< Kronika 2 25 >

1 Amazia xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ asieke. Dadaa ŋkɔe nye Yehoadin, tso Yerusalem.
Amaziah was twenty-five when he became king, and he reigned in Jerusalem for twenty-nine years. His mother's name was Jehoaddan and she came from Jerusalem.
2 Ewɔa nu si dze Mawu ŋu enuenu gake menye ɣe sia ɣi o!
He did what was right in the Lord's sight but not with complete commitment.
3 Esi wòkpɔ be fiaɖuƒe la li ke ɖe yeƒe asi me la, ewu dumegã siwo katã wu fofoa.
After he had made sure his rule was secure, he executed the officers who had murdered his father the king.
4 ke mewu wo viwo ya o. Ewɔ ɖe Yehowa ƒe se si wòde woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene be, “Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, nenema ke viwo hã maku ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o, ke boŋ ele be ame sia ame naku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta.”
However, he did not kill their sons, as is written in the Law, in the book of Moses, where the Lord commanded: “Fathers must not be executed for their children, and children must not be executed for their fathers. Everyone is to die for their own sin.”
5 Gawu la, Amazia yɔ Yuda katã ƒo ƒu eye wòde dɔ asi na wo le woƒe ƒomeawo nu be, woanye asrafo akpewo kple asrafo alafa ɖekawo ƒe aʋafiawo na Yuda kple Benyamin katã. Emegbe la etia ɖekakpui siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema eye wokpɔ be woƒe xexlẽme de akpe alafa etɔ̃, wole klalo na asrafodɔ wɔwɔ ame siwo ate ŋu awɔ akplɔ kple akpoxɔnu ŋu dɔ nyuie.
Then Amaziah called up the people of Judah for military service, and assigned them by families to commanders of thousands and of hundreds. He also took a census of those twenty years of age and older throughout Judah and Benjamin, and found there was 300,000 first-rate fighting men who could use spear and shield.
6 Hekpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa ɖeka tso Israel kple klosaloga tɔn etɔ̃.
He also hired 100,000 battle-ready fighting men from Israel for a hundred talents of silver.
7 Ke nyagblɔɖila aɖe va gblɔ nya si tso Mawu gbɔ la nɛ be, “Oo fia, mègatsɔ aʋawɔlawo tso Israel o elabena Yehowa meli kpli wo o.
But a man of God came to him and said, “Your Majesty, don't let this army of Israel join you, for the Lord is not with Israel, with these sons of Ephraim!
8 Ne èna woyi aʋa la kple wò amewo la, aleke ke miawɔ aʋa lae hã la, woaɖu mia dzi kokoko elabena ŋusẽ le Mawu si be wòakpe ɖe mia ŋu loo alo wòagblẽ nu me na mi.”
Even if you fight bravely, God will let you stumble and fall before the enemy, for God has the power to help you or let you fall.”
9 Amazia bia Mawu ƒe ame la be, “Klosaloga tɔn etɔ̃ kple afã si mexe ɖe Israel ƒe aʋakɔwo ta ya ɖe?” Mawu ƒe ame la ɖo eŋu nɛ be, “Yehowa ate ŋu ana ga wò wòasɔ gbɔ sãa wu ema.”
Amaziah asked the man of God, “But what about the hundred talents of silver I paid the army of Israel?” “The Lord can give you much more than that!” replied the man of God.
10 Ale Amazia na aʋawɔla siwo wòtsɔ la trɔ dzo yi Efraim. Nu sia na wobu be, Amazia ɖi gbɔ̃ yewo eye wodo dɔmedzoe ɖe eŋuti ŋutɔ.
So Amaziah dismissed the army he'd hired from Ephraim and sent them home. They became very angry with Judah, and returned home furious.
11 Dzi ɖo Amazia ƒo, ekplɔ eƒe aʋakɔ yi Dze Balime eye wowu ame akpe ewo tso Seir.
Amaziah then bravely led his army to the Valley of Salt, where they attacked the Edomite army from Seir, and killed ten thousand of them.
12 Wolé ame akpe ewo bubu agbagbe, kplɔ wo yi to aɖe tame; wotu asi wo tso afi ma eye woge dze agakpewo dzi le balime la, nuvevi wɔ wo eye woku.
The army of Judah also captured another ten thousand, took them to the top of a cliff and threw them off, killing them all.
13 Israel ƒe aʋakɔ si Amazia gbugbɔ ɖo ɖe aƒe la, ge ɖe Yudanyigba dzi eye woha nu le du geɖewo me le Bet Horon lɔƒo ɖo ta Samaria. Wowu ame akpe etɔ̃ eye woha aboyonu geɖewo.
But the men of the army Amaziah sent home, refusing to let them go with him to battle, raided the towns of Judah, from Samaria to Beth-horon They killed 3,000 of their inhabitants and took a great deal of plunder.
14 Esi Fia Amazia ɖu Edomtɔwo dzi eye wòtrɔ gbɔ la, etsɔ legba siwo woxɔ le Seirtɔwo si la gbɔe. Etsɔ wo ɖo mawuwoe, dea ta agu na wo eye wòdoa dzudzɔ na wo.
