< Kronika 2 18 >

1 Azɔ la, kesinɔnu geɖe ɖo Yehosafat si eye bubu hã nɔ eŋu. Ewɔ ɖeka kple Ahab to via nyɔnuvi ɖeka ɖeɖe me.
Now Jehoshaphat had great riches and honor; he allied himself with Ahab by having one of his family marry his daughter.
2 Le ƒe ʋɛe aɖewo megbe la, eyi Samaria be yeakpɔ Fia Ahab ɖa eye Fia Ahab wu alẽ kple nyi geɖewo heɖo kplɔ̃ na Yehosafat kple eƒe amewo. Ahab bia Yehosafat be wòakpe ɖe ye ŋu yewoaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu.
After some years, he went down to Ahab in Samaria. Ahab killed many sheep and oxen for him and the people who were with him. Ahab also persuaded him to attack Ramoth Gilead with him.
3 Ahab, Israel fia, bia Yuda fia, Yehosafat be, “Àte ŋu akpe ɖe ŋunye míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋua?” Yehosafat ɖo eŋu be, “Mele abe wò ene eye nye dukɔ le abe wò dukɔ ene. Míakpe ɖe ŋutiwò le aʋa la me.”
Ahab, king of Israel, said to Jehoshaphat, king of Judah, “Will you go with me to Ramoth Gilead?” Jehoshaphat answered him, “I am like you, and my people are like your people. We will be with you in the war.”
4 Gake Yehosafat gblɔ kpe ɖe eŋu na Israel fia bena “Bia gbe Yehowa gbã.”
Jehoshaphat said to the king of Israel, “Please first seek the word of Yahweh for your answer.”
5 Ale Israel fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene nu ƒu eye wòbia wo be, “Mího aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo mínɔ anyi koa?” Woɖo eŋu nɛ be, “Yi, elabena Mawu atsɔe ade fia la ƒe asi me.”
Then the king of Israel gathered the prophets together, four hundred men, and said to them, “Should we go to Ramoth Gilead to battle, or should I not?” They said, “Attack, for God will give it into the hand of the king.”
6 Ke Yehosafat bia be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila mele afi sia, si míabia gbee oa?”
But Jehoshaphat said, “Is there not here still another prophet of Yahweh with whom we might seek advice?”
7 Israel fia ɖo eŋu na Yehosafat be, “Ame ɖeka aɖe gali ame si dzi míato abia gbe Yehowa gake melé fui elabena megblɔa nyanyui aɖeke ɖi tso ŋunye o; nya vɔ̃ ko wògblɔna ɖi tso ŋunye. Eyae nye Mikaya, Imla ƒe viŋutsu.” Yehosafat ɖo eŋu nɛ be, “Fia la megagblɔ nya ma o.”
The king of Israel said to Jehoshaphat, “There is still one man by whom we may seek the advice of Yahweh, Micaiah son of Imlah, but I hate him because he never prophesies good concerning me, but always evil.” But Jehoshaphat said, “The king should not say that.”
8 Ale Israel fia la gblɔ na eŋumewo dometɔ ɖeka be, “Yi kaba nàyɔ Mikaya, Imla ƒe vi la vɛ!”
Then the king of Israel called an officer and said, “Quickly bring Micaiah son of Imlah.”
9 Le ɣeyiɣi sia me la, Israel fia kple Yuda fia Yehosafat do woƒe fiawuwo, eye wonɔ fiazikpuiwo dzi le lugbɔƒe le Samariagbo la gbɔ, eye nyagblɔɖilawo katã nɔ nya gblɔm ɖi le woƒe ŋkume.
Now Ahab the king of Israel and Jehoshaphat the king of Judah were sitting each on a throne, clothed in their robes, in an open place at the entrance of the gate of Samaria, and all the prophets were prophesying before them.
10 Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, Zedekiya, Kenana ƒe vi, tsɔ ga wɔ lãdzo aɖe eye wògblɔ be, Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Àtsɔ lãdzo sia atutu Siriatɔwo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime woatsrɔ̃.”
Zedekiah son of Kenaanah made himself horns of iron and said, “Yahweh says this: With these you will push the Arameans until they are consumed.”
