< Kronika 2 22 >

1 Yerusalem nɔlawo tsɔ Ahazia, Yehoram ƒe viŋutsu suetɔ ɖo fiae ɖe fofoa teƒe elabena adzoha aɖewo va kple Arabiatɔwo, woge ɖe woƒe aʋasaɖa me eye wowu Via ŋutsu tsitsitɔwo katã. Ale Ahazia, Yuda fia, Yehoram ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme.
Jeruzalemci zakraljiše na njegovo mjesto najmlađeg mu sina, Ahazju, jer sve starije bijaše poubijala četa koja je s Arapima navalila na tabor; tako se zakraljio Ahazja, sin judejskoga kralja Jorama.
2 Ahazia xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe ɖeka le Yerusalem. Dadae nye Atalia, ame si nye Omri ƒe tɔgbuiyɔvi.
Bile su mu četrdeset i dvije godine kad se zakraljio. Kraljevao je jednu godinu u Jeruzalemu. Materi mu je bilo ime Atalija, Omrijeva kći.
3 Ahazia hã nye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab ene elabena dadaa do ŋusẽe be wòanɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi.
I on je išao putovima doma Ahabova, jer ga mati zlo svjetovaše.
4 Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab ene elabena Ahab ƒe ƒometɔwo zu eƒe aɖaŋuɖolawo le fofoa ƒe ku megbe eye woblee de gbegblẽ me.
Činio je što je zlo u Jahvinim očima, kao dom Ahabov, jer mu baš oni bijahu savjetnici poslije očeve smrti, na njegovu propast.
5 Ahazia zɔ ɖe woƒe aɖaŋu vɔ̃ nu eye wòwɔ ɖeka kple Yoram, Israel fia Ahab ƒe vi, hekpe aʋa kpli Aram fia Hazael le Ramot Gilead. Aramtɔwo de abi Yoram ŋu le aʋa sia me.
Po njihovu je savjetu pošao s Joramom, sinom izraelskoga kralja Ahaba, u boj na aramejskoga kralja Hazaela u Ramot Gilead. Ali su Aramejci porazili Jorama.
6 Eya ta egbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo wode eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu. Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi, yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta.
On se vratio da se liječi u Jizreelu od rana što mu ih zadadoše u Rami kad se borio s aramejskim kraljem Hazaelom. Joramov sin Ahazja, judejski kralj, sišao je u Jizreel da posjeti Ahabova sina Jorama jer se Joram razbolio.
7 Nu sia trɔ zu vodada gã aɖe wòwɔ, elabena Mawu ɖo be yeahe to na Ahazia le eƒe ɖekawɔwɔ kple Yoram ta. Ɣeyiɣi sia mee Ahazia kple Yehoram kpe ɖe Yehu, Nimsi ƒe vi, ŋu le esime wònye Yehue Yehowa ɖo ɖa be, wòatsi Ahab ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu.
Ali Bog učini da taj posjet Joramu bude na propast Ahazji. Došavši, izišao je s Joramom na Nimšijeva sina Jehua, koga je Jahve pomazao da iskorijeni Ahabovu kuću.
8 Esime Yehu nɔ Ahab ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo wum la, edo go Ahazia ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye Yuda ƒe fiaviŋutsuwo eye wòwu wo.
Dok je izvršavao osvetu nad Ahabovom kućom, Jehu zateče judejske knezove i sinove Ahazjine braće koji su posluživali Ahazju i pobi ih,
9 Esi Yehu kple eƒe amewo nɔ Ahazia dim la, wokpɔe wòbe ɖe Samaria du me, wolée yi na Yehu eye wòwui. Woɖi Ahazia abe fia ene elabena Fia Yehosafat, ame si subɔ Yehowa kple dzi blibo la ƒe tɔgbuiyɔvie. Ahazia ƒe vi Yoas koe tsi agbe aɖu fia ɖe eteƒe;
a onda krenu u potragu za Ahazjom. Uhvatili su ga dok se krio u Samariji, doveli ga k Jehuu, koji ga smaknu. Ukopali su ga, jer su rekli: “Sin je onoga Jošafata koji je tražio Jahvu svim srcem.” Tako ne ostade nitko od Ahazjine kuće koji bi imao snage da bude kralj.
10 Esi Atalia, Ahazia dada kpɔ be ye viŋutsu ku la, eɖawu fia la ƒe ƒometɔwo katã, ame siwo nɔ Yuda ƒe aƒe la me.
Zato Ahazjina mati Atalija, vidjevši gdje joj sin poginu, ustade i posmica sav kraljevski rod Judina plemena.
11 Ke Yehoseba fia, Yehoram ƒe vinyɔnu kplɔ Yoas, Ahazia ƒe viŋutsu eye wòkplɔe sii le fiaviŋutsuwo, ame siwo wogbɔna wuwu ge la dome eye wòtsɔ eya kple edzikpɔla ɣla ɖe xɔ gã me. Yehoseba, fia Yehoram ƒe vinyɔnu kple nunɔla Yehoiada srɔ̃, ame si hã nye Ahazia nɔvinyɔnu la ɣla ɖevi la ɖe Atalia be mate ŋu akpɔe awu o.
Ali kraljeva kći Jošeba uze Ahazjina sina Joaša; ukravši ga između kraljevih sinova koje su ubijali, metnu ga s dojiljom u ložnicu. Tako ga je Jošeba, kći kralja Jorama, žena svećenika Jojade, sakrila od Atalije, jer je bila Ahazjina sestra, te nije bio pogubljen.
12 Yoas nɔ bebeƒe kpli wo le Mawu ƒe gbedoxɔ la me ƒe ade sɔŋ, esime Atalia nɔ anyigba la dzi ɖum.
Bio je sakriven s njima u Domu Božjem šest godina, sve dok je zemljom vladala Atalija.

< Kronika 2 22 >