< Kronika 2 30 >

1 Hezekia ɖo du ɖe Israel kple Yuda blibo la eye wòŋlɔ agbalẽwo hã ɖo ɖe Efraim kple Manase toawo, nɔ wo kpem be woava Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem eye woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la.
Et Ézéchias envoya en tout Israël et en Juda, et il écrivit des lettres à Ephraïm et à Manassé, pour qu'ils vinssent au temple du Seigneur à Jérusalem, faire la Pâque du Seigneur Dieu d'Israël.
2 Fia la kple eƒe dziɖulawo kple ameha blibo la si nɔ Yerusalem ɖo tame be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti evelia me.
Et le roi, et les princes et toute l'Église de Jérusalem, résolurent de faire la Pâque le second mois.
3 Womete ŋu ɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe o elabena nunɔla siwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu la mesɔ gbɔ o eye ameawo mekpe ta ɖe Yerusalem o.
Car ils ne la pouvaient faire en ce moment, parce qu'il n'y avait point assez de prêtres consacrés, et que tout le peuple n'était point réuni à Jérusalem.
4 Fia la kple eƒe aɖaŋudelawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi
Et cette décision fut agréable au roi et à toute l'Église.
5 eya ta woɖe gbeƒã Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu to Israelnyigba blibo la dzi, tso Dan yi Beerseba eye wokpe ame sia ame va Yerusalem hena ŋkekenyuia ɖuɖu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, elabena eteƒe didi Israelviwo megaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ, abe ale si woŋlɔe ɖi ene o.
Ils ordonnèrent aussi que l'on proclamât en tout Israël, depuis Bersabée jusqu'à Dan, que l'on eût à venir pour faire la Pâque du Seigneur Dieu à Jérusalem; car la multitude ne l'avait jamais faite comme le prescrit l'Écriture.
6 Dɔlawo xɔ agbalẽawo le fia la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le le Israel blibo la kple Yuda eye wogblɔ le fia la ƒe sedede nu be be, “Israelviwo, mitrɔ gbɔ va Yehowa, Abraham kple Isak kple Israel ƒe Mawu la gbɔ, ale be eya hã natrɔ ɖe mi ame siwo do le Asiria fiawo ƒe ŋusẽ te la ŋu.
Les courriers, avec les lettres du roi et des princes, parcoururent tout Juda et tout Israël, selon l'ordre d'Ézéchias, et ils dirent: Fils d'Israël, revenez au Seigneur Dieu d'Abraham, d'Isaac et d'Israël; ramenez ceux de vous qui survivent et qui ont échappé aux mains du roi d'Assyrie.
7 Miganɔ abe mia nɔviwo, ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ŋu eye wòtsrɔ̃ wo la ene o.
Ne soyez pas comme vos pères et vos frères; ils se sont séparés du Seigneur Dieu de leurs pères, et le Seigneur les a livrés à la dévastation, comme vous avez vu.
8 Miganye kɔlialiatɔwo abe woawo ene o, ke boŋ miɖe asi le mia ɖokuiwo ŋu na Yehowa eye miatrɔ va eƒe gbedoxɔ si ŋu wokɔ tegbee la me. Misubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ale be eƒe dɔmedzoe helihelĩ la naɖe ɖa le mia dzi.
Maintenant donc, n'endurcissez point vos cœurs comme vos pères; glorifiez le Seigneur votre Dieu, entrez dans le lieu saint qu'il a consacré pour toujours; servez le Seigneur votre Dieu, et il détournera de vous sa terrible colère.
9 Ne miegatrɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu la, ame siwo ɖe aboyo mia nɔviwo kple mia viwo la, akpɔ nublanui na wo eye woagate ŋu atrɔ agbɔ va anyigba sia dzi elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee eya ta magble mí ɖi, ne míetrɔ ɖe eŋu o.”
Car, lorsque vous serez revenus au Seigneur, vos frères et vos enfants trouveront miséricorde chez ceux qui les ont emmenés captifs, et Dieu vous les ramènera en cette terre; car le Seigneur notre Dieu est miséricordieux et compatissant, et il ne détournera point de vous sa face, si nous retournons à lui.
10 Ale dɔlawo tsa le duwo katã me le Efraim kple Manase kple Zebulon. Ke enuenu la, ameawo xɔa wo kple nukoko kple vlodoame!
Et les courriers passèrent de ville en ville, dans les montagnes d'Ephraïm et de Manassé, jusqu'à Zabulon, et ils furent un sujet de risée et de raillerie.
11 Ke ame aɖewo ya tso Aser, Manase kple Zebulon ƒe viwo dome trɔ ɖe Mawu ŋu eye wova Yerusalem.
Toutefois, des hommes d'Aser, de Manassé et de Zabulon, rentrèrent en eux-mêmes, et vinrent à Jérusalem en Juda.
12 Le Yuda la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nyɔ didi sesẽ aɖe le dukɔ blibo la me be woawɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi abe ale si fia la kple eŋumewo bia tso wo si la ene.
Car la main du Seigneur excita leur cœur à partir et à suivre les ordres du roi et des princes, selon la parole du Seigneur.
13 Ale ameha gã aɖe va kpe ta ɖe Yerusalem le ɣleti evelia me hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu.
Une grande multitude se réunit donc à Jérusalem pour faire la fête des azymes le second mois; l'Église fut très-nombreuse.
14 Wogbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo katã le Yerusalem eye wolɔ woƒe gbagbãwo yi ɖakɔ ɖe Kidron tɔʋu la me.