11 Nyagblɔɖila bubuawo katã lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ kple gbe ɖeka be, “Ẽ, yi Ramot Gilead eye àkpɔ dzidzedze elabena Yehowa ana nàɖu dzi.”
All the prophets prophesied the same, saying, “Attack Ramoth Gilead and win, for Yahweh has given it into the hand of the king.”
12 Ame si yi ɖayɔ Mikaya la, gblɔ nya si dzɔ kple nya si nyagblɔɖilawo nɔ gbɔgblɔm be fia la aɖu dzi le aʋa la me la nɛ. Eyi edzi gblɔ na Mikaya be, “Mexɔe se be àƒo nu abe nyagblɔɖila mawo ene eye àkpɔ nyanyui aɖe agblɔ.”
The messenger who went to summon Micaiah said to him, “Look, the words of the prophets with one mouth are favorable to the king. Let your words agree with theirs, and speak favorably.”
13 Ke Mikaya gblɔ be, “Meta Mawu be, nya si Mawu gblɔ la ko magblɔ.”
Micaiah replied, “As Yahweh lives, it is what God says that I will say.”
14 Esi Mikaya va ɖo fia la gbɔ la, fia la biae be, “Mikaya, ɖe míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo ɖe míanɔ anyi koa?” Mikaya ɖo eŋu be, “Miyi! Miaɖu dzi bɔbɔe!”
When he came to the king, the king said to him, “Micaiah, should we go to Ramoth Gilead for battle, or not?” Micaiah answered him, “Attack and be victorious! For it will be a great victory.”
15 Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?”
Then the king said to him, “How many times must I require you to swear to tell me nothing but the truth in the name of Yahweh?”
16 Mikaya gblɔ nɛ be, “Mekpɔ Israelviwo katã wokaka ɖe togbɛwo dzi abe alẽ siwo si kplɔla aɖeke mele o la ene eye Yehowa gblɔ nam be, ‘Kplɔla mele ame siawo si o; woneyi aƒe me le ŋutifafa me.’”
So Micaiah said, “I saw all Israel scattered on the mountains, like sheep who have no shepherd, and Yahweh said, 'These have no shepherd. Let every man return to his house in peace.'”
17 Israel fia la gblɔ na Yehosafat be, “Nyemegblɔe na wò oa? Megblɔa nyanyui aɖeke nam gbeɖe o. Vɔ̃ kokoko wòkpɔna gblɔna ɖaa tso ŋunye.”
So the king of Israel said to Jehoshaphat, “Did I not tell you that he would not prophesy good concerning me, but only disaster?”
18 Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya bubu si Yehowa gagblɔ nam la ɖa. Mekpɔ Yehowa le eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔ geɖewo le tsitre ɖe eƒe ɖusi kple mia dzi.
Then Micaiah said, “Therefore all of you should hear the word of Yahweh: I saw Yahweh sitting on his throne, and all the host of heaven were standing on his right hand and on his left.
19 Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab, Israel fia, nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’ “Amewo do susu vovovowo ɖa.
Yahweh said, 'Who will entice Ahab, king of Israel, so that he may go up and fall at Ramoth Gilead?' One said this and another that.
20 Mlɔeba la, gbɔgbɔ aɖe do ɖe ŋgɔ, tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume eye wògblɔ be, ‘Mable enu ade eme.’ “Ke Yehowa bia be, ‘Aleke nawɔe?’
Then a spirit came forward and it stood before Yahweh and said, 'I will entice him.' Yahweh said to him, 'How?'
21 “Eɖo eŋu be, ‘Mayi abe aʋatsokagbɔgbɔ ene, aɖo nume na eƒe nyagblɔɖilawo katã.’ “Yehowa gblɔ be, ‘Esia anyo eye wòadze edzi hã, yi, nàwɔ alea.’
The spirit replied, 'I will go out and I will become a lying spirit in the mouth of all his prophets.' Yahweh replied, 'You will entice him, and you will also be successful. Go now and do so.'
22 “Yehowa de aʋatsokagbɔbgɔ nume na nyagblɔɖila siawo katã, ke nyateƒe lae nye be, Aƒetɔ la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.”
