< Kronika 2 10 >

1 Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae.
Then Rehoboam went to Shechem, for all Israel had gone there to make him king.
2 Esi Yeroboam, Nebat ƒe viŋutsu, se nya sia la, etrɔ gbɔ tso Egipte, afi si wòsi le Fia Solomo nu, yi ɖabe ɖo.
When Jeroboam son of Nebat heard about this, he returned from Egypt, where he had fled from King Solomon.
3 Ale woɖo du ɖe Yeroboam eye eya kple Israel katã yi Rehoboam gbɔ eye wogblɔ nɛ bena,
So they sent for Jeroboam, and he and all Israel came to Rehoboam and said,
4 “Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi. Ke azɔ la, wò la, ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ kple kɔkuti kpekpe si wòda ɖe mía dzi la dzi na mí ekema míasubɔ wò.”
“Your father put a heavy yoke on us. But now you should lighten the burden of your father’s service and the heavy yoke he put on us, and we will serve you.”
5 Rehoboam ɖo eŋu na wo be, “Miyi miatrɔ agbɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.” Ale ameawo dzo.
Rehoboam answered, “Come back to me in three days.” So the people departed.
6 Tete Fia Rehoboam de aɖaŋu kple ametsitsi siwo nɔ fofoa Solomo ŋu le eƒe agbemeŋkekewo me. Ebia wo be, “Ŋuɖoɖo kae miesusu be mana ame siawo?”
Then King Rehoboam consulted with the elders who had served his father Solomon during his lifetime. “How do you advise me to respond to these people?” he asked.
7 Woɖo eŋu nɛ be, “Ne ànyo dɔme na ame siawo, awɔ nu siwo wodi eye nàna ŋuɖoɖo nyui aɖewo la, woanye wò dɔlawo tegbee.”
They replied, “If you will be kind to these people and please them by speaking kind words to them, they will be your servants forever.”
8 Ke Rehoboam gbe mexɔ aɖaŋu si dumemetsitsiawo ɖo nɛ la o ke boŋ eyi ɖade aɖaŋu kple ehati siwo nɔ esubɔm.
But Rehoboam rejected the advice of the elders; instead, he consulted the young men who had grown up with him and served him.
9 Ebia wo be, “Nu ka miesusu? Aleke míagblɔ na ame siawo esi wova biam be, ‘Ɖe kɔkuti si fofowò tsɔ da ɖe mía dzi la dzi kpɔtɔ na mí’ mahã?”
He asked them, “What message do you advise that we send back to these people who have spoken to me, saying, ‘Lighten the yoke your father put on us’?”
10 Ɖekakpuiawo, ame siwo nye ehatiwo la gblɔ nɛ be, “Gblɔ na ame siwo, gblɔ na wò be, ‘Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi eya ta wɔ wò kɔkuti la wodzoe’ la be, ‘Nye asibidɛ kɔtoetɔ lolo wu fofonye ƒe alime.
The young men who had grown up with him replied, “This is how you should answer these people who said to you, ‘Your father made our yoke heavy, but you should make it lighter.’ This is what you should tell them: ‘My little finger is thicker than my father’s waist!
11 Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi. Nye ya mawɔe wòagakpe ɖe edzi. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti, ke nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.’”
Whereas my father burdened you with a heavy yoke, I will add to your yoke. Whereas my father scourged you with whips, I will scourge you with scorpions.’”
12 Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yeroboam kple ameawo katã trɔ va Rehoboam gbɔ abe ale si fia la gblɔ ene be, “Mitrɔ gbɔ va gbɔnye le ŋkeke etɔ̃ megbe la ene.”
After three days, Jeroboam and all the people returned to Rehoboam, since the king had said, “Come back to me on the third day.”
13 Fia la ɖo nya la ŋu na wo kple adã eye mewɔ ɖe ametsitsiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi o.
And the king answered them harshly. King Rehoboam rejected the advice of the elders
14 Ewɔ ɖe ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo boŋ dzi eye wògblɔ be, “Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe; nye ya mana kɔkuti la nagakpe wu. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti; nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.”
and spoke to them as the young men had advised, saying, “Whereas my father made your yoke heavy, I will add to your yoke. Whereas my father scourged you with whips, I will scourge you with scorpions.”
15 Ale fia la meɖo to ameawo o elabena nuwo ƒe yiyi me alea tso Yehowa gbɔ be, woawu nya si Yehowa gblɔ ɖi ɖe Yeroboam, Nebat ƒe vi, ŋuti to Silonitɔ, Ahiya dzi la nu.
So the king did not listen to the people, and indeed this turn of events was from God, in order that the LORD might fulfill the word that He had spoken through Ahijah the Shilonite to Jeroboam son of Nebat.
16 Esi Israel katã kpɔ be fia la gbe toɖoɖo wo la, woɖo eŋu na fia la be, “Gomekpɔkpɔ kae le mía si le David me eye domenyinu kae míaxɔ tso Yese vi la gbɔ? Oo Israel, miyi miaƒe agbadɔwo me! Oo David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ!” Ale Israelviwo katã dzo yi aƒe me.
When all Israel saw that the king had refused to listen to them, they answered the king: “What portion do we have in David, and what inheritance in the son of Jesse? To your tents, O Israel! Look now to your own house, O David!” So all the Israelites went home,
17 Ke hena Israelvi siwo nɔ Yuda ƒe duwo me la, Rehoboam gaɖu fia ɖe wo dzi ko.
but Rehoboam still reigned over the Israelites living in the cities of Judah.
18 Fia Rehoboam dɔ Adoniram, ame si kpɔa dzizizidɔwo ƒe nyawo gbɔ la ɖe Israel gake Israelviwo ƒu kpee wòku. Ke hã la Fia Rehoboam dze agbagba ge ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòsi yi Yerusalem.
Then King Rehoboam sent out Hadoram, who was in charge of the forced labor, but the Israelites stoned him to death. And King Rehoboam mounted his chariot in haste and escaped to Jerusalem.
19 Ale Israel dze aglã ɖe David ƒe aƒe la ŋu va se ɖe egbe.
So to this day Israel has been in rebellion against the house of David.

< Kronika 2 10 >