< Kronika 2 14 >
1 Abiya ku eye woɖii ɖe David ƒe du la me. Via ŋutsu, Asa, zu fia ɖe eteƒe eye le eƒe fiaɖuɖu ƒe ŋkekewo me la, ŋutifafa nɔ dukɔ la me ƒe ewo sɔŋ
亞比雅與他列祖同睡,葬在大衛城裏。他兒子亞撒接續他作王。亞撒年間,國中太平十年。
2 elabena Asa wɔ nu si dza le Yehowa, eƒe Mawu la ƒe ŋkume.
亞撒行耶和華-他上帝眼中看為善為正的事,
3 Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpui siwo nɔ togbɛawo dzi kple woƒe aƒeliwo, emu Aserim legbawo ƒu anyi
除掉外邦神的壇和邱壇,打碎柱像,砍下木偶,
4 eye wòɖe gbe be, dukɔ blibo la nawɔ Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ƒe sewo dzi.
吩咐猶大人尋求耶和華-他們列祖的上帝,遵行他的律法、誡命;
5 Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe ɣelegbawo ɖa le togbɛawo dzi kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo ɖa le Yuda duwo me. Esia ta Mawu na ŋutifafa nɔ eƒe fiaduƒe me.
又在猶大各城邑除掉邱壇和日像,那時國享太平;
6 Nu sia na wòte ŋu tso duwo eye wòɖo gli ƒo xlã wo le Yudanyigba la ƒe akpa sia akpa.
又在猶大建造了幾座堅固城。國中太平數年,沒有戰爭,因為耶和華賜他平安。
7 Fia Asa gblɔ na eƒe amewo be, “Esi Yehowa yra mí eye ŋutifafa le míaƒe anyigba dzi le esi míeɖo toe ta la, mina míatso duwo fifia eye míaglã wo kple gliwo, xɔ tsralawo, agbowo kple gamedetiwo.” Ale wowɔ nu siawo eye nu sia nu dze edzi nyuie.
他對猶大人說:「我們要建造這些城邑,四圍築牆,蓋樓,安門,做閂;地還屬我們,是因尋求耶和華-我們的上帝;我們既尋求他,他就賜我們四境平安。」於是建造城邑,諸事亨通。
8 Aʋawɔla akpe alafa etɔ̃ tso Yuda ƒe viwo dome nɔ Fia Asa ƒe aʋakɔ me. Akpoxɔnu ɖagbitɔwo kple akplɔwo nɔ wo si. Ame akpe alafa eve blaenyi tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eƒe aʋakɔ la me eye akpoxɔnu gãtɔwo kple datiwo kple aŋutrɔwo nɔ wo si. Wohe aʋawɔlawo katã tso to eveawo me eye wonye kalẽtɔwo.
亞撒的軍兵,出自猶大拿盾牌拿槍的三十萬人;出自便雅憫拿盾牌拉弓的二十八萬人。這都是大能的勇士。
9 Zera, Kusitɔ, ho aʋa ɖe wo ŋu kple aʋakɔ gã aɖe kple tasiaɖam alafa etɔ̃ eye wova ɖo keke Maresa.
有古實王謝拉率領軍兵一百萬,戰車三百輛,出來攻擊猶大人,到了瑪利沙。
10 Asa do go yi be yeakpee eye eƒe amewo dze aʋa ɖi ɖe Zefata bali la me te ɖe Maresa ŋu.
於是亞撒出去與他迎敵,就在瑪利沙的洗法谷彼此擺陣。
11 Fia Asa do ɣli na Mawu be, “Oo Yehowa, ame bubu aɖeke mate ŋu akpe ɖe mía ŋu o! Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ gã sesẽ sia nu o. Oo, xɔ na mí, Yehowa míaƒe Mawu elabena wò ɖeka ko ŋue míeɖo ŋu ɖo be, àxɔ na mí eye le wò ŋkɔ mee míele aʋa kpem kple futɔwo ƒe aʋakɔ gã sia. Mègana amegbetɔ siwo mele ɖeke me o la, naɖu dziwò o!”
亞撒呼求耶和華-他的上帝說:「耶和華啊,惟有你能幫助軟弱的,勝過強盛的。耶和華-我們的上帝啊,求你幫助我們;因為我們仰賴你,奉你的名來攻擊這大軍。耶和華啊,你是我們的上帝,不要容人勝過你。」
12 Yehowa na Asa kple Yuda ƒe aʋakɔ la ɖu Kustɔwo dzi eye Kustɔwo si.
於是耶和華使古實人敗在亞撒和猶大人面前,古實人就逃跑了;
13 Asa ƒe amewo nya wo yi keke Gerar ke eye wofiti Kustɔwo ƒe aʋakɔ blibo la ale gbegbe be, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o elabena Yehowa kple eƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ wo katã. Yuda ƒe aʋakɔ la ha aboyonu geɖewo ŋutɔ.
亞撒和跟隨他的軍兵追趕他們,直到基拉耳。古實人被殺的甚多,不能再強盛,因為敗在耶和華與他軍兵面前。猶大人就奪了許多財物,
14 Esi wonɔ Gerar la, wodze du siwo katã nɔ nuto me ma la dzi eye Yehowa na vɔvɔ̃ ɖo afi ma tɔwo. Le esia ta wogaha aboyonu geɖewo le du siawo hã me.
又打破基拉耳四圍的城邑;耶和華使其中的人都甚恐懼。猶大人又將所有的城擄掠一空,因其中的財物甚多,
15 Womeha nuwo ɖeɖe ko le duawo me o, ke boŋ wogbã lãhawo ƒe agbadɔwo hã eye wokplɔ ale kple kposɔ geɖewo dzoe va Yerusalem.
又毀壞了群畜的圈,奪取許多的羊和駱駝,就回耶路撒冷去了。