Now see, Yahweh has put a lying spirit in the mouth of these prophets of yours, and Yahweh has decreed disaster for you.”
23 Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?”
Then Zedekiah son of Kenaanah, came up, slapped Micaiah on the cheek, and said, “Which way did the Spirit of Yahweh take to go from me to speak to you?”
24 Mikaya ɖo eŋu be, “Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabia sia ne èkpɔ be yebe ɖe xɔ emetɔ aɖe me.”
Micaiah said, “Look, you will know that on that day, when you run into some inner room to hide.”
25 Israel fia ɖe gbe be, “Milé Mikaya eye miakplɔe yi na dumegã Amon kple vinye Yoas.
The king of Israel said to some servants, “You people seize Micaiah and take him to Amon, the governor of the city, and to Joash, my son.
26 Migblɔ na wo be, ‘Fia la be miade ŋutsu sia gaxɔ me eye miana abolo kple tsi koe va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me!’”
You people will say to him, 'The king says: Put this man in prison and feed him with only a little bread and only a little water, until I return safely.'”
27 Mikaya ɖo eŋu be, “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Yehowa meƒo nu to dzinye o.” Etrɔ ɖe ame siwo le tsitre le afi ma la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Mide dzesi nya si megblɔ.”
Then Micaiah said, “If you return safely, then Yahweh has not spoken by me.” Then he added, “Listen to this, all you people.”
28 Ale Israel fia kple Yuda fia kplɔ woƒe aʋakɔwo yi Ramot Gilead.
So Ahab, the king of Israel, and Jehoshaphat, the king of Judah, went up against Ramoth Gilead.
29 Israel fia gblɔ na Yehosafat be, “Mado awu bubuwo ale be ame aɖeke makpɔm adze sii o; ke wò ya la, do wò fiawu!” Ale wowɔ ɖe Israel fia ƒe ɖoɖo sia dzi.
The king of Israel said to Jehoshaphat, “I will disguise myself and go into the battle, but you put on your royal robes.” So the king of Israel disguised himself, and they went into the battle.
30 Aram fia de se na eƒe tasiaɖamdzikpɔlawo be, “Miɖe asi le ame sia ame ŋu eye miati Israel fia ɖeɖe ko yome!”
Now the king of Aram had commanded the captains of his chariots, saying, “Do not attack the unimportant or the important soldiers. Instead, attack only the king of Israel.”
31 Esi tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ Yehosafat la, wobu be, eya kokokoe nye Israel fia la. Ale wolũ ɖe edzi, ke Yehosafat do ɣli eye Yehowa xɔ nɛ. Ke Mawu ble wo dzoe le egbɔ
It came about that when the captains of the chariots saw Jehoshaphat they said, “That is the king of Israel.” They turned around to attack him, but Jehoshaphat cried out, and Yahweh helped him. God turned them away from him.
32 elabena esi wodze sii be menye eyae nye Israel fia la o ko la, wodzudzɔ eyometiti.
It came about that when the commanders of the chariots saw that it was not the king of Israel, they turned back from pursuing him.
33 Ke Syriatɔwo ƒe aʋawɔla ɖeka da aŋutrɔ ɖe Israelʋakɔ la me ko eye wòŋɔ Israel fia la to dometsotso si le eƒe aʋawu etetɔ kple eƒe akɔtakpoxɔnu dome. Israel fia la gblɔ na eƒe tasiaɖamkula be, “Kplɔm dzoe le afi sia elabena mexɔ abi vevie.”
But a certain man drew his bow at random and shot the king of Israel between the joints of his armor. Then Ahab said to the driver of his chariot, “Turn around and carry me out of the battle, for I am badly wounded.”
34 Aʋa la nu nɔ sesẽm ɖe edzi ŋkeke blibo la. Israel fia la ziɔ ɖe nu ŋuti le eƒe tasiaɖam la me henɔ aʋa la dzi kple Arameatɔwo, ke esi ɣe ɖo to ko la, eku.
The battle grew worse that day, and the king of Israel was held up in his chariot facing the Arameans until the evening. About the time that the sun was going down, he died.

< Kronika 2 18 >