esi wògbugbɔ David ƒe Du la ƒe gli egodotɔ ɖo vɔ la, eɖo gli la ɖe Gihon tɔʋu si le balime la ƒe ɣedzeƒe yi ɖase keke Tɔmelãgbo la nu, eɖoe ƒo xlã Ofel togbɛ la eye wòna teƒe sia ƒe gliwo kɔ wu teƒe mamlɛawo tɔwo. Eɖo aʋafiawo Yuda du siwo katã wòglã la nu.
After this, Manasseh rebuilt the outer wall of the City of David from west of Gihon in the valley to the entrance of the Fish Gate, and he brought it around the hill of Ophel and heightened it considerably. He also stationed military commanders in all the fortified cities of Judah.
15 Eɖe dzromawuwo ɖa eye nenema ke wòɖe legba la hã ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. Nenema ke wòɖe vɔsamlekpui siwo katã wòɖi ɖe gbedoxɔa ƒe togbɛ dzi kple le Yerusalem eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe du la godo.
He removed the foreign gods and the idol from the house of the LORD, along with all the altars he had built on the temple mount and in Jerusalem, and he dumped them outside the city.
16 Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu, ŋutifafavɔ kple akpedavɔ le edzi eye wògblɔ na Yuda be wòasubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la.
Then he restored the altar of the LORD and sacrificed peace offerings and thank offerings on it, and he told Judah to serve the LORD, the God of Israel.
17 Ke hã la, ameawo gasaa vɔwo ko le vɔsamlekpui siwo le togbɛawo dzi la dzi gake wosaa vɔ siawo azɔ na Yehowa, woƒe Mawu la.
Nevertheless, the people still sacrificed at the high places, but only to the LORD their God.
18 Woŋlɔ nu bubu siwo yi edzi le Manase ƒe fiaɖuɖu me, eƒe gbe si wòdo ɖa na eƒe Mawu, nya siwo nukpɔlawo gblɔ nɛ le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me la katã ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me.
As for the rest of the acts of Manasseh, along with his prayer to his God and the words of the seers who spoke to him in the name of the LORD, the God of Israel, they are indeed written in the Chronicles of the Kings of Israel.
19 Woŋlɔ eƒe gbedodoɖa kple ale si eƒe kokoƒoƒo wɔ dɔ ɖe Mawu dzi kpe ɖe eƒe nu vɔ̃wo, eƒe nuteƒemawɔmawɔ, teƒe siwo wòtu nuxeƒewo ɖo, afi siwo wòtu aƒeliwo ɖo eye wòli legbawo ɖo hafi bɔbɔ eɖokui la katã de nukpɔlawo ƒe nyaŋlɔɖigbalẽwo me.
His prayer and how God received his plea, as well as all his sin and unfaithfulness, and the sites where he built high places and set up Asherah poles and idols before he humbled himself, they are indeed written in the Records of the Seers.
20 Manase ku, woɖii ɖe eƒe fiasã me eye Amon, Via ŋutsu, ɖu fia ɖe eteƒe.
And Manasseh rested with his fathers and was buried at his palace. And his son Amon reigned in his place.
21 Amon xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòɖu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe eve.
Amon was twenty-two years old when he became king, and he reigned in Jerusalem two years.
22 Amon wɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe fofoa, Manase, ene. Esubɔ eye wòsa vɔ na legbawo katã abe fofoa ene,
And he did evil in the sight of the LORD, as his father Manasseh had done. Amon served and sacrificed to all the idols that his father Manasseh had made,
23 ke eya metrɔ dzime abe fofoa ene o, ke boŋ Amon yi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi.
but he did not humble himself before the LORD as his father Manasseh had done; instead, Amon increased his guilt.
24 Mlɔeba la, Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le eƒe fiasã me.
Then the servants of Amon conspired against him and killed him in his palace.
25 Dukɔmevi aɖewo wu ame siwo wu Fia Amon la dometɔ ɖe sia ɖe eye wotsɔ Amon ƒe vi, Yosia, ɖo fiae.
But the people of the land killed all those who had conspired against King Amon, and they made his son Josiah king in his place.

< Kronika 2 33 >