< Kronika 2 28 >

1 Ahaz xɔ ƒe blaeve esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem, ke mewɔ nu si dzɔ le Yehowa ŋkume abe tɔgbuia David ene o.
Ahaz was twenty years old when he began to reign, and he reigned sixteen years in Jerusalem. He did not do what was right in the eyes of Yahweh, as David his ancestor had done.
2 Edze fia siwo nɔ Israel la ƒe kpɔɖeŋuwo yome eye wòsubɔ Baal ƒe legbawo.
Instead, he walked in the ways of the kings of Israel; he also made cast metal figures for the Baals.
3 Edea Ben Hinom ƒe Balime gɔ̃ hã, menye be yeado dzudzɔ na legbawo ko o, ke boŋ etsɔ eya ŋutɔ viawo sa vɔe le dzo me abe ale si trɔ̃subɔla siwo Yehowa nya le anyigba la dzi be Israel nakpɔ teƒe la wɔna ene.
In addition, he burned incense in the Valley of Ben Hinnom and he caused his children to pass through the fire, according to the idolatrous practices of the people that Yahweh forced out of their land before the people of Israel.
4 Esa vɔ eye wòdoa dzudzɔ hã le nuxeƒewo le toawo dzi kple le vɔsamlekpui geɖe siwo le atiwo te la dzi.
He sacrificed and burned incense at the high places and on the hills and under every green tree.
5 Nu sia ta Yehowa Mawu tsɔe de asi na Aram fia eye wosii heɖe aboyo eƒe ame geɖewo yi Damasko. Wotsɔe de asi na Israel fia hã, ame si sii vevie ŋutɔ.
Therefore Yahweh the God of Ahaz gave him into the hand of the king of Aram. The Arameans defeated him and carried away from him a great crowd of prisoners, bringing them to Damascus. Ahaz was also given into the hand of the king of Israel who defeated him in a great slaughter.
6 Le ŋkeke ɖeka pɛ aɖe dzi la, Peka, Remalia ƒe vi, wu Yudatɔwo ƒe aʋawɔla kalẽtɔ akpe alafa ɖeka blaeve sɔŋ elabena wotrɔ le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, yome.
For Pekah son of Remaliah in one day killed 120,000 soldiers in Judah and all of them were powerful men, because they had forsaken Yahweh the God of their ancestors.
7 Emegbe la, Zikri, aʋawɔla sesẽ aɖe, tso Efraim, wu fiavi, Maaseya kple fia la ƒe kpeɖeŋutɔ, Azrikam kple Elkana, ame si nye ŋusẽtɔ evelia kplɔ fia la ɖo.
Zicri, a powerful man from Ephraim, killed Maaseiah the king's son, Azrikam, the official over the palace, and Elkanah, who was next to the king.
8 Israelviwo ƒe aʋakɔwo ɖe aboyo Yudatɔwo ƒe nyɔnu kple ɖevi akpe alafa eve eye woha afunyinu geɖewo tsɔ yi Samaria.
The army of Israel took captive from their relatives 200,000 wives, sons, and daughters. They also took much plunder, which they carried back to Samaria.
9 Ke Obed, Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe nɔ afi ma le Samaria. Èɖado go aʋakɔ si trɔ gbɔna aƒe eye wòdo ɣli be, “Kpɔ ɖa! Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, do dɔmedzoe ɖe Yuda ŋu eye wòna miesi eƒe amewo eye miewu wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Nu sia medze dziƒo blibo la ŋu o.
But a prophet of Yahweh was there, his name was Oded. He went out to meet the army coming into Samaria. He said to them, “Because Yahweh, the God of your ancestors, was angry with Judah, he gave them into your hand. But you have slaughtered them in a rage that reached up to heaven.
10 Azɔ la, ɖe miele nana ge Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo siaa nazu kluviwoa? Mieɖo ŋku miawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo miewɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ŋuti dzi oa?
Now you intend to keep the men and women of Judah and Jerusalem as your slaves. But are you not guilty of sins of your own against Yahweh your God?
11 Miɖo tom eye miagbugbɔ miaƒe ƒometɔwo ayi wo dewoe kpoo elabena azɔ la, Yehowa ƒe dɔmedzoe le bibim sesĩe ɖe mia ŋu.”
Now then, listen to me: Send the prisoners back, those whom you have taken of your own brothers, for Yahweh's fierce wrath is on you.”
12 Efraim ƒe kplɔlawo ƒe amegã aɖewo hã ƒo nu tsi tsitre ɖe nuwɔna sia ŋu. Ame siawoe nye Azaria, Yehohanan ƒe vi kple Berekia, Mesilemɔt ƒe vi kple Yehizkiya, Salum ƒe vi kple Amasa, Hadlai ƒe vi.
Then certain leaders of the people of Ephraim—Azariah son of Jehohanan, Berechiah son of Meshillemoth, Jehizkiah son of Shallum, and Amasa son of Hadlai, stood up against those who came back from the war.
13 Wogblɔ be, “Miekpɔ mɔ akplɔ aboyomeawo va afi sia o. Ne miekplɔ wo vɛ la, Yehowa ado dɔmedzoe eye nu vɔ̃ sia akpe ɖe miaƒe nu vɔ̃ bubu geɖeawo ŋu. Dɔmedzoe si Mawu do ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ xoxo.”
