< Timoteo 1 6 >

1 Kluvi siwo nye kristotɔwo la nawɔ dɔ na woƒe aƒetɔwo kple ŋusẽ, eye woabu wo; mègana woagblɔ tso Kristo ƒe hadɔwɔlawo ŋuti be wonye kuviatɔwo o. Mègana Mawu ƒe ŋkɔ alo eƒe nufiafia nazu alɔmeɖenu le nu sia ta o.
כל אשר הם תחת על העבדות יחשבו את אדניהם ראוים לכל כבוד למען לא יחלל שם האלהים והלקח׃
2 Ne woƒe aƒetɔ nye kristotɔ la, esia menye mɔnukpɔkpɔ be woawɔ alɔgblɔdɔ le woƒe dɔwɔnawo ŋuti o; ke boŋ ele be woagawɔ dɔ ɖe edzi wu, elabena wole kpekpeɖeŋu nam wo nɔvi xɔsetɔ lɔlɔ̃tɔwo kple woƒe ŋusẽ. Timoteo, fia nyateƒenya siawo, eye nàdo ŋusẽ ame sia ame be wòawɔ ɖe wo dzi.
ואלה אשר אדניהם בני אמונה אל יקלו אתם על היותם אחים כי אם יעבדום ביותר בעבור כי מאמינים ואהובים הם המשתדלים לגמל חסד את זאת תלמד ותצוה׃
3 Ame aɖewo asẽ nu agblɔ be nya siawo mele eme o, gake wonye nufiafia dzɔdzɔe si de blibo, wonye esiwo Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ fia, eye wonye mawumegbenɔnɔ ƒe gɔmeɖokpe.
האיש אשר יורה תורה אחרת ולא יעמד בדברים הבריאים של אדנינו ישוע המשיח ובלקח החסידות׃
4 Ame si agblɔ nya aɖe si ato vovo tso esia gbɔ la, ame ma nye dadala, eye menya naneke o. Ke ele nyahehe siwo awu nu le masɔmasɔ kple dziku me la hem vɛ. Esia ƒe metsonuwo koe anye ŋuʋaʋã, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi susu ɖe ame nɔewo ŋuti.
נפשו עפלה ולא ידע מאומה כי אם חלה הוא בשאלות ומחלקות מלים המביאים לידי קנאה ומריבה וגדופים וחשד רע׃
5 Nyahela siawo, esiwo ƒe susuwo nu vɔ̃ bla goŋgoŋ la menya ale si woagblɔ nyateƒe lae o. Le woawo gbɔ la, agbenya la gbɔgblɔ nye gakpɔmɔnu ko eya ta mite ɖa xaa tso wo gbɔ.
וכוחי הבל של אנשים נשחתי דעת ומחסרי אמת השמים את החסידות לדבר בצע סור מאנשים כאלה׃
6 Ke mawuvɔvɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ nye viɖe gã,
ואף אמנם יתרון גדול היא החסידות עם לב שמח בגורלו׃
7 elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒãa be míatsɔ naneke hã adzoe o.
כי לא הבאנו מאומה לעולם בידוע שגם לא נוכל להוציא ממנו מאומה׃
8 Ke ne nuɖuɖu kple nudodowo le mía si la, mina woadze mia ŋu.
ועל כן אם יש לנו מזון וכסות נסתפקה בהם׃
9 Ame siwo dina be yewoazu hotsuitɔwo la gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kple movidzɔdzɔ kple didi vɔ̃wo me, esiwo kplɔa amewo yina ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me.
אבל המבקשים להעשיר יפלו בנסיון ובמוקשים וברב תאות סבלות ומשחיתות המשקיעות את האדם בשחת ובאבדון׃
10 Nu tovo wɔwɔwo katã ƒe dzɔtsoƒee nye galɔlɔ̃; ame siwo tsi dzi ɖe gakpɔkpɔ ŋu la, trana tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔa veve geɖe ŋɔa wo ɖokuiwoe flofloflo.
