< Kronika 2 13 >

1 Abiya zu fia le Yuda le Fia Yeroboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me.
Abijah became king of Judah in the eighteenth year of the reign of Jeroboam.
2 Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Dadae nye Mikaya si nye Uriel tso Gibea ƒe vinyɔnu. Azɔ la, aʋa nɔ Abiya kple Yeroboam dome.
He reigned in Jerusalem for three years. His mother's name was Micaiah, daughter of Uriel—she was from Gibeah. Abijah and Jeroboam were at war.
3 Abiya yi aʋa la me kple aʋawɔla sesẽ akpe alafa ene eye Yeroboam hã va kpe aʋa kplii kple asrafoha sesẽ ame akpe alafa enyi.
Abijah went out to fight with an army of 400,000 brave warriors, while Jeroboam opposed him with his army of 800,000 chosen warriors of great strength.
4 Esime Israel ƒe aʋakɔ la va ɖo Zemaraim to la gbɔ, le Efraim ƒe viwo ƒe anyigba dzi la, Fia Abiya do ɣli gblɔ na Fia Yeroboam kple Israel ƒe aʋakɔ la bena,
Abijah stood on Mount Zemaraim, in the hill country of Ephraim, and said, “Listen to me, Jeroboam and all of Israel!
5 “Miɖo to! Ɖe mienya bena, Yehowa, Israel ƒe Mawu, ka atam bena David ƒe dzidzimeviwo anye Israel fiawo tegbetegbee oa?
Don't you understand that the Lord, the God of Israel, gave the kingdom of Israel to David and his descendants forever by a binding agreement?
6 Miaƒe fia Yeroboam la, David ƒe vi ƒe subɔla ko wònye eye wònye ame si de eƒe aƒetɔ asi.
Yet Jeroboam, son of Nebat, just a servant of Solomon, son of David, had the audacity to rebel against his master.
7 Yakamewo ƒe ha gã aɖe dze eyome eye wotsi tsitre ɖe Solomo ƒe vi, Rehoboam, ŋu elabena Rehoboam nye ɖekakpui dzaa aɖe ko, vɔvɔ̃ ɖoe eye mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o.
Then some good-for-nothing evil men gathered round him and defied Rehoboam, son of Solomon, when he was young and inexperienced, and couldn't confront them.
8 Ɖe miebu be yewoate ŋu aɖu Yehowa ƒe fiaɖuƒe si nu David ƒe dzidzimevi aɖe le la dzia? Miaƒe aʋakɔ lolo zi eve abe tɔnye ene gake sikanyivi siwo Yeroboam wɔ na mi heyɔ wo be miaƒe mawuwo eye wole mia si la zu fiƒode na mi.
Now do you really think you can oppose the kingdom of the Lord, held by David's descendants? You may be a large horde, and have with you the golden calves that Jeroboam made for you as gods.
9 Gawu la, mienya Yehowa ƒe nunɔlawo kple Aron ƒe viwo kpakple Levitɔwo eye mietsɔ ame bubuwo ɖo nunɔlawoe ɖe wo teƒe. Mietsɔa ame sia ame si ko nya tsɔ nyitsu fɛ̃ kple agbo adre vɛ la ɖoa nunɔlae abe ale si dukɔ bubu me tɔwo wɔna ene. Ame sia ame ko ate ŋu anye nunɔla na miaƒe mawu siwo menye mawuwo kura o!
But didn't you drive out the priests of the Lord, Aaron's descendants, and the Levites, and make priests for yourselves just like people in other nations do? Now anyone who wants to can come and dedicate himself, sacrificing a young bull and seven rams, and he can become a priest of things that really are not gods.
10 Ke míawo ya la, Yehowae nye míaƒe Mawu eye míegblee ɖi o. Aron ƒe dzidzimeviwo koe nyea míaƒe nunɔlawo eye Levitɔwo koe kpena ɖe wo ŋu le woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me.
But for us, the Lord is our God! We have not abandoned him. We have priests serving the Lord who are descendants of Aaron, and we have Levites who help them in their ministry.
