< Kronika 2 29 >

1 Hezekia dze fiaɖuɖu gɔme esi wòxɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Abiya, Zekaria ƒe vinyɔnu.
Ezequías comenzó a reinar cuando tenía veinticinco años, y reinó veintinueve años en Jerusalén. Su madre se llamaba Abías, hija de Zacarías.
2 Eɖu fia nyuie le Mawu ƒe ŋkume abe fofoa, David ene.
Hizo lo que era justo a los ojos de Yahvé, conforme a todo lo que había hecho su padre David.
3 Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ ƒe ɣleti gbãtɔ me la, eʋu gbedoxɔ la eye wòdzra ʋɔtruawo ɖo.
En el primer año de su reinado, en el primer mes, abrió las puertas de la casa de Yahvé y las reparó.
4 Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu wo ɖe yaxɔƒe si nɔ ɣedzeƒe lɔƒo
Hizo venir a los sacerdotes y a los levitas y los reunió en el amplio lugar del este,
5 eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Levitɔwo! Mikɔ mia ɖokuiwo ŋu fifia eye miakɔ Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la hã ŋu. Miɖe gudoamenuwo katã ɖa le Kɔkɔeƒe la.
y les dijo: “¡Escúchenme, levitas! Ahora santifíquense y santifiquen la casa de Yahvé, el Dios de sus padres, y saquen la inmundicia del lugar santo.
6 Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe le Yehowa, mía Mawu, ŋkume. Wogble Yehowa kple eƒe gbedoxɔ la ɖi eye wotrɔ megbe dee.
Porque nuestros padres fueron infieles, e hicieron lo que era malo a los ojos de Yahvé, nuestro Dios, y lo abandonaron, y apartaron sus rostros de la morada de Yahvé, y le dieron la espalda.
7 Wotu ʋɔawo goŋgoŋgoŋ, wotsi akaɖi si nɔa bibim la eye womegadoa dzudzɔ alo sãa numevɔ hã o
También han cerrado las puertas del pórtico y han apagado las lámparas, y no han quemado incienso ni ofrecido holocaustos en el lugar santo al Dios de Israel.
8 eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu. Ena míezu ŋɔdzidonamenuwo kple alɔmeɖenuwo abe ale si miele ekpɔm egbea ene.
Por eso la ira de Yahvé ha caído sobre Judá y Jerusalén, y los ha entregado para que sean zarandeados de un lado a otro, para que sean un asombro y un silbido, como lo ves con tus ojos.
9 Wowu mía fofowo le aʋa me eye woɖe aboyo mía vinyɔnuwo kple mía srɔ̃wo le esia ta.
Porque he aquí que nuestros padres han caído a espada, y nuestros hijos, nuestras hijas y nuestras esposas están en cautiverio por esto.
10 “Azɔ la, medi be mawɔ nubabla kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la ale be wòaɖe eƒe dɔmedzoe helihelĩ la ɖa le mía dzi.
Ahora está en mi corazón hacer un pacto con Yahvé, el Dios de Israel, para que su feroz ira se aparte de nosotros.
11 Vinyewo, migagbe miaƒe dɔdeasiwo wɔwɔ azɔ o elabena miawoe Yehowa tia be miasubɔ ye eye miado dzudzɔ na ye.”
Hijos míos, no os descuidéis ahora, porque Yahvé os ha elegido para que estéis delante de él, para que le sirváis, y para que seáis sus ministros y queméis incienso.”
12 Levitɔwo ƒe vi siwo nɔ afi ma hena subɔsubɔdɔ la woe nye: ame siwo tso Kohat ƒe hlɔ̃ me: Mahat, Amasai ƒe vi; Yoel, Azaria ƒe vi. Ame siwo tso Merari ƒe hlɔ̃ me: Kis, Abdi ƒe vi kple Azaria, Yehalelel ƒe vi. Ame siwo tso Gerson ƒe hlɔ̃ me: Yoas, Zima ƒe vi kple Eden, Yoa ƒe vi.
Entonces se levantaron los levitas: Mahat, hijo de Amasai, y Joel, hijo de Azarías, de los hijos de los coatitas; y de los hijos de Merari, Cis, hijo de Abdi, y Azarías, hijo de Jehallelel; y de los gersonitas, Joah, hijo de Zimma, y Edén, hijo de Joah
13 Ame siwo tso Elizafan ƒe hlɔ̃ me: Yeiel kple Simri. Ame siwo tso Asaf ƒe hlɔ̃ me: Zekaria kple Matania.
y de los hijos de Elizafán, Simri y Jeuel; y de los hijos de Asaf, Zacarías y Matanías;
14 Ame siwo tso Heman ƒe hlɔ̃ me: Yehiel kple Simei. Ame siwo tso Yedutun ƒe hlɔ̃ me. Semaya kple Uziel.
y de los hijos de Hemán, Jehuel y Simei; y de los hijos de Jedutún, Semaías y Uziel.