כי שרש כל הרעות אהבת הכסף ויש אשר ערגו לו ויסורו מן האמונה ויעציבו את נפשם במכאבים רבים׃
11 Ke wò, Mawu ƒe ame, si le nu siawo katã nu, eye nàti dzɔdzɔenyenye, mawuvɔvɔ̃, xɔse, lɔlɔ̃, tenɔnɔ kple bɔbɔenyenye yome.
ואתה איש האלהים ברח לך מאלה ורדף צדקה וחסידות ואמונה ואהבה וסבלנות וענוה׃
12 Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la, lé agbe mavɔ si woyɔ wò na, esi nèʋu eme nyuie le ɖasefo geɖewo ƒe ŋkume la me ɖe asi sesĩe. (aiōnios g166)
הלחם המלחמה הטובה של האמונה ואחז חיי עולמים אשר נקראת להם והודית הודאה יפה בפני עדים רבים׃ (aiōnios g166)
13 Mele didim tso asiwò le Mawu si na agbe amewo katã kple Kristo Yesu si ɖi ɖase dzideƒotɔe le Pontio Pilato gbɔ la ƒe ŋkume be
הנני מצוך נגד האלהים המחיה את כל ונגד המשיח ישוע אשר העיד ההודאה היפה לפני פנטיוס פילטוס׃
14 nàwɔ nu siwo katã wògblɔ na wò be nàwɔ la, ale be tso fifia dzi va se ɖe esime míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo natrɔ ava la, ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le ŋutiwò o.
כי שמור תשמר את המצוה באין שמץ ודפי עד הופעת המשיח ישוע אדנינו׃
15 Elabena ne ɣeyiɣia ɖo la, Mawu yayratɔ, fiawo dzi Fia, aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ si koe nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la aɖe Kristo afia tso dziƒo.
אשר יראנה בעתה המברך והשליט לבדו מלך המלכים ואדני האדנים׃
16 Mawu sia ɖeka hɔ̃ɔ koe mate ŋu aku o; keklẽ gã dziŋɔ aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be amegbetɔ aɖeke mate ŋu ate ɖe eŋuti o. Amegbetɔ aɖeke mekpɔe kpɔ o, eye womakpɔe akpɔ hã o. Eya tɔ nanye bubu kple ŋusẽ kple dziɖuɖu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen. (aiōnios g166)
אשר הוא לבדו חי וקים והוא הדר באור נשגב ואיש לא ראהו ולא יוכל לראונו ולו הכבוד וגבורת עולמים אמן׃ (aiōnios g166)
17 Gblɔ na kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la katã be womegada wo ɖokuiwo, eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu. (aiōn g165)
את עשירי העולם הזה תצוה שלא ירום לבבם גם לא יבטחו בעשר הבוגד כי אם באלהים חיים המספיק לנו די והותר לשבע׃ (aiōn g165)
18 Gblɔ na wo be woawɔ woƒe ga ŋu dɔ le dɔ nyui wɔwɔ me. Ele be woazu kesinɔtɔwo le dɔ nyui wɔwɔ me, eye woana nu hiãtɔwo faa kple dzidzɔ, eye woanɔ klalo ɣe sia ɣi be woama nu sia nu si Mawu tsɔ na wo la kple ame bubuwo.
ויגמלו טוב ויעשירו במעשים טובים לתת מהונם ולעזר לזולתם׃
19 To esia wɔwɔ me la, woanɔ kesinɔnu vavãwo ƒom ƒu ɖe dziƒo na wo ɖokuiwo. Eya koe anye gɔmeɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.
ויאצרו להם אוצר ליסוד טוב לעתיד שישיגו את חיי העולם׃
20 O, Timoteo, mègado kpo nu siwo Mawu tsɔ de asiwò la wɔwɔ o. Mègahe nya manyatanu kple ame siwo dana be yewonya nu, evɔ womenyae o la o.
אתה טימותיוס שמר את הפקדון והתרחק מדברי הבל הפסולים ומן וכוחי המדע הנקרא כן בשקר׃
21 Ame siawo bu nu vevitɔ kekeake le agbe me. Womexɔ se o. Amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.
אשר יש מתפארים בו ויתעו מן האמונה׃ [ (I Timothy 6:22) החסד עמך אמן׃ ]

< Timoteo 1 6 >