11 Wosaa numevɔ, doa dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wodaa Ŋkumeɖobolo ɖe kplɔ̃ kɔkɔe la dzi. Wosia sikakaɖigbɛ la zã sia zã elabena míekpɔa egbɔ be míazɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ƒe ɖoɖowo nu, ke miawo ya la, miegblẽ Yehowa ɖi
Morning and evening they present burnt offerings and burn fragrant incense to the Lord. They place the rows of showbread on the purified table, and light the lamps of the gold lampstand every evening. We are doing what the Lord our God told us to do, while you have abandoned him.
12 eya ta, mikpɔe ɖa, Mawu le mía dzi, eyae nye míaƒe Kplɔla. Eƒe nunɔlawo atsɔ kpẽkuku akplɔ mí míaho aʋa ɖe mia ŋu. Oo Israelviwo, migawɔ aʋa kple Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la o elabena miate ŋu aɖu dzi o!”
God is leading us! His priests blow their trumpets to go into battle against you. People of Israel, don't fight against the Lord, the God of your fathers, for you won't win!”
13 Azɔ la, Yeroboam ɖo asrafowo ɖe Israel ƒe asrafowo megbe, ale be esime wònɔ Yuda ŋgɔ la, asrafo siwo de xa ɖi la nɔ Yuda megbe.
But Jeroboam had sent troops around to attack from the rear, so that while he and the main force was in front of Judah, the ambush was behind them.
14 Yuda trɔ eye wòkpɔ be woho aʋa ɖe ye ŋu tso ŋgɔgbe kple megbe siaa. Tete wodo ɣli na Yehowa. Nunɔlaawo ku woƒe kpẽwo
Judah turned around and realized that they were having to fight front and rear. They cried out to the Lord for help. Then the priests blew their trumpets,
15 eye Yuda ƒe viwo do aʋaɣli. Esi aʋaɣli la ɖi la, Mawu tsrɔ̃ Yeroboam kple Israel blibo la le Abiya kple Yuda ŋkume.
and the men of Judah gave a loud shout. When they shouted, God struck Jeroboam and all Israel in front of Abijah and Judah.
16 Israelviwo si le Yuda ŋgɔ eye Mawu tsɔ wo de asi na Yuda ƒe viwo
The Israelites ran away from Judah, and God handed them over to Judah, defeated.
17 eye Abiya kple eƒe dukɔ la wu Israel ƒe aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa atɔ̃ gbe ma gbe.
Abijah and his men hit them hard, and 500,000 of Israel's best warriors were killed.
18 Woɖu Israelviwo dzi gbe ma gbe. Yuda ƒe viwo ɖu dzi elabena woɖo ŋu ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ŋu.
So the Israelites were subdued at that time, and the people of Judah were victorious because they relied on the Lord, the God of their forefathers.
19 Abiya nya Yeroboam ɖe du nu eye wòxɔ du siawo: Betel, Yesana kple Efrɔn kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la le esi.
Abijah chased Jeroboam and captured some towns from him: Bethel, Jeshanah, and Ephron, along with their villages.
20 Israel fia, Yeroboam megakpɔ ŋusẽ kpɔ le Abiya ƒe agbenɔɣi o eye mlɔeba la, Yehowa ƒoe ƒu anyi, wòku.
Jereboam never regained his power during Abijah's reign. Eventually the Lord struck him down and he died.
21 Yuda fia, Abiya, va kpɔ ŋusẽ gã ŋutɔ. Eɖe srɔ̃ wuiene eye viŋutsu blaeve-vɔ-eve kple vinyɔnu wuiade nɔ esi.
But Abijah grew stronger and stronger. He married fourteen wives and had twenty-two sons and sixteen daughters.
22 Woŋlɔ eƒe ŋutinya katã la ɖe Nyagblɔɖila Ido ƒe agbalẽ, Yuda ƒe Ŋutinya me.
The rest of what Abijah did—what he said and what he accomplished—is recorded in the history written by Iddo the Prophet.

< Kronika 2 13 >