< Kronika 2 31 >

1 Esi nu siawo katã wu enu la, Israelvi siwo katã nɔ afi ma la do go yi Yuda ƒe duwo me eye wogbã legbawo, heho aƒeliwo ƒu anyi, wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpui siwo katã nɔ Yuda, Benyamin, Efraim kple Manase. Esi wotsrɔ̃ nu siawo katã vɔ megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woawo ŋutɔ ƒe duwo me eye woyi ɖanɔ woƒe aƒewo me.
بعد از پایان عید پِسَح، اسرائیلی‌هایی که برای شرکت در عید به اورشلیم آمده بودند به شهرهای یهودا، بنیامین، افرایم و منسی رفتند و بتکده‌های روی تپه‌ها را ویران کرده، تمام بتها، مذبحها و مجسمه‌های شرم‌آور اشیره را در هم کوبیدند. سپس همگی به خانه‌های خود بازگشتند.
2 Azɔ la, Hezekia ma nunɔlawo kple Levitɔwo ɖe hatsotsowo me hena nu vɔ̃ vɔsa kple akpedavɔ sasa eye be woasubɔ Yehowa, atsɔ akpedada kple kafukafu nɛ.
حِزِقیا دسته‌های کاهنان و لاویان را برحسب نوع خدمتی که داشتند دوباره سر خدمت قرار داد. خدمات ایشان عبارت بودند از: تقدیم قربانیهای سوختنی و قربانیهای سلامتی، رهبری مراسم عبادتی و شکرگزاری و خواندن سرود در خانهٔ خداوند.
3 Ena vɔsalãwo tso eya ŋutɔ ƒe lãhawo me hena gbe sia gbe ŋdi kple fiẽ ƒe numevɔsawo kple Dzudzɔgbe kple Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui bubuwo ƒe numevɔsawo, abe ale si Mawu ƒe se la bia tso wo si ene.
همچنین برای قربانیهای سوختنی صبح و عصر، قربانیهای روزهای شَبّات و جشنهای ماه نو و سایر عیدها که در تورات خداوند مقرر شده بود، پادشاه از اموال خود حیواناتی هدیه کرد.
4 Hekpe ɖe esiawo ŋu la, Fia Hezekia na be Yerusalemtɔwo natsɔ woƒe nuwo ƒe ewolia vɛ na nunɔlawo kple Levitɔwo ale be magahiã be woawɔ dɔ bubuwo o, ke boŋ woalé fɔ ɖe dɔ siwo Mawu ƒe se la ɖo na wo la ko ŋu vevie.
علاوه بر این، برای اینکه کاهنان و لاویان بتوانند تمام وقت مشغول انجام وظیفه‌ای باشند که در تورات خدا برای آنها مقرر شده بود، از مردم اورشلیم خواست تا سهم مقرر شدهٔ کاهنان و لاویان را به آنها بدهند.
5 Esi sedede sia ɖo ameawo ƒe tome ko la, Israelviwo kɔ dɔme na woƒe kutsetse gbãtɔwo, wain yeye, ami kple anyitsi kple agblemenuku ɖe sia ɖe ƒomevi. Wotsɔ nu sɔgbɔwo vɛ siwo nye nu sia nu ƒe ewolia ƒe ɖeka.
به محض صدور فرمان پادشاه، مردم اسرائیل با کمال سخاوتمندی نوبر غله، شراب، روغن زیتون و عسل و نیز ده‌یک تمام محصولات زمین خود را آورده، هدیه کردند.
6 Israelvi kple Yudatɔ siwo nɔ Yuda duwo me la hã tsɔ woƒe lãwo ƒe ewolia ƒe ɖeka kple nu kɔkɔe si wodzra ɖo na Yehowa, woƒe Mawu la ƒe ewolia ƒe ɖeka vɛ eye woli kɔ wo.
تمام کسانی که در یهودا ساکن بودند علاوه بر ده‌یک گله‌ها و رمه‌ها، مقدار زیادی هدایای دیگر آوردند و برای خداوند، خدای خود وقف کردند.
7 Wodze nu sia wɔwɔ gɔme le ɣleti etɔ̃lia me eye wowu enu le ɣleti adrelia me.
این کار را از ماه سوم شروع کردند و در ماه هفتم به پایان رساندند.
8 Esi Hezekia kple eƒe dziɖulawo kpɔ nu siwo woƒo ƒu ɖi la, wokafu Yehowa eye woyra eƒe amewo, Israelviwo.
وقتی حِزِقیا و بزرگان قوم آمدند و این هدایا را دیدند خداوند را شکر و سپاس گفتند و برای قوم اسرائیل برکت طلبیدند.
9 Hezekia bia nunɔlawo kple Levitɔwo be, “Afi ka nu gbogbo siawo katã tso?”
حِزِقیا از کاهنان و لاویان دربارهٔ هدایا سؤال کرد،
10 nunɔlagã Azaria, tso Zadok ƒe hlɔ̃ me, ɖo eŋu be, “Esiawoe nye nuwo ƒe ewolia ƒe ɖeka! Míele nu ɖum tso nu siawo me kɔsiɖa geɖewo nye esi gake nu gbogbo siawo gasusɔ elabena Yehowa yra eƒe amewo.”
و عزریا، کاهن اعظم، که از طایفهٔ صادوق بود جواب داد: «از وقتی که مردم شروع کردند به آوردن این هدایای خوراکی به خانهٔ خداوند، ما از آنها خوردیم و سیر شدیم و مقدار زیادی نیز باقی مانده است، زیرا خداوند قوم خود را برکت داده است.»