Et ils se levèrent, et ils abattirent dans Jérusalem tous les autels où l'on brûlait de l'encens pour les faux dieux; ils les enlevèrent et les jetèrent dans le torrent de Cédron.
15 Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ameawo wu alẽviwo hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Ŋukpe lé nunɔlawo kple Levitɔwo, ale wokɔ wo ɖokuiwo ŋu eye wotsɔ numevɔsanuwo yi gbedoxɔ la me.
Et ils immolèrent la pâque le quatorzième jour de la seconde lune, et les prêtres et les lévites, s'étant repentis et purifiés, offrirent des holocaustes dans le temple du Seigneur.
16 Wotsi tsitre ɖe woƒe nɔƒewo abe ale si Mose, Mawu ƒe ame la, ƒe sewo ɖo na wo ene. Levitɔwo tsɔ vɔsalẽwo ƒe ʋu na nunɔlawo eye wohlẽe.
Et chacun se tint à son rang, selon leur ordonnance et selon les commandements de Moïse, homme de Dieu; les prêtres reçurent le sang des mains des lévites.
17 Esi ameawo dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋu o ta la, womete ŋu wu alẽviwo na Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu o eya ta Levitɔwo wu wo na wo eye wotsɔ alẽviawo de asi na Yehowa.
Car la plus grande partie de l'Église ne s'était point encore sanctifiée, et les lévites étaient prêts à immoler la pâque pour tous ceux qui n'avaient pu se sanctifier au Seigneur.
18 Hekpe ɖe esia ŋu la, ame siwo tso Efraim, Manase, Isaka kple Zebulon ƒe hlɔ̃wo me va la, dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋuti o ale womenɔ Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum nyuie ɖe se la nu o. Fia Hezekia do gbe ɖa ɖe wo ta be,
Parmi le peuple d'Ephraïm, de Manassé, d'Issachar, de Zabulon, le plus grand nombre ne s'était pas purifié; mais ils mangèrent la pâque contrairement à l'Écriture; à cause de cela, Ezéchias fit pour eux cette prière, disant: Que le Seigneur, dans sa bonté, soit propice
19 “Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, le wò dɔmenyo ta la, tsɔ nu vɔ̃ ke ame siwo le subɔwòm kple woƒe dzi blibo togbɔ be womekɔ wo ɖokuiwo ŋu o hã.”
A tous les cœurs qui cherchent avec droiture le Seigneur Dieu de leurs pères, quoiqu'ils n'aient point la pureté que veulent les choses saintes.
20 Yehowa se Hezekia ƒe gbedodoɖa eye metsrɔ̃ ameawo o.
Et le Seigneur exauça Ezéchias, et il guérit tout le peuple.
21 Ale Israelviwo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le Yerusalem ŋkeke adre kple dzidzɔ gã. Le ɣe ma ɣi la, Levitɔwo kple nunɔlawo kafua Mawu sesĩe kple hadzidziwo kple gakogoewo gbe sia gbe.
Et les fils d'Israël, qui se trouvaient à Jérusalem, firent la fête des Azymes sept jours, en grande allégresse, célébrant chaque jour le Seigneur; et les prêtres et les lévites accompagnaient leurs chants avec les instruments consacrés.
22 Fia Hezekia kafu Levitɔwo le woƒe ha viviwo dzidzi ta. Ale ŋkekenyui la ɖuɖu yi edzi ŋkeke adre. Wosa akpedavɔwo eye amewo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.
Et Ezéchias parla au cœur des lévites et de tous ceux qui comprenaient le mieux le Seigneur, et ils firent la fête des Azymes sept jours, sacrifiant l'hostie pacifique, et rendant gloire au Seigneur Dieu de leurs pères.
23 Ameawo gayi vividodo ɖe ŋkekenyui la ŋu dzi eya ta wo katã woɖoe be yewoagayi ŋkekenyui la ɖuɖu dzi ŋkeke adre bubu.
Et l'Église résolut de fêter une seconde fois sept jours, et ils les fêtèrent avec joie.
24 Fia Hezekia na nyitsu akpe ɖeka kple alẽ akpe adre ameawo eye fiaviŋutsuwo hã na nyitsu fɛ̃ akpe ɖeka kple alẽ akpe ewo. Nunɔla geɖewo kɔ wo ɖokuiwo ŋu ɣe ma ɣi.
Car Ezéchias offrit à Juda et à l'Église mille bœufs et sept mille brebis, et les princes amenèrent, pour le peuple, mille bœufs et dix mille brebis, et il y eut une multitude de prêtres qui furent sanctifiés.
25 Yudatɔwo, nunɔlawo, Levitɔwo kple amedzrowo kple ame siwo tso Israelnyigba dzi va la kpɔ dzidzɔ gã aɖe.
Et toute l'Église était pénétrée de joie: prêtres, lévites, Église de Juda, peuple réuni à Jérusalem, prosélytes venus de la terre d'Israël, étrangers habitant Juda.
26 Eva eme alea elabena womegaɖu ŋkekenyui sia tɔgbi kpɔ alea le Yerusalem le Solomo, Fia David ƒe vi ƒe ŋkekewo megbe o.
Et l'allégresse fut grande en Jérusalem; on n'y avait point vu pareille fête depuis les jours de Salomon et de David.
27 Azɔ la, nunɔlawo kple Levitɔwo tsi tsitre, yra ameawo eye Yehowa se woƒe gbedodoɖawo le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me le dziƒo.
Et les prêtres et les lévites se levèrent, et ils bénirent le peuple, et leur voix fut entendue, et leur prière monta jusqu'aux saintes demeures de Dieu dans le ciel.

< Kronika 2 30 >