< Kronika 2 24 >

1 Yoas xɔ ƒe adre esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe blaene le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Zibia tso Beerseba.
Joash was seven years old when he began to reign, and he reigned forty years in Jerusalem. His mother’s name was Zibiah, of Beersheba.
2 Yoas wɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume, le nunɔla Yehoiada ƒe agbemeŋkekewo katã me.
Joash did that which was right in the LORD’s eyes all the days of Jehoiada the priest.
3 Yehoiada ɖe srɔ̃ eve nɛ, ame siwo dzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nɛ.
Jehoiada took for him two wives, and he became the father of sons and daughters.
4 Emegbe la, Yoas ɖo ta me be yeadzra gbedoxɔ la ɖo.
After this, Joash intended to restore the LORD’s house.
5 Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yuda duwo katã me eye miadzɔ xɔtuga le Israelviwo si ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo. Mitso ɖe eŋu kaba! Migahe ɖe megbe o!” Ke Levitɔwo metso ɖe eŋu enumake o.
He gathered together the priests and the Levites, and said to them, “Go out to the cities of Judah, and gather money to repair the house of your God from all Israel from year to year. See that you expedite this matter.” However the Levites did not do it right away.
6 Ale fia la yɔ Yehoiada, nunɔlagã la eye wòbiae be, “Nu ka ta mèzi Levitɔwo dzi be woaɖaxɔ ga tso Yuda duwo me kple Yerusalem hena gbedoxɔ la dzadzraɖo o? Ele be míakpɔ egbɔ be wowɔ se si Mose, Yehowa ƒe dɔla, de la dzi ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo.”
The king called for Jehoiada the chief, and said to him, “Why have not you required of the Levites to bring in the tax of Moses the servant of the LORD, and of the assembly of Israel, out of Judah and out of Jerusalem, for the Tent of the Testimony?”
7 Azɔ la, nyɔnu vɔ̃ɖi ma, Atalia ƒe viŋutsuwo gbã ʋɔa ge ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la me eye wowɔ nu kɔkɔeawo gɔ̃ hã ŋu dɔ na Baalwo.
For the sons of Athaliah, that wicked woman, had broken up God’s house; and they also gave all the dedicated things of the LORD’s house to the Baals.
8 Le fia la ƒe gbeɖeɖe nu la, wokpa tsitrenuɖaka aɖe da ɖe gota le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo nu.
So the king commanded, and they made a chest, and set it outside at the gate of the LORD’s house.
9 Woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem be woatsɔ adzɔga si Mawu ƒe dɔla Mose bia tso Israel si le gbea dzi la vɛ na Yehowa.
They made a proclamation through Judah and Jerusalem, to bring in for the LORD the tax that Moses the servant of God laid on Israel in the wilderness.
10 Dɔnunɔlawo katã kple ameawo katã tsɔ woƒe nudzɔdzɔwo vɛ kple dzidzɔ eye woda wo ɖe nudzɔɖaka la me va se ɖe esime wòyɔ banaa.
All the princes and all the people rejoiced, and brought in, and cast into the chest, until they had filled it.
11 Nenye be Levitɔwo tsɔ gaɖaka la vɛ na fia la ƒe dɔdzikpɔlawo eye wokpɔ be ga geɖe le eme la, fiasãmegbalẽŋlɔla la kple nunɔlagã ƒe dɔdzikpɔla va trɔa ga la le aɖaka la me eye wotsɔa aɖaka ƒuƒlu la ɖadana ɖe enɔƒe. Wowɔa esia enuenu eye wokpɔ ga home gã aɖe.
Whenever the chest was brought to the king’s officers by the hand of the Levites, and when they saw that there was much money, the king’s scribe and the chief priest’s officer came and emptied the chest, and took it, and carried it to its place again. Thus they did day by day, and gathered money in abundance.
12 Fia la kple Yehoiada tsɔa ga la naa ŋutsu siwo wɔa dɔ siwo hiã le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu. Wotsɔa gliɖolawo kple atikpalawo be woaɖɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖo. Nenema kee wotsɔa gayibɔ kple akɔbli dɔwɔlawo be woaɖɔ gbedoxɔ la ɖo.
The king and Jehoiada gave it to those who did the work of the service of the LORD’s house. They hired masons and carpenters to restore the LORD’s house, and also those who worked iron and bronze to repair the LORD’s house.
13 Ŋutsu siwo nɔ dɔa nu la wɔ dɔ kple kutrikuku eye ɖɔɖɔɖodɔ la yi edzi nyuie le woƒe kpɔkplɔ te. Wogbugbɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la tu, heglãe ɖe eƒe tata gbãtɔ nu.
So the workmen worked, and the work of repairing went forward in their hands. They set up God’s house as it was designed, and strengthened it.
14 Esi wowu dɔ la nu la, wotsɔ ga si susɔ la vɛ na fia la kple Yehoiada eye wotsɔe wɔ Yehowa ƒe gbedoxɔmenu siawoe: subɔsubɔnuwo, numevɔsanuwo kple agbawo kple klosalo kple sikanuwo. Zi ale si Yehoiada nɔ agbe la, numevɔsa yi edzi ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
When they had finished, they brought the rest of the money before the king and Jehoiada, from which were made vessels for the LORD’s house, even vessels with which to minister and to offer, including spoons and vessels of gold and silver. They offered burnt offerings in the LORD’s house continually all the days of Jehoiada.