They said to them, “You must not bring the prisoners here, for you intend something that will bring on us sin against Yahweh, to add to our sins and trespasses, for our trespass is great, and there is fierce wrath against Israel.”
14 Ale asrafomegãwo tsɔ aboyomeawo kple afunyinuawo de asi na dukɔa kplɔlawo be woabu ta me tso nu si woawɔ kple wo la ŋu.
So the armed men left the prisoners and the plunder before the leaders and all the assembly.
15 Ame ene siwo woyɔ va yi la, ma awuwo tso afunyinuawo me na nyɔnu kple ɖevi siwo hiã awuwo eye wotsɔ afɔkpawo, nuɖuɖu kple wain na wo. Wotsɔ dɔnɔwo kple ame tsitsiwo ɖe tedziwo dzi, gbugbɔ wo yi na woƒe ƒometɔwo le Yeriko, Detiwo Ƒe Du me eye ame siwo kplɔ wo yi la trɔ va Samaria.
The men who were assigned by name got up and took the prisoners, and clothed all who were naked among them with the plunder. They clothed them and gave them sandals. They gave them food to eat and drink. They treated their wounds and put the weak ones on donkeys. They took them back to their families in Jericho, (called the City of Palms). Then they returned to Samaria.
16 Le ɣe ma ɣi me la, fia Ahaz dɔ ame ɖo ɖe Asiria fiawo be woava xɔ na ye.
At that time King Ahaz sent messengers to the kings of Assyria to ask them to help him.
17 Edomtɔwo gava dze Yuda dzi eye woɖe aboyo ameawo
For once again the Edomites had come and attacked Judah, carrying prisoners away.
18 le esime Filistitɔwo va ha du siwo nɔ togbeawo dzi kple esiwo nɔ Negev le Yuda. Woxɔ du siawo: Bet Semes, Aiyalon kple Gederot Timna, Soko kple Gimzo kpakple kɔƒe siwo ƒo xlã wo eye wonɔ wo me.
The Philistines also invaded the cities of the lowlands and of the Negev of Judah. They took Beth Shemesh, Aijalon, Gederoth, Soko with its villages, Timnah with its villages, and also Gimzo with its villages. They went to live in those places.
19 Esia va eme elabena Yehowa bɔbɔ Yuda ɖe anyi le Yuda fia, Ahaz ƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ta elabena egblẽ Yudatɔwo ƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ me eye menɔ Yehowa yome o.
For Yahweh brought Judah low because of Ahaz, king of Israel; for he had acted wickedly in Judah and had sinned against Yahweh very heavily.
20 Ke esi Asiria fia Tilgat Pilneser va ɖo la, eɖe fu na Fia Ahaz le esime wòakpe ɖe eŋu teƒe.
Tiglath-Pileser, king of Assyria, came to him and troubled him instead of strengthening him.
21 Ale, Ahaz tsɔ nu siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple fiasã la me ƒe akpa aɖewo kpakple dɔnunɔlawo tɔ hetsɔ na Asiria fia la gake egbe kpekpe ɖe eŋu.
For Ahaz plundered the house of Yahweh and the houses of the king and the leaders, to give the valuable things to the kings of Assyria. But doing this did not benefit him.
22 Fia Ahaz ŋlɔ Mawu be le eƒe xaxaɣi sia me.
This same King Ahaz sinned even more against Yahweh in his time of suffering.
23 Esa vɔ na Damaskotɔ siwo ɖu edzi le aʋa me la ƒe mawuwo elabena ebu be, mawu siawoe kpe ɖe Siria fia ŋu eya ta woakpe ɖe ye hã ŋu ne yesa vɔ na wo. Ke mawu mawo boŋue he dzɔgbevɔ̃e va eya ŋutɔ kple Israel katã dzi.
For he sacrificed to the gods of Damascus, gods that had defeated him. He said, “Because the gods of the kings of Aram helped them, I will sacrifice to them, so that they might help me.” But they were the ruin of him and of all Israel.
24 Fia la tsɔ sikatreawo tso gbedoxɔ la me eye wògbã wo kakɛkakɛ. Etu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ale be ame aɖeke magasubɔ Mawu le afi ma o eye wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yerusalem ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi.
Ahaz gathered together the furnishings of the house of God and cut them to pieces. He shut the doors of the house of Yahweh and he made for himself altars in every corner of Jerusalem.
25 Gawu la, ewɔ nu ma ke le Yuda ƒe du ɖe sia ɖe me eye wòto esia me do dɔmedzoe na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu.
In every city of Judah he made high places to burn sacrifices to other gods. He provoked Yahweh, the God of his ancestors, to anger.
26 Woŋlɔ nu tso Fia Ahazia ƒe agbenɔnɔ kple nuwɔwɔ bubuawo tso gɔmedzedzea va se nuwuwu ŋu ɖe Yuda fiawo kple Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me.
Now the rest of his deeds, and all his ways, first and last, see, they are written in the book of the kings of Judah and Israel.
27 Esi Fia Ahaz ku la, woɖii ɖe Yerusalem du la me, ke menye ɖe fiawo ƒe ɖiƒe o, eye via Hezekia zu fia ɖe eteƒe.
Ahaz slept with his ancestors, and they buried him in the city, in Jerusalem, but they did not bring him into the tombs of the kings of Israel. Hezekiah, his son, became king in his place.

< Kronika 2 28 >