< Kronika 2 19 >

1 Esi Yuda fia, Yehosafat, trɔ yi eƒe fiasã me le Yerusalem dedie la,
וישב יהושפט מלך יהודה אל ביתו בשלום--לירושלם
2 nukpɔla Yehu, Hanani ƒe vi, do go yi ɖakpee eye wòbia fia la be, “Ɖe nàkpe ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋu eye nàlɔ̃ ame siwo lé fu Yehowa? Esia ta la, Yehowa ƒe dziku le dziwò.
ויצא אל פניו יהוא בן חנני החזה ויאמר אל המלך יהושפט הלרשע לעזר ולשנאי יהוה תאהב ובזאת עליך קצף מלפני יהוה
3 Ke hã la, nu nyui aɖe le mewò elabena èɖe aƒeliwo ɖa le anyigba la dzi eye nètsɔ wò dzi ɖo Mawu didi ŋu.”
אבל דברים טובים נמצאו עמך כי בערת האשרות מן הארץ והכינות לבבך לדרש האלהים
4 Le esia ta Yehosafat megayi Israel azɔ o, ke boŋ enɔ Yerusalem. Emegbe la, egado go yi ameawo gbɔ; ezɔ mɔ tso Beerseba yi Efraim ƒe tonyigba dzi be yeado ŋusẽ wo be woasubɔ wo fofowo ƒe Mawu la.
וישב יהושפט בירושלם וישב ויצא בעם מבאר שבע עד הר אפרים וישיבם אל יהוה אלהי אבותיהם
5 Eɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe du gãwo katã me le anyigba blibo la dzi
ויעמד שפטים בארץ בכל ערי יהודה הבצרות--לעיר ועיר
6 eye wògblɔ na wo be, “Mizɔ le nyateƒe me elabena menye nyee ɖo mi o, ke boŋ Mawue ɖo mi; anɔ anyi kpli mi eye wòakpe ɖe mia ŋu miatso afia dzɔdzɔe le nya sia nya si woatsɔ vɛ na mi la me.
ויאמר אל השפטים ראו מה אתם עשים--כי לא לאדם תשפטו כי ליהוה ועמכם בדבר משפט
7 Mikpɔ nyuie be miatso afia bubu tso esi Mawu gblɔ na mi be miatso la gbɔ o elabena mele be afiaŋkunɔtsotso, ameŋkumekpɔkpɔ alo zãnuxɔxɔ nanɔ Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo me o.”
ועתה יהי פחד יהוה עליכם שמרו ועשו--כי אין עם יהוה אלהינו עולה ומשא פנים ומקח שחד
8 Yehosafat ɖo ʋɔnudrɔ̃ƒewo anyi le Yerusalem hã eye wòda Levitɔwo, nunɔlawo, hlɔ̃wo ƒe tatɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe wo nu.
וגם בירושלם העמיד יהושפט מן הלוים והכהנים ומראשי האבות לישראל למשפט יהוה ולריב וישבו ירושלם
9 Nu siwo wòɖo na wo be woawɔ la woe nye, “Ele be miawɔ nu sia nu ɣe sia ɣi le mawuvɔvɔ̃ me kple nuteƒewɔdziwo.
ויצו עליהם לאמר כה תעשון ביראת יהוה באמונה ובלבב שלם
10 Ne ʋɔnudrɔ̃lawo tsɔ nyawo tso duta va mia gbɔ la, nenye amewunya alo Mawu ƒe sewo dometɔ aɖe dzi dada la, ele be miabu ɖaseɖiɖiwo ŋu nyuie eye miakpe ɖe ʋɔnudrɔ̃la siwo tso duta ŋu be, woatso afia dzɔdzɔe ne Mawu ƒe dɔmedzoe nagabi ɖe miawo kple woawo siaa ŋu o. Ne miewɔ alea la, ekema miawɔ miaƒe dɔdeasiwo nyuie.”
וכל ריב אשר יבוא עליכם מאחיכם הישבים בעריהם בין דם לדם בין תורה למצוה לחקים ולמשפטים והזהרתם אתם ולא יאשמו ליהוה והיה קצף עליכם ועל אחיכם כה תעשון ולא תאשמו
11 Etsɔ nunɔlagã Amaria ɖo ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si drɔ̃a mawuvɔ̃nyawo nu; etsɔ Zebadia, Ismael ƒe vi, ɖo dziɖula le Yuda be wòakpɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si drɔ̃a dukɔmenyawo dzi eye wòna be Levitɔwo nakpe ɖe wo ŋu. Eƒe nya mamlɛtɔ na woe nye, “Migavɔ̃ le miaƒe tenɔnɔ ɖe nyateƒe la nu kple nuteƒewɔwɔ me o. Yehowa nato mia dzi aʋli fɔmaɖilawo ta.”
והנה אמריהו כהן הראש עליכם לכל דבר יהוה וזבדיהו בן ישמעאל הנגיד לבית יהודה לכל דבר המלך ושטרים הלוים לפניכם חזקו ועשו ויהי יהוה עם הטוב

< Kronika 2 19 >