11 Hezekia ɖe gbe be woatu nudzraɖoƒexɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, ale wowɔe nenema.
حِزِقیا دستور داد که در خانهٔ خداوند انبارهایی بسازند.
12 Tete wowɔ nuteƒe hetsɔ woƒe nudzɔdzɔwo, nu ewoliawo kple nunana si woɖe ɖe aga la vɛ. Konania, Levitɔ, nɔ nu siawo nu eye nɔvia ŋutsu. Simei, nye ame si nye eƒe kpeɖeŋutɔ.
پس از آماده شدن انبارها، تمام مواد خوراکی اهدا شده را در آنجا انبار کردند. مسئولیت نگهداری انبارها به عهدهٔ کننیای لاوی بود و برادرش شمعی نیز او را کمک می‌کرد.
13 Yehiel, Azazia, Nahat, Asahel, Yerimɔt, Yozabad, Eliel, Ismakia, Mahat kple Benaya nye dɔdzikpɔlawo nɔ Konania kple nɔvia ŋutsu Simei te le Fia Hezekia kple Azaria, Mawu ƒe gbedoxɔ dzikpɔla la ƒe ɖoɖo nu.
ده لاوی دیگر نیز از طرف حِزِقیای پادشاه و عزریا، کاهن اعظم، تعیین شدند تا زیر نظر این دو برادر خدمت کنند. این لاویان عبارت بودند از: یحی‌ئیل، عزریا، نحت، عسائیل، یریموت، یوزاباد، ایلی‌ئیل، یسمخیا، محت و بنایا.
14 Kore, Levitɔ, Imna ƒe viŋutsu, Ɣedzeƒegbo la nudzɔla nɔ lɔlɔ̃nununana siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi kpɔm. Enɔ nu siwo wodzɔ na Yehowa la kple nunana siwo ŋu wokɔ la mam.
قوری (پسر یمنهٔ لاوی) که نگهبان دروازهٔ شرقی بود، مسئول توزیع هدایا در میان کاهنان شد. دستیاران او اینها بودند: عیدن، منیامین، یشوع، شمعیا، امریا و شکنیا. ایشان هدایا را به شهرهای کاهنان بردند و میان گروه‌های مختلف کاهنان تقسیم می‌کردند و سهم پیر و جوان را به طور مساوی می‌دادند.
15 Eden, Miniamin, Yesua, Semaya, Amaria kple Sekania kpe ɖe eŋu le nuteƒewɔwɔ me le nunɔlawo ƒe duwo me le numama na wo nɔvi nunɔlawo me ɖe woƒe hatsotsowo nu na tsitsiawo kple ɖeviawo siaa.
16 Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, woma nu na viŋutsu siwo xɔ ƒe etɔ̃ alo wu nenema, ame siwo ƒe ŋkɔwo menɔ dzidzimegbalẽ la me o, ame siwo dze be woayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me be woawɔ woƒe gbe sia gbe dɔdeasiwo le dɔ vovovo siwo woɖo na wo ɖe woƒe hatsotsowo me nu.
در ضمن به خانوادهٔ کاهنان نیز سهمی تعلق می‌گرفت.
17 Eye woma nuwo na nunɔlawo, ame siwo ŋkɔ woƒe ƒomewo ŋlɔ ɖe dzidzimegbalẽawo me. Nenema kee wowɔ na Levitɔ siwo xɔ ƒe blaeve alo wu, le woƒe dɔdeasiwo kple woƒe hatsotsowo nu.
نام کاهنان برحسب طایفه‌هایشان و نام لاویان بیست ساله و بالاتر نیز برحسب وظایفی که در گروه‌های مختلف داشتند، ثبت شده بود.
18 Ame siwo hã ƒe ŋkɔwo nɔ dzidzimegbalẽawo me la woe nye: ɖevi suewo, srɔ̃nyɔnuwo kple dukɔ blibo la ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo elabena wowɔ nuteƒe le wo ɖokuiwo ŋu kɔkɔ me.
به خانواده‌های کاهنانی که نامشان ثبت شده بود، به طور مرتب سهمیه‌ای داده می‌شد زیرا این کاهنان خود را وقف خدمت خدا کرده بودند.
19 Wotia nunɔla ɖeka le du ɖe sia ɖe si me nunɔlawo, Aron ƒe viwo, nɔ la me be wòama nuɖuɖu kple nu bubuwo na nunɔla siwo le nuto me ma kple Levitɔ siwo katã ŋkɔ wode agbalẽ me.
افرادی نیز تعیین شدند تا هدایای خوراکی را بین کاهنان نسل هارون که در مزارع اطراف شهرها زندگی می‌کردند و نیز بین کسانی که نامشان در نسب نامهٔ لاویان ثبت شده بود، توزیع کنند.
20 Ale Fia Hezekia wɔ ɖoɖo ɖe numama ŋu le Yudanyigba blibo la dzi; ewɔ nu si nyo eye wòdze la, le Yehowa, eƒe Mawu la ŋkume.
به این ترتیب حِزِقیای پادشاه در مورد توزیع هدایا در سراسر یهودا اقدام نمود و آنچه در نظر خداوند، خدایش پسندیده و درست بود بجا آورد.
21 Edze agbagba vevie be yeana ameawo nabu gbedoxɔ la kple se la eye woanɔ agbe si adze Mawu ŋu. Nu siawo katã dze edzi nɛ nyuie.
او با تمام دل و جان آنچه برای خانهٔ خدا لازم بود انجام می‌داد و از شریعت و احکام خدا پیروی می‌نمود و به همین جهت همیشه موفق بود.

< Kronika 2 31 >