When Amaziah returned from killing the Edomites, he brought back the gods of the people of Seir and set them up as his own gods, worshiped them, and offered sacrifices to them.
15 Nu sia do dɔmedzoe na Yehowa ŋutɔ, eya ta wòɖo nyagblɔɖila aɖe ɖa be wòabia Amazia be, “Nu ka ta nèsubɔ mawu siwo mete ŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe amewo tso wò asi me o ɖo?”
The Lord became angry with Amaziah and he sent a prophet to him, who said to him, “Why would you worship the gods of a people who couldn't even save their own people from you?”
16 Fia Amazia ɖo eŋu na nyagblɔɖila la be, “Ɣe ka ɣie mebia wò aɖaŋuɖoɖo kpɔ? Zi ɖoɖoe kaba, ne menye nenema o la, mana woawu wò.” Esi nyagblɔɖila la dzo yina la, egblɔ na Fia Amazia be, “Menya be Mawu ɖo ta me be yeatsrɔ̃ wò le esi nèsubɔ legba siawo eye mèse nye nuxlɔ̃amenya o la ta.”
But while he was still speaking, the king said to him, “Have we made you a counselor to the king? Stop right now! Do you want to be struck down?” So the prophet stopped, but said, “I know that God has decided to destroy you, because you have acted like this and have refused to listen to my advice.”
17 Azɔ la, Yuda fia, Amazia, se eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe eye wòho aʋa ɖe Israel fia, Yoas, Yehoahaz ƒe vi kple Yehu ƒe tɔgbuiyɔvi ŋu.
Then Amaziah, king of Judah, took advice from his counselors and sent a message to the king of Israel, Jehoash, son of Jehoahaz, son of Jehu. “Come and face me in battle,” he challenged.
18 Fia Yoas do lo sia na Amazia be, “Ŋuve sue aɖe le Lebanon towo dzi gblɔ na sedati be, ‘Tsɔ viwò nyɔnu nam maɖe na vinye ŋutsu.’ Le ɣe ma ɣi tututu la, lã wɔadã aɖe va nye avuzi le ŋuve la dzi eye wògbãe ɖe anyigba.
Joash, king of Israel, replied to Amaziah, king of Judah, “A thistle on Lebanon sent a message to a cedar on Lebanon, saying, ‘Give your daughter to my son for a wife,’ but a wild animal of Lebanon passed by and trampled down the thistle.
19 Èle gbɔgblɔm na ɖokuiwò be yeɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?”
You're telling yourself how great you are for defeating Edom, boasting about it. But just stay at home. Why should you stir up trouble that will bring you down, and Judah with you?”
20 Amazia meɖo to nya sia o elabena Mawu nɔ ɖoɖo wɔm be yeatsrɔ̃e le esi wòde ta agu na Edomtɔwo ƒe mawuwo ta.
But Amaziah didn't listen, for God was going to hand him over to his enemies because he had chosen to worship the gods of Edom.
21 Israel fia Yoas kple Amazia ƒe aʋakɔwo do go le Bet Semes le Yuda.
So Joash king of Israel prepared for battle. He and Amaziah, king of Judah, faced one another at Beth-shemesh in Judah.
22 Ke Israel si Yuda eye eƒe aʋakɔ katã si yi aƒe.
Judah was defeated by Israel—they all ran away home.
23 Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas kplɔe va Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene.
Joash, king of Israel, captured Amaziah, king of Judah, son of Joash, son of Ahaziah, at Beth-shemesh. He took him to Jerusalem, and demolished the wall of Jerusalem for 400 cubits, from the Ephraim Gate to the Corner Gate.
24 Eye wòlɔ sika kple klosalowo katã kpakple ŋudɔwɔnuawo katã le Obed Edom si me le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le hekpe ɖe kesinɔnu siwo katã nɔ fiasã la me kple awɔbamewo ŋuti yi Samaria.
He carried away all the gold and silver, and all the articles found in God's Temple that had been looked after by Obed-edom and in the treasuries of the king's palace, as well as some hostages, and then returned to Samaria.
25 Ke Yuda fia Amazia, Yoas vi, nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ le Israel fia Yehoas, Yehoahaz vi ƒe ku megbe.
Amaziah, son of Joash, king of Judah, lived for fifteen years after the death of Joash, son of Jehoahaz, king of Israel.
26 Woŋlɔ Amazia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
The rest of what Amaziah did, from beginning to end, is written down in the Book of the Kings of Judah and Israel.
27 Tso esime wòtrɔ le Yehowa yome la, woɖo nugbe ɖe eƒe agbe ŋu le Yerusalem ale wòsi yi Lakis, ke eƒe futɔwo dɔ ame ɖa woyi Lakis ɖawui le afi ma.
After Amaziah gave up following the Lord, a plot was hatched against him in Jerusalem, and he fled to Lachish. But the plotters sent men to Lachish to hunt him down, and they killed him there.
28 Wokɔ eƒe kukua ɖe sɔwo dzi va ɖi ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me.
They brought him back by horse and buried him with his fathers in the city of Judah.

< Kronika 2 25 >