< Kronika 2 27 >

1 Yotam xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadae nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu.
Huszonöt esztendős vala Jótám, mikor uralkodni kezde, és tizenhat esztendeig uralkodék Jeruzsálemben; az ő anyjának neve Jérusa vala, a Sádók leánya.
2 Yotam Ewɔ nu dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa, Uzia, wɔ ene. Ke eya mege ɖe gbedoxɔ la me abe fofoa ene o; ke eƒe amewo ya yi nu gbegblẽ wɔwɔ dzi.
És kedves dolgot cselekedék az Úr előtt, mint az ő atyja, Uzziás is cselekedett vala, csakhogy nem méne az Úr templomába; a nép azonban tovább is vétkezék.
3 Yotam tu Dzigbegbo ɖe gbedoxɔ la ŋu eye wògbugbɔ gli siwo le Ofel toa dzi, afi si gbedoxɔ la le la ƒe akpa gã aɖe tu.
Ő építé meg az Úr házának felső kapuját; a vár kőfalán is sokat építe.
4 Etso duwo ɖe Yuda ƒe tonyigba la dzi eye wòtu mɔwo kple xɔ kɔkɔwo ɖe avewo me le toawo dzi.
Annakfelette a Júda hegyes földén városokat építe, és a ligetekben palotákat és tornyokat építe.
5 Yotam wɔ aʋa kple Amonitɔwo ƒe fia eye wòɖu edzi. Le ƒe ma me la, Amonitɔwo tsɔ klosalo si ƒe kpekpeme nye kilogram akpe etɔ̃ alafa ene, lu tɔn akpe eve alafa eve kple ƒo tɔn akpe eve alafa eve vɛ nɛ. Amonitɔwo tsɔ nu siawo ke vɛ nɛ le ƒe evelia kple etɔ̃lia siaa me.
Ő is hadakozott az Ammon fiainak királyai ellen, a kiket megvere; és adának néki az Ammon fiai azon esztendőben száz tálentom ezüstöt s tízezer véka búzát és tízezer véka árpát. Ezt fizették néki az Ammon fiai a második és harmadik esztendőben is.
6 Fia Yotam kpɔ ŋusẽ ŋutɔ elabena ekpɔ egbɔ be yezɔ nyuie le Yehowa, eƒe Mawu la ƒe mɔ dzi ɣe sia ɣi.
És hatalmassá lőn Jótám, mert útjában az Úr előtt, az ő Istene előtt járt.
7 Woŋlɔ Yotam ƒe ŋutinya mamlɛa, eƒe aʋawɔwɔwo kple eƒe wɔna bubuwo ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinyawo me.
Jótámnak pedig több dolgait, minden hadakozásait és útjait, ímé megírták az Izráel és a Júda királyainak könyvében.
8 Le ŋutinya la nu la, Yotam xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiade.
Huszonöt esztendős korában kezdett uralkodni, és tizenhat esztendeig uralkodék Jeruzsálemben.
9 Esi wòku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Ahaz ɖu fia ɖe eteƒe.
És elaluvék Jótám az ő atyjával, és eltemeték őt a Dávid városában; és uralkodék Akház, az ő fia helyette.

< Kronika 2 27 >