< Kronika 2 11 >

1 Esi Rehoboam va ɖo Yerusalem la, eƒo aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi nu ƒu hewɔ aʋakɔ tɔxɛ aɖe be wòazi Israel ƒe to bubuawo dzi be woaxɔ ye abe woƒe fia ene.
Cuando Roboam llegó a Jerusalén congregó a 180.000 guerreros escogidos de las casas de Judá y de Benjamín para luchar contra Israel y restituir su reino.
2 Ke Yehowa gblɔ na Nyagblɔɖila Semaya be,
Pero la Palabra de Yavé llegó a Semaías, varón de ʼElohim:
3 “Yi, nàgblɔ na Yuda fia, Rehoboam, Solomo ƒe vi kple Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo be,
Habla a Roboam, hijo de Salomón, rey de Judá, y a todos los israelitas que estén en Judá y Benjamín:
4 ‘Yehowa be migawɔ aʋa kple mia nɔviwo o. Miyi miaƒe aƒewo me elabena gbɔnyee woƒe aglãdzedze sia tso.’” Woɖo to Yehowa eye womegawɔ aʋa kple Yeroboam o.
Yavé dijo: No suban ni luchen contra sus hermanos. Regrese cada uno a su casa, porque Yo hice esto. Y ellos escucharon la Palabra de Yavé. Regresaron y no salieron contra Jeroboam.
5 Rehoboam nɔ Yerusalem eye wòglã Yuda du aɖewo kple gliwo kple agbowo hena eya ŋutɔ ƒe dedinɔnɔ.
Roboam vivió en Jerusalén y edificó ciudades para la defensa en Judá.
6 Du siawoe nye Betlehem, Etam, Tekoa
Edificó Belén, Etam, Tecoa,
7 Bet Zur, Soko, Adulam,
Bet-sur, Soco, Adulam,
8 Gat, Maresa, Zif,
Gat, Maresa, Zif,
9 Adoraim, Lakis, Azeka,
Adoraim, Laquis, Azeca,
10 Zora, Aiyalon kple Hebron.
Zora, Ajalón y Hebrón, ciudades fortificadas que están en Judá y Benjamín.
11 Egbugbɔ mɔwo tu sesĩe wu tsã, tsɔ aʋafiawo kple woƒe asrafowo de wo me eye wòdzra nuɖuɖu, ami kple wain ɖo ɖe wo me.
También reforzó las fortalezas. Colocó en ellas comandantes, almacenes de alimentos, aceite y vino.
12 Edzra akpoxɔnuwo kple akplɔwo ɖo ɖe du ɖe sia ɖe me hena eƒe amewo ƒe dedinɔnɔ elabena Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo koe nɔ eyome.
En cada ciudad puso escudos y lanzas. Las reforzó muchísimo. Así retuvo a Judá y Benjamín.
13 Nunɔlawo kple Levitɔwo tso woƒe towo me le anyigba blibo la dzi lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi.
Los sacerdotes y levitas que estaban en todo Israel se presentaron a [Roboam],
14 Levitɔwo ɖe asi le woƒe lãnyiƒewo kple nunɔamesiwo gɔ̃ hã ŋu eye wova Yuda kple Yerusalem elabena Yeroboam kple via ŋutsuwo gbe be womaganye nunɔlawo na Yehowa o.
porque los levitas abandonaron sus campos y posesiones, y fueron a Judá y a Jerusalén. (Pues Jeroboam y sus hijos los destituyeron del ministerio como sacerdotes de Yavé,
15 Eɖo nunɔla bubuwo ɖe wo teƒe eye nunɔla siawo do ŋusẽ ameawo be woasubɔ legbawo ɖe Mawu teƒe eye woasa vɔ na gbɔ̃ kple nyivi siwo wokpa kple ati tsɔ da ɖe togbɛawo dzi.
por cuanto él nombró sus propios sacerdotes para los lugares altos, los que actuaban como demonios y los becerros que hizo.)
16 Ame aɖewo, siwo menye nunɔlawo o hã de asi ʋuʋu tso Israel ƒe toawo katã me yi Yerusalem, afi si woakpɔ mɔ asubɔ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu eye woasa vɔ nɛ le.
Aquellos de todas las tribus de Israel que dedicaron su corazón a buscar a Yavé ʼElohim de Israel, siguieron a [los sacerdotes y levitas] hasta Jerusalén para ofrecer sacrificios a Yavé, el ʼElohim de sus antepasados.
17 Nu sia na Yuda fiaɖuƒe la li ke, ale Fia Rehoboam mekpe fu aɖeke le ƒe gbãtɔ etɔ̃awo me o elabena le ƒe mawo me la, woto David kple Solomo ƒe afɔtoƒe.
Fortalecieron el reino de Judá y apoyaron a Roboam, hijo de Salomón, durante tres años, pues anduvieron en el camino de David y Salomón por tres años.
18 Rehoboam ɖe Mahalat, ame si nye David ƒe vi Yerimɔt kple David nɔviŋutsu Isai ƒe vi, Eliab ƒe vinyɔnu Abihail ƒe vi.
Roboam tomó como esposa a Mahalata, hija de Jerimot, hijo de David y de Abihaíl, hija de Eliab, hijo de Isaí.
19 Wodzi viŋutsu etɔ̃; woawoe nye Yeus, Semaria kple Zaham.
Ella le dio a luz estos hijos: Jeús, Semarías y Zaham.
20 Emegbe la, Rehoboam gaɖe Maaka, Absalom ƒe vinyɔnu eye wòdzi Abiya, Atai, Ziza kple Selomit nɛ.
Después de ella tomó a Maaca, hija de Absalón, la cual le dio a luz a Abías, Atai, Ziza y Selomit.
21 Elɔ̃ Maaka, Absalom ƒe vinyɔnu, wu srɔ̃a bubuawo kple eƒe ahiãviwo. Srɔ̃ wuienyi kple ahiãvi blaade, viŋutsu blaeve-vɔ-enyi kple vinyɔnu blaade nɔ esi.
Roboam amó a Maaca, hija de Absalón, más que a todas sus esposas y concubinas. Tomó 18 esposas y 60 concubinas, y engendró 28 hijos y 60 hijas.
22 Rehoboam tɔ asi Maaka ƒe vi, Abiya dzi be wòanye gbãtɔ le fiaviŋutsuawo dome ale be wòaɖu fia ɖe ye yome.
Roboam designó a Abías, hijo de Maaca, como jefe y príncipe entre sus hermanos, a fin de proclamarlo rey.
23 Edze aye, kaka Via ŋutsu bubuawo ɖo ɖe du siwo woglã la me le Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba dzi. Ena nunɔamesiwo wo fũu eye wòɖe srɔ̃ geɖewo na wo dometɔ ɖe sia ɖe.
Al actuar con astucia, distribuyó a todos sus hijos por todas las tierras de Judá y Benjamín y por todas las ciudades fortificadas. Les dio alimento en abundancia y muchas mujeres.

< Kronika 2 11 >