15 Woawo hã yɔ Levitɔ bubuawo, wokɔ wo ɖokuiwo ŋuti eye wode asi gbedoxɔ la dzadzraɖo kple eŋu kɔkɔ me, abe ale si fia la gblɔ Yehowa ƒe nya na wo eye wòɖe gbe na wo be woawɔ ene.
Reunieron a sus hermanos, se santificaron y entraron, según el mandato del rey por palabras de Yahvé, a limpiar la casa de Yahvé.
16 Nunɔlawo dzra xɔ emetɔ le gbedoxɔ la me ɖo eye wolɔ ʋuʋudedi kple nu gbegblẽwo katã tso afi ma va kɔ ɖe xɔxɔnu. Levitɔwo lɔ nu siawo yi Kidron tɔʋu la me.
Los sacerdotes entraron en el interior de la casa de Yahvé para limpiarla, y sacaron toda la impureza que encontraron en el templo de Yahvé al atrio de la casa de Yahvé. Los levitas la sacaron de allí para llevarla al arroyo Cedrón.
17 Wodze nu siawo katã wɔwɔ gɔme le Ɣleti gbatɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi eye woɖo xɔxɔnu egodotɔ le ŋkeke enyilia dzi. Wowɔ dɔ le afi sia hã ŋkeke enyi; ale wotsɔ ŋkeke wuiade wɔ dɔ blibo lae.
El primer día del primer mes comenzaron a santificar, y el octavo día del mes llegaron al pórtico de Yahvé. Santificaron la casa de Yahvé en ocho días, y el día dieciséis del primer mes terminaron.
18 Le esia megbe la, wotrɔ yi Fia Hezekia gbɔ le eƒe fiasã la me eye wogblɔ nɛ be, “Míewu gbedoxɔ la, numevɔsamlekpui la, Ŋkumeɖobolo ƒe kplɔ̃ la kple eŋunuwo ŋu kɔkɔ nu.
Luego entraron al rey Ezequías dentro del palacio y le dijeron: “Hemos limpiado toda la casa de Yahvé, incluyendo el altar del holocausto con todos sus utensilios, y la mesa del pan de la feria con todos sus utensilios.
19 Gawu la, míefɔ gbedoxɔmenu siwo Fia Ahaz tsɔ ƒu gbe esi wòtu gbedoxɔ la eye míekɔ woawo hã ŋuti. Míetsɔ wo da ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la gbɔ.”
Además, hemos preparado y santificado todos los utensilios que el rey Ajaz tiró en su reinado cuando fue infiel. He aquí que están ante el altar de Yahvé”.
20 Esi ŋu ke ŋdi kanyaa la, Fia Hezekia yi Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple dumegãwo.
Entonces el rey Ezequías se levantó temprano, reunió a los príncipes de la ciudad y subió a la casa de Yahvé.
21 Wotsɔ nyitsu adre, agbo adre, alẽvi adre kple gbɔ̃tsu adre sa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ɖe fiaɖuƒe, Kɔkɔeƒe la kple Yuda ta. Egblɔ na nunɔlaawo, Aron ƒe dzidzimeviwo, be woatsɔ wo asa vɔe le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi.
Trajeron siete toros, siete carneros, siete corderos y siete machos cabríos, como ofrenda por el pecado por el reino, por el santuario y por Judá. Ordenó a los sacerdotes hijos de Aarón que los ofrecieran sobre el altar de Yahvé.
22 Ale wowu nyitsuawo eye nunɔlaawo tsɔ ʋua hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Emegbe wowu agboawo eye wotsɔ woƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Nenema ke wowu alẽviawo eye wotsɔ eƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu.
Mataron los toros, los sacerdotes recibieron la sangre y la rociaron sobre el altar. Mataron los carneros y rociaron la sangre sobre el altar. También mataron los corderos y rociaron la sangre sobre el altar.
23 Wokplɔ gbɔ̃tsu siwo wotsɔ vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la va fia la kple ameha la ŋkume eye woda woƒe asiwo ɖe wo dzi.
Acercaban los machos cabríos para la ofrenda por el pecado ante el rey y la asamblea, y les imponían las manos.
24 Le esia megbe la, nunɔlaawo wu gbɔ̃tsuawo eye wotsɔ woƒe ʋu sa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa le vɔsamlekpui la dzi be wòalé avu ɖe Israel blibo la nu abe ale si fia la ɖoe ene elabena fia la ɖo be woasa numevɔ la kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ɖe dukɔ blibo la nu.
Luego los sacerdotes los mataron, e hicieron una ofrenda por el pecado con su sangre sobre el altar, para hacer expiación por todo Israel, pues el rey ordenó que el holocausto y la ofrenda por el pecado se hicieran por todo Israel.
25 Eda Levitɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo abe ale si David kple Gad, fia la ƒe nukpɔla kple Natan, nyagblɔɖila la ɖoe da ɖi la ene. Yehowae de se sia to eƒe nyagblɔɖilawo dzi.
