< Kronika 2 23 >
1 Le ƒe adrelia me la, Yehoiada ɖe eƒe ŋusẽ fia. Ebla nu kple ame alafawo ƒe aʋafia siawo: Azaria, Yeroham ƒe vi, Ismael, Yehohanan ƒe vi, Azaria, Obed ƒe vi kple Maaseya, Adaya ƒe vi kple Elisafat, Zikri ƒe vi.
But in the seventh year, Jehoiada had the courage to act. He made a pledge with the commanders of hundreds: Azariah, son of Jeroham, Ishmael, son of Jehohanan, Azariah, son of Obed, Maaseiah, son of Adaiah, and Elishaphat, son of Zichri.
2 Wotsa le Yudanyigba blibo la dzi eye woƒo Levitɔwo kple Israelviwo ƒe ƒometatɔwo nu ƒu tso duawo katã me. Esi wova ɖo Yerusalem la,
They traveled all over Judah and brought together the Levites from all the cities of Judah and the family leaders of Israel. When they came to Jerusalem,
3 ameha blibo la bla nu kple fia la le Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Yehoiada gblɔ na wo be, “Fiaviŋutsu la aɖu fia abe ale si Yehowa do ŋugbe tso David ƒe dzidzimeviwo ŋu ene.
they all assembled at God's Temple and made a solemn agreement with the king. Jehoiada announced to them, “Look, here is the king's son and he must reign, just as the Lord promised the descendants of David would.
4 Azɔ la, nu si míawɔ enye si. Mi nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe mama etɔ̃lia ƒe gbãtɔ me tɔwo, ame siwo awɔ dɔ le Dzudzɔgbe la dzi la, miaƒe ŋkuwo anɔ ʋɔtruawo ŋu,
Here's what you have to do. One third of you priests and Levites who enter on the Sabbath shall guard the entrances.
5 mama evelia me tɔwo adzɔ fiasã la ŋu eye mama etɔ̃lia me tɔwo adzɔ Gɔmeɖokpegbo la ŋu. Ame bubuawo katã anɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo.
Another third shall go over to the king's palace, while the last third shall be at the Foundation Gate. Everyone else stay in the courtyards of the Lord's Temple.
6 Ame aɖeke mage ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o negbe nunɔlawo kple Levitɔ siwo anɔ dɔ wɔm ko. Woawo ya ate ŋu age ɖe eme elabena wokɔ wo ŋu ke ele na ame bubuawo be woadzɔ teƒe siwo Yehowa de asi na wo la ŋu.
No one should enter the Lord's Temple except the priests and those Levites are serving. They can enter because they have been made holy, but everyone else must follow the Lord's commands.
7 Mi Levitɔwo ƒe viwo, mitsɔ aʋawɔnuwo ɖe asi, midzɔ fia la ŋu eye miawu ame sia ame si adze mi age ɖe gbedoxɔ la me. Minɔ fia la ŋu kplikplikpli!”
The Levites shall surround the king, weapons in hand. Kill anyone who enters the Temple. Stay close to the king wherever he goes.”
8 Levitɔwo ƒe viwo kple Yuda blibo la wɔ nunɔla Yehoiada ƒe ɖoɖoawo dzi. Aʋafiawo kplɔ ame siwo manɔ dɔ me le Dzudzɔgbe la dzi o kple esiwo anɔ dɔ me gbe ma gbe la siaa yi na nunɔla Yehoiada elabena nunɔlagã Yehoiada, meɖe mɔ na wo wodzo yi aƒe me o.
The Levites and all the people of Judah did everything that Jehoiada the priest told them. The commanders each brought his men, both those coming on duty on the Sabbath and those going off duty, for Jehoiada the priest had not dismissed any of the divisions.
9 Yehoiada na akplɔwo kple akpoxɔnuwo asrafomegãwo siwo le ame alafawo nu. Aʋawɔnu siawo nye Fia David tɔwo tsã eye wodzra wo ɖo ɖe gbedoxɔ la me.
Jehoiada the priest provided the commanders with the spears and the large and small shields of King David that were in God's Temple.
10 Asrafomegã siawo tsɔ woƒe aʋawɔnuwo ɖe asi eye wonɔ tsitre ƒo xlã fia la, le vɔsamlekpui la ŋu le gbedoxɔ la me. Woɖe to ɖee tso gbedoxɔ la ƒe dziehe yi anyiehe.
