< Kronika 2 21 >

1 Esi Yehosafat ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe Du la me, eye via Yehoram ɖu fia ɖe eteƒe.
[約蘭王的惡行]約沙法特與列祖同眠,與祖先一同葬在達味城;他的兒子約蘭繼位為王。
2 Fofoa ƒe viŋutsu bubuwoe nye Azaria, Yehiel, Zekaria, Azaria, Mikael kple Sefatia.
他的兄弟,約沙法特的兒子:哈匝黎雅、耶希耳、則加黎雅、阿匝黎雅、米加耳和舍法提雅,這些都是猶大王約沙法特的兒子,
3 Wo fofo na klosalo, sika kple nu xɔasi geɖewo wo kpe ɖe Yuda du siwo woglã la ŋu, ke etsɔ fiaɖuƒe la na Yehoram elabena eyae nye via ŋusu ŋgɔgbetɔ.
他們的父親將許多禮品,金銀財寶,以及猶大的堅城分封了他們,卻將王位賜給了約蘭,因為他是長子。
4 Esi Yehoram li ke eɖokui nyuie ɖe fofoa ƒe fiaɖuƒea dzi la, ewu nɔviŋutsuwo katã kple Israel ƒe fiaviŋutsu aɖewo hã.
當約蘭登上了他父親的王位鞏固了自己的勢力以後,就殺了他所有的兄弟,和幾個以色列首領。
5 Yehoram xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe enyi.
約蘭即位時年三十二歲,在耶路撒冷作王八年。
6 Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab kple Israel fia bubuawo ene. Eɖe Ahab ƒe vinyɔnu eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume.
他走了以色列王所走的道路,有如阿哈布家一樣,因為他娶了阿哈布的女兒為妻,行了上主視為惡的事。
7 Ke Yehowa medi be yeatsi David ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu o elabena ebla nu kple David be, yeana eƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka nanɔ fiazikpui la dzi ɣe sia ɣi kokoko.
但是,上主不願消滅達味家室,因為曾與達味立過約,應許時常給他和他的子孫留下一盞明燈。[天主降罰]
8 Le Yehoram ƒe fiaɖuɣi la, Edomtɔwo dze aglã, ɖe wo ɖokui ɖa tso Yuda te eye woɖo fia na wo ɖokui.
約蘭年間,厄東反叛,脫離了猶大的統治,自立為王。
9 Ke Yehoram yi afi ma kple eƒe amegãwo kpakple tasiaɖamwo katã. Le zã me la, Edomʋakɔ va ɖe to ɖe kpe ɖe eƒe tasiaɖam megãwo ŋu. Ke Yehoram kple eƒe tasiaɖam megãwo kpe aʋa kple Edomtɔwo hekpe wo dzi hesi to wo dome dzo.
約蘭率領自己的軍長和所有的戰車前去聲討;他夜間起來,衝出了包圍他和戰車隊長的厄東人。
10 Gake Edomtɔwo do le Yuda ƒe kɔkuti te va se ɖe egbe. Libna hã dze aglã elabena Yehoram trɔ le Yehowa, fofoawo ƒe Mawu yome.
這樣,厄東人脫離了猶大的統治,直到現在。里貝納也同時叛變,脫離了猶大的統治,因為君王離棄了上主,他祖先的天主,
11 Gawu la, Yehoram wɔ nuxeƒewo ɖe Yuda ƒe towo dzi eye wòzi eƒe amewo dzi be woasubɔ legbawo.
並且在猶大山上建立了高丘,使耶路撒冷的居民行淫,使猶大人背信。
12 Nu sia na Nyagblɔɖila Eliya ŋlɔ agbalẽ sia nɛ be, “Yehowa, tɔgbuiwò David ƒe Mawu la be, esi mèto fofowò Yehosafat alo Fia Asa ƒe afɔtoƒe o,
有人給他送來厄里亞先知的一封信,信上說:「上主,你祖先達味的天主這樣說:因為你沒有走你父親約沙法特的路,又沒有走猶大王阿撒的路,
13 ke èvɔ̃ɖi abe fia siwo le Israel ene eye nèna Yerusalemtɔwo kple Yudatɔwo subɔ legbawo abe ale si wowɔ le Fia Ahab ŋɔli ene eye esi nèwu nɔviwòwo, ame siwo nyo wu wò ta la,
反而走了以色列王的路,引誘猶大和耶路撒冷的居民行淫,如同阿哈布家行淫一樣;又因為你殺了你父親家中那些比你好的兄弟,
14 Yehowa atsrɔ̃ wò dukɔ kple dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe azɔ. Woatsrɔ̃ wò ŋutɔ, viwòwo, srɔ̃wòwo kple nu siwo katã le asiwò.
上主必以巨大的災禍打擊你的百姓,你的妻子兒女,以及你所有的財產。
15 Dɔléle, aɖe fu na wò dɔkaviwo eye wò dɔmenuwo aƒaƒã.”
至於你,你必生一種極嚴厲的病,腸胃病,以至兩年內,你的腸子都要流出來。」[預言實現]
16 Ale Yehowa na Filistitɔwo kple Arabiatɔwo, ame siwo do liƒo kple Kustɔwo la ho aʋa ɖe Yehoram ŋu.
上主激起培肋舍特人和臨近雇士的阿剌伯人的心,與約蘭為敵。
17 Wozɔ ɖe Yuda dzi, ge ɖe woƒe anyigba dzi; wotsɔ nu xɔasi ɖe sia ɖe si nɔ fiasã la me eye wolé fia la ƒe viwo kple srɔ̃awo dzoe. Fia ƒe vi suetɔ, Yehoahaz, koe te ŋu si.
他們遂前來攻擊猶大,侵入境內,掠去了王宮所有的財物,擄去了他的兒子妻妾;除他最小的兒子約阿哈次,沒有給他留下一個兒子。
18 Le esiawo megbe la, Yehowa na dɔléle dze Fia Yehoram ƒe dɔmenuwo dzi.
此後,上主以一種不能醫治的腸胃病打擊了約蘭。
19 Le ƒe eve megbe la, eƒe dɔkaviwo do go eye wòku le vevesese geɖe me. Womewɔ kɔnu siwo wowɔna na fiawo ne wòku la nɛ o.
這病纏綿了一年多;二年末,當他的終期來到時,他的腸子因病都流了出來,他在極苦痛中死了。他的百姓沒有為他舉行焚香禮,如同為他的列祖所行的一樣。
20 Exɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòdze fiaɖuɖu gɔme eye wòɖu fia ƒe enyi le Yerusalem. Esi wòku la, womefae o, woɖii ɖe Yerusalem gake menye ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me o.
他即位時年三十二歲,在耶路撒冷作王八年。他逝世後,無人表示悲哀。人將他葬於達味城,但沒有葬在王陵內。

< Kronika 2 21 >