15 Yehoiada tsi ŋutɔ, exɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃ hafi ku.
But Jehoiada grew old and was full of days, and he died. He was one hundred thirty years old when he died.
16 Woɖii ɖe David ƒe Du la me ɖe fiawo dome elabena ewɔ nu nyui geɖewo na Israel kple Mawu kple gbedoxɔ la.
They buried him in David’s city among the kings, because he had done good in Israel, and toward God and his house.
17 Le Yehoiada ƒe ku megbe la, Israel kplɔlawo va de ta agu na fia la eye fia la ɖo to wo.
Now after the death of Jehoiada, the princes of Judah came and bowed down to the king. Then the king listened to them.
18 Woɖe asi le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ƒe gbedoxɔ la ŋu eye wosubɔ aƒeliwo kple legbawo. Le woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ta la, Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖi Yuda kple Yerusalem ŋu.
They abandoned the house of the LORD, the God of their fathers, and served the Asherah poles and the idols, so wrath came on Judah and Jerusalem for this their guiltiness.
19 Mawu ɖo nyagblɔɖilawo ɖa be woana ameawo natrɔ va ye gbɔ gake ameawo meɖo to wo o.
Yet he sent prophets to them to bring them again to the LORD, and they testified against them; but they would not listen.
20 Azɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ va dze Zekaria, Yehoiada ƒe vi, dzi. Eyɔ ameawo katã ƒo ƒu. Etsi tsitre ɖe kplɔ̃ aɖe dzi le ameawo ŋgɔ hegblɔ na wo be, “Mawu di be yeanya nu si na miele yeƒe sewo dzi wɔm o. Nu sia tae naneke megadzea edzi na mi o. Miegble Yehowa ɖi eya ta eya hã gble mi ɖi azɔ.”
The Spirit of God came on Zechariah the son of Jehoiada the priest; and he stood above the people, and said to them, “God says, ‘Why do you disobey the LORD’s commandments, so that you cannot prosper? Because you have forsaken the LORD, he has also forsaken you.’”
21 Tete wobla ɖe eŋu eye woƒu kpee le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu, le fia la ƒe sedede nu.
They conspired against him, and stoned him with stones at the commandment of the king in the court of the LORD’s house.
22 Fia Yoas meɖo ŋku dɔmenyo Zaxarya fofo, Yehoiada, wɔ nɛ la dzi o eye wòwu Via ŋutsu, Zaxarya, ame si gblɔ esi wòmlɔ anyi nɔ kukum be, “Yehowa, kpɔ nu si wowɔ la ɖa eye nàɖo eteƒe na wo.”
Thus Joash the king did not remember the kindness which Jehoiada his father had done to him, but killed his son. When he died, he said, “May the LORD look at it, and repay it.”
23 Le ɣleti aɖewo megbe la, Siria ƒe aʋakɔ va ɖu Yuda kple Yerusalem dzi eye wowu dukɔa kplɔlawo katã. Woha afunyinu geɖewo ɖo ɖe woƒe fia le Damasko.
At the end of the year, the army of the Syrians came up against him. They came to Judah and Jerusalem, and destroyed all the princes of the people from among the people, and sent all their plunder to the king of Damascus.
24 Yehowae na Siria ƒe aʋakɔ sue la ɖu Yuda ƒe aʋakɔ gã la dzi elabena Yudatɔwo gble Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ɖi. Ale Mawu he to na Yoas.
For the army of the Syrians came with a small company of men; and the LORD delivered a very great army into their hand, because they had forsaken the LORD, the God of their fathers. So they executed judgment on Joash.
25 Esi Siria ƒe aʋakɔ la dzo la, Yoas tsi aba dzi le abi gã si wòxɔ la ta. Yoas ŋutɔ ŋumewo ɖo ta me be yewoawui le esi wòwu nunɔla Yehoiada ƒe vi, Zaxarya ta. Ale wowui le eƒe aba dzi eye woɖii ɖe David Ƒe Du la me gake menye ɖe fiawo ɖiƒe o.
When they had departed from him (for they left him seriously wounded), his own servants conspired against him for the blood of the sons of Jehoiada the priest, and killed him on his bed, and he died. They buried him in David’s city, but they did not bury him in the tombs of the kings.
26 Ame siwo wɔ babla ɖe eŋu la woe nye Zabad, ame si dadae nye Simeat, Amon ƒe viwo dometɔ ɖeka kple Yehozabad, Simirit, nyɔnu aɖe si tso Moab.
These are those who conspired against him: Zabad the son of Shimeath the Ammonitess and Jehozabad the son of Shimrith the Moabitess.
27 Woŋlɔ nu tso Yoas ƒe viŋutsuwo, fiƒode siwo woli kɔe ɖe Yoas dzi kple ale si wogakɔ gbedoxɔ la ŋuti la ɖe Fiawo ƒe ŋutinyawo me. Esi Yoas ku la, via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe.
Now concerning his sons, the greatness of the burdens laid on him, and the rebuilding of God’s house, behold, they are written in the commentary of the book of the kings. Amaziah his son reigned in his place.

< Kronika 2 24 >