He placed them all, with their weapons in hand, to surround the king from the south side of the Temple to the north side, and near the altar and the Temple.
11 Yehoiada kple via ŋutsuviwo kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ, tsɔ nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!”
Jehoiada and his sons then brought out the king's son, placed the crown on him, presented him with a copy of God's law, and proclaimed him king. They anointed him, and shouted out, “Long live the king!”
12 Esi Atalia se se howɔwɔ kple ɣli si amewo tsɔ nɔ fia la kafum la, eyi ɖe ame siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la gbɔ.
When Athaliah heard the noise of people running and shouting praise to the king, she rushed to the crowds at the Lord's Temple.
13 Etsa ŋku eye wòkpɔ fia la wòtsi tsitre ɖe eƒe sɔti gbɔ le xɔa ƒe mɔnu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la gbɔ eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom, henɔ woƒe kpẽawo kum eye hadzilawo kple woƒe haƒonuwo nɔ hawo dom ɖa. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!”
She saw the king standing by his pillar at the entrance. The commanders and trumpeters were with the king, and everyone was celebrating and blowing trumpets as the singers with musical instruments led the praise. Athaliah ripped her clothes and screamed out, “Treason! Treason!”
14 Nunɔla Yehoiada dɔ ame siwo nɔ asrafo alafa ɖekawo nu, ame siwo nɔ aʋawɔlawo dzi kpɔm la ɖa eye wògblɔ na wo be, “Mikplɔe to ameawo dome vɛ eye miawu ame sia ame si adze eyome.” Elabena nunɔla la gblɔ do ŋgɔ be, “Migawui ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.”
Jehoiada ordered the army commanders, “Bring her to the men standing in front of the Temple, and kill anyone who follows her.” Earlier the priest had made it clear, “She must not be killed in the Lord's Temple.”
15 Ale wolée le Sɔgbo la nu le fiasã la me eye wowui le afi ma.
They grabbed hold of her and took her to the entrance of the Horse Gate of the king's palace, and killed her there.
16 Ke Yehoiada na Fia Yoas kple ameawo kpe ɖe eŋu eye wobla nu be yewoanye Yehowa ƒe amewo.
Then Jehoiada made a solemn agreement between himself and all the people and the king that they would be the Lord's people.
17 Wo katã woyi Baal ƒe gbedoxɔ me eye wogbãe. Wogbã vɔsamlekpui la kple legbawo le afi ma eye wowu Matan, Baal ƒe nunɔla le vɔsamlekpui la ŋgɔ.
Everyone went to the Temple of Baal and tore down its altars and smashed the idols. They killed Mattan, the priest of Baal, right in front of the altar.
18 Azɔ la, Yehoiada na Levitɔwo zu dzɔlawo eye wosa numevɔ na Yehowa le Mose ƒe se la nu. Ede dɔwo asi na Levitɔwo abe ale si Fia David wɔ ene tututu. Wodzia ha kple dzidzɔ ne wole woƒe dɔwo wɔm.
Jehoiada placed the responsibility for the Lord's Temple in the hands of the Levitical priests. They were the ones whom David had appointed over the Lord's Temple to offer burnt offerings to the Lord, as is required by the Law of Moses, with celebration and singing, as David instructed.
19 Gbedoxɔ la ƒe agbowo nu dzɔlawo meɖea mɔ be, nu siwo ŋu womekɔ o kple ame siwo se meɖe mɔ na o la, nage ɖe gbedoxɔ la me o.
He placed gatekeepers at the entrances to the Lord's Temple, so that no one unclean for any reason could enter.
20 Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, heto Dzigbegbo la me yi fiasã la me eye wotsɔ fia la ɖo fiazikpui la dzi.
Along with the commanders, the nobles, the governors of the people, and all the people, he led the king in a procession down from the Lord's Temple through the upper gate to the royal palace. There they set the king on the royal throne.
21 Amewo katã kpɔ dzidzɔ le dukɔ la me eye ŋutifafa va dua me azɔ elabena wowu Atalia kple yi.
All throughout the land people celebrated, and Jerusalem was at peace, because Athaliah had been killed by the sword.