< Kronika 2 3 >
1 Tete Solomo na wodze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme. Wotui ɖe Yerusalem, le Moria to la dzi, afi si Yehowa ɖe eɖokui fia Solomo fofo, Fia David le, afi si Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe nɔ. David tia teƒe ma be wòanye gbedoxɔ la ƒe nɔƒe.
ソロモンはエルサレムのモリアの山に主の宮を建てることを始めた。そこは父ダビデに主が現れられた所、すなわちエブスびとオルナンの打ち場にダビデが備えた所である。
2 Xɔtutu la ŋutɔ dze egɔme le ɣleti evelia ƒe ŋkeke evelia dzi le Fia Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me.
ソロモンが宮を建て始めたのは、その治世の四年の二月であった。
3 Gɔmeɖokpe si Solomo ɖo na Mawu ƒe gbedoxɔ la didi mita blaeve-vɔ-adre eye wòkeke mita asieke le nudzidzenu xoxo la nu.
ソロモンの建てた神の宮の基の寸法は次のとおりである。すなわち昔の尺度によれば長さ六十キュビト、幅二十キュビト、
4 Akpata si nɔ gbedoxɔ la ŋkume la didi mita asieke va se ɖe gbedoxɔ la ƒe kekeme eye wòkɔ mita blaatɔ̃-vɔ-ene. Wofa sika nyuitɔ ɖe eme katã.
宮の前の廊は宮の幅に従って長さ二十キュビト高さ百二十キュビトで、その内部は純金でおおった。
5 Woklã sesewuʋuƒowo ɖe gbedoxɔ la ŋutɔ me, wofa sika nyuitɔ ɖe ʋuƒoawo ŋu eye woɖe detiwo kple kɔsɔkɔsɔwo ɖe sika la me.
またその拝殿はいとすぎの板で張り、精金をもってこれをおおい、その上にしゅろと鎖の形を施した。
6 Etsɔ kpe xɔasi siwo nya kpɔna ŋutɔ la ɖo ɖe gliawo me be woado xɔa me ƒe nyonyo ɖe ŋgɔ. Sika la nye sika nyuitɔ tso Parvaim.
また宝石をはめ込んで宮を飾った。その金はパルワイムの金であった。
7 Wofa sika si me woɖe mawudɔlawo ɖo la ɖe gbedoxɔ la ƒe gliwo, daɖedziwo, ʋɔtruwo kple kpuiawo katã ŋu.
彼はまた金をもってその宮、すなわち、梁、敷居、壁および戸をおおい、壁の上にケルビムを彫りつけた。
8 Teƒe si woyɔna be Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la le gbedoxɔ la ƒe akpa ɖeka. Eƒe didime nye mita asieke eye eƒe kekeme hã nye mita asieke. Wofa sika si ƒe kpekpeme nye “tɔn” blaeve-vɔ-ɖekɛ la ɖe gliawo ŋu.
彼はまた至聖所を造った。その長さは宮の長さにしたがって二十キュビト、幅も二十キュビトである。彼は精金六百タラントをもってこれをおおった。
9 Sikagatagbadzɛ siwo ŋu dɔ wowɔ la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye gram alafa atɔ̃ blaadre. Wofa sika ɖe xɔtaxɔawo hã me.
その釘の金の重さは五十シケルであった。彼はまた階上の室も金でおおった。
10 Solomo na wowɔ mawudɔla eve, efa sika ɖe wo ŋu eye wòtsɔ wo da ɖe xɔ, emetɔ, si nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me.
彼は至聖所に木を刻んだケルビムの像を二つ造り、これを金でおおった。
11 Kerubiawo ƒe aʋalawo ƒe didime le mita ewo. Kerubi gbãtɔ ƒe aʋala ɖeka didi mita eve kple afã eye wotɔ gbedoxɔ la ƒe gli. Aʋala evelia, si hã didi mita eve kple afã la tɔ kerubi evelia ƒe aʋala ɖeka.
ケルビムの翼の長さは合わせて二十キュビトあった。すなわち一つのケルブの一つの翼は五キュビトで、宮の壁に届き、ほかの翼も五キュビトで、他のケルブの翼に届き、
12 Nenema ke kerubi evelia ƒe aʋala ɖeka, si didi mita eve kple afã la tɔ gbedoxɔ la ƒe gli eye eƒe aʋala evelia, si hã didi mita eve kple afã la, tɔ kerubi gbãtɔ ƒe aʋala.
他のケルブの一つの翼も五キュビトで、宮の壁に届き、ほかの翼も五キュビトで、先のケルブの翼に接していた。
13 Kerubi eveawo ƒe aʋalawo didi mita ewo. Wole tsitrenu eye wodze ŋgɔ xɔ gã la.
これらのケルビムの翼は広げると二十キュビトあった。かれらは共に足で立ち、その顔は拝殿に向かっていた。
14 Etsi xɔmetsovɔ si nye aklala si wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka lɔ̃e eye wota mawudɔlawo ɖe eme la ɖe xɔ sia ƒe mɔnu.
ソロモンはまた青糸、紫糸、緋糸および亜麻糸で垂幕を造り、その上にケルビムの縫い取りを施した。
15 Sɔti eve le gbedoxɔ la ƒe mɔnu. Ɖe sia ɖe kɔ mita wuiade. Wotsɔ taɖonu si do tso xɔgbagba la te la ɖo ta na sɔtiawo eye ɖe sia ɖe kɔ mita eve kple afã.
彼は宮の前に柱を二本造った。その高さは三十五キュビト、おのおのの柱の頂に五キュビトの柱頭を造った。
16 Ewɔ kɔsɔkɔsɔwo da ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la, le sɔtiawo tame eye wòtsi yevuboɖa alafa ɖeka ɖe kɔsɔkɔsɔawo ŋu.
彼は首飾のような鎖を造って、柱の頂につけ、ざくろ百を造ってその鎖の上につけた。
17 Etu sɔti eve ɖe gbedoxɔ la ŋkume, ɖeka ɖe dziehe gome, evelia ɖe anyiehe gome eye wòna ŋkɔ wo. Woyɔa dziehetɔ be, Yakin eye woyɔa anyiehetɔ be, Boaz.
彼はこの柱を神殿の前に、一本を南の方に、一本を北の方に立て、南の方のをヤキンと名づけ、北の方のをボアズと名づけた。