Puso a los levitas en la casa de Yahvé con címbalos, con instrumentos de cuerda y con arpas, según el mandato de David, de Gad, el vidente del rey, y del profeta Natán; porque el mandato era de Yahvé por medio de sus profetas.
26 Ale Levitɔwo nɔ klalo kple David ƒe haƒonuwo eye nunɔlaawo nɔ klalo kple woƒe kpẽwo.
Los levitas estaban con los instrumentos de David, y los sacerdotes con las trompetas.
27 Hezekia ɖe gbe be woawɔ numevɔsa la le vɔsamlekpui la dzi. Esi wodze vɔsasa la gɔme la, hadzidzi na Yehowa hã dze egɔme eye kpẽkuku kple hadzidziŋunu siwo Israel fia David wɔ la kplɔe ɖo.
Ezequías les ordenó que ofrecieran el holocausto sobre el altar. Cuando comenzó el holocausto, también comenzó el canto de Yahvé, junto con las trompetas y los instrumentos de David, rey de Israel.
28 Esime hadzilawo nɔ ha dzim eye wonɔ kpẽawo kum la, ameha blibo la de ta agu hesubɔ. Esiawo yi edzi va se ɖe esime numevɔsa la wu enu.
Toda la asamblea adoraba, los cantores cantaban y los trompeteros tocaban. Todo esto continuó hasta que se terminó el holocausto.
29 Esi vɔsawo wu enu la, fia la kple ame siwo katã nɔ teƒea kplii la dze klo hesubɔ.
Cuando terminaron de ofrecer, el rey y todos los que estaban presentes con él se inclinaron y adoraron.
30 Fia Hezekia kple eŋumewo ɖe gbe na Levitɔwo be woakafu Yehowa kple David kple nukpɔla Asaf ƒe hagbewo. Ale wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ eye wode woƒe tawo agu hesubɔ.
Además, el rey Ezequías y los príncipes ordenaron a los levitas que cantaran alabanzas a Yahvé con las palabras de David y del vidente Asaf. Cantaron alabanzas con alegría, e inclinaron la cabeza y adoraron.
31 Hezekia gblɔ be, “Míewu ŋutikɔkɔ ƒe kɔnuwo nu, azɔ la, mitsɔ miaƒe nunanawo kple akpedavɔsanuwo vɛ.” Ale ameawo tso dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe tsɔ woƒe nunanawo kple akpedavɔsanuwo vɛ eye ame siwo lɔ̃ la, tsɔ numevɔsanuwo hã vɛ.
Entonces Ezequías respondió: “Ahora ustedes se han consagrado a Yahvé. Acérquense y traigan sacrificios y ofrendas de agradecimiento a la casa de Yahvé”. La asamblea trajo sacrificios y ofrendas de agradecimiento, y todos los que tenían un corazón dispuesto trajeron holocaustos.
32 Nu siwo ameha la tsɔ vɛ na numevɔsa lae nye nyitsu blaadre, agbo alafa ɖeka kple agbovi alafa eve. Wotsɔ nu siawo katã vɛ hena numevɔsasa na Yehowa.
El número de los holocaustos que trajo la asamblea fue de setenta toros, cien carneros y doscientos corderos. Todo esto era para el holocausto a Yahvé.
33 Ke lã siwo ŋuti wokɔ abe vɔsalãwo ene la, le nyitsu alafa ade, alẽ kple gbɔ̃ akpe etɔ̃.
Las cosas consagradas eran seiscientas cabezas de ganado y tres mil ovejas.
34 Ke nunɔlawo mesɔ gbɔ na numevɔ la sasa o, ale wo nɔvi Levitɔwo kpe ɖe wo ŋu va se ɖe esime wowu dɔ la nu eye va se ɖe esime nunɔla geɖewo va dɔwɔƒe la; elabena Levitɔwo nɔ klalo be yewoakɔ yewo ɖokuiwo ŋu wu ale si nunɔlawo nɔ klaloe.
Pero los sacerdotes eran muy pocos, de modo que no podían desollar todos los holocaustos. Por lo tanto, sus hermanos los levitas les ayudaron hasta que se terminó la obra y hasta que los sacerdotes se santificaron, pues los levitas eran más rectos de corazón para santificarse que los sacerdotes.
35 Numevɔsawo sɔ gbɔ kpe ɖe woƒe nunovɔsawo ŋu eye akpedavɔsawo hã sɔ gbɔ. Ale wogadze mawusubɔsubɔ kple vɔwo sasa gɔme le gbedoxɔ la me.
Además, los holocaustos eran abundantes, con la grasa de las ofrendas de paz y con las libaciones de cada holocausto. Así se puso en orden el servicio de la casa de Yahvé.
36 Hezekia kple ameawo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu siwo Mawu wɔ le ɣeyiɣi kpui ma me la ta.
Ezequías y todo el pueblo se alegraron por lo que Dios había preparado para el pueblo, pues la cosa se hizo de repente.

< Kronika 2 29 >