< Kronika 2 17 >

1 Yehosafat ɖu fia ɖe fofoa, Asa teƒe eye wòglã eɖokui ɖe Israel fia ŋu.
[約沙法特的虔誠與強盛]阿撒的兒子約沙法特繼位為王,發奮圖強,對抗以色列,
2 Eda asrafowo ɖe Yuda du siwo woglã la me kple teƒe vovovowo le dukɔ la me kple Efraim, du siwo fofoa Asa xɔ la me.
在猶大各堅城內派駐了大軍,在猶大地內和他父親阿撒所克服的厄弗辣因各城裏,也派上了守軍。
3 Yehowa nɔ kple Yehosafat elabena ewɔ nu nyui abe ale si fofoa wɔ le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔwo me ene eye mesubɔ legbawo o.
上主與約沙法特同在,因為他遵行了他父親最初所行的道路,沒有尋求過巴耳神,
4 Ewɔ fofoa ƒe Mawu ƒe sewo dzi eye menɔ abe ame siwo nɔ Israel ene la kura o.
只尋求他父親的天主,履行他的誡命,不照以色列的作風行事。
5 Esia ta Yehowa na wòli ke abe Yuda fia ene. Yuda ƒe viwo katã xea woƒe dugawo ale wòzu kesinɔtɔ gã aɖe eye amewo lɔ̃e ŋutɔ.
因此,上主鞏固了他統治的王國,全猶大人都給約沙法特獻禮,所以他財產很富,尊榮很大。
6 Ezɔ Mawu ƒe mɔwo dzi dzideƒotɔe; ekaka trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo le togbɛawo dzi eye wòho aƒeliwo gɔ̃ hã.
他一心在上主的道路上向上邁進,剷除了猶大境內的高丘和木偶。[教訓人民法律]
7 Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, eɖo ame aɖewo ɖa be woafia nu amewo le Yuda duwo me. Ame siawoe nye Ben Hail, Obadia, Zekaria, Netanel kple Mikaya.
他為王第三年上,派遣了他的官員本海耳、敖巴狄雅、則加黎雅、乃塔乃耳和米加雅,往猶大各城去教訓百姓。
8 Levi ƒe vi asieke kple nunɔla eve kpe ɖe wo ŋu. Levi ƒe viawoe nye Semaya, Netania, Zebadia, Asahel, Semiramɔt, Yehonatan, Adoniya, Tobiya, Tob Adoniya kpakple nunɔlawo Elisama kple Yehoram.
隨從他們的有肋未人舍瑪雅、乃塔尼雅、則巴狄雅、阿撒耳、舍米辣摩、約納堂、阿多尼雅和多彼雅:這些都是肋未人;還有司祭厄里沙瑪和約蘭。
9 Wotsɔ Yehowa ƒe Segbalẽ la ɖe asi, hetsa le Yuda duwo katã me eye wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la ameawo.
他們隨身帶著上主的法律書,在猶大施教,走遍了猶大各城,教訓百姓。[約沙法特的聲望]
10 Vɔvɔ̃ na Yehowa dze fiaɖuƒe siwo ƒo xlã Yuda la dzi ale wo dometɔ aɖeke meho aʋa ɖe Yehosafat ŋu o.
上主威震猶大四周所有的國家,因此都不敢與約沙法特作戰。
11 Filistitɔ aɖewo gɔ̃ hã tsɔ nunanawo vɛ nɛ eye wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe. Nu siwo Arabiatɔwo nae la woe nye: agbo akpe adre alafa adre kple gbɔ̃tsu akpe adre alafa adre.
有些培肋舍特人向約沙法特進貢獻銀,阿剌伯人給他呈獻家畜,即公綿羊七千七百隻,公山羊七千七百隻。
12 Ale Yehosafat kpɔ ŋusẽ ŋutɔ; etu mɔwo eye wòtso nudzraɖoƒe duwo ɖe Yudanyigba ƒe akpa ɖe sia ɖe dzi.
約沙法特勢力日漸強大,達到頂峰:在猶大建造了一些堡壘和儲貨城,
13 Ewɔ ɖoɖowo ɖe dukɔmedɔ geɖewo wɔwɔ ŋu eye wòda aʋakɔ gã aɖe ɖe Yerusalem, si nye eƒe fiadu la me.
在猶大各城又做了堅固的工事,在耶路撒冷駐有英勇的部隊。
14 Woƒe xexlẽme le woƒe ƒomewo nu nɔ ale: tso Yuda la, aʋawɔla akpe ɖekaɖekawo nunɔlawo nɔ anyi eye aʋawɔla akpe alafa etɔ̃ nɔ woƒe aʋafia, Adna te.
他們的人數,按照家族記錄如下:猶大的軍長,首為阿德納軍長,率領三十萬勇士,
15 Yehohanan nye aʋafia si kplɔe ɖo eye wònɔ aʋawɔla akpe alafa eve blaenyi nu.
次為約哈南軍長,率領二十八暗人,
16 Ame si kplɔ eya hã ɖoe nye Amasia, Zikri ƒe vi, ame si nye mawuvɔ̃la akuaku aɖe; eya kpɔ aʋawɔla akpe alafa eve dzi.
其次為齊革黎的兒子阿瑪息雅,他甘願獻身於上主,率領二十萬勇士;
17 Aʋawɔla akpe alafa eve tso Benyamin ƒe viwo dome; wotsɔ datiwo, aŋutrɔwo kple akpoxɔnuwo eye wonɔ aʋafia xɔŋkɔ Eliada te.
屬本雅明的有勇士厄肋雅達,他率領二十萬挽弓和持盾的人;
18 Ame si kplɔe ɖo lae nye Yehozabad eye wòkplɔ aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi, ame siwo xɔ hehe nyuie.
其次為約匝巴得,率領十八萬常備軍人。
19 Aʋawɔla siawo nɔ Yerusalem kpe ɖe esiwo fia la da ɖe du siwo woglã le dukɔ blibo la me la ŋuti.
這些都是服侍君王的人,王在全猶大各堅城所駐派的人,尚未計算在內。

< Kronika 2 17 >