< Timoteo 1 6 >
1 Kluvi siwo nye kristotɔwo la nawɔ dɔ na woƒe aƒetɔwo kple ŋusẽ, eye woabu wo; mègana woagblɔ tso Kristo ƒe hadɔwɔlawo ŋuti be wonye kuviatɔwo o. Mègana Mawu ƒe ŋkɔ alo eƒe nufiafia nazu alɔmeɖenu le nu sia ta o.
作为奴仆,应当知道其主人值得尊重,避免玷污上帝之名和基督徒的信仰。
2 Ne woƒe aƒetɔ nye kristotɔ la, esia menye mɔnukpɔkpɔ be woawɔ alɔgblɔdɔ le woƒe dɔwɔnawo ŋuti o; ke boŋ ele be woagawɔ dɔ ɖe edzi wu, elabena wole kpekpeɖeŋu nam wo nɔvi xɔsetɔ lɔlɔ̃tɔwo kple woƒe ŋusẽ. Timoteo, fia nyateƒenya siawo, eye nàdo ŋusẽ ame sia ame be wòawɔ ɖe wo dzi.
如果奴仆的主人是基督徒,不可因为他们是兄弟而不尊重主人;相反,要更加倍用心地服侍主人,因为被他们服侍而受益之人,是他们应该爱的信徒。传授这些教导,鼓励人们追随他们。
3 Ame aɖewo asẽ nu agblɔ be nya siawo mele eme o, gake wonye nufiafia dzɔdzɔe si de blibo, wonye esiwo Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ fia, eye wonye mawumegbenɔnɔ ƒe gɔmeɖokpe.
有的人会传授不同的信仰,不听从善意建议,尤其是我们主耶稣基督纯之道,以及上帝的真正教诲。
4 Ame si agblɔ nya aɖe si ato vovo tso esia gbɔ la, ame ma nye dadala, eye menya naneke o. Ke ele nyahehe siwo awu nu le masɔmasɔ kple dziku me la hem vɛ. Esia ƒe metsonuwo koe anye ŋuʋaʋã, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi susu ɖe ame nɔewo ŋuti.
他们傲慢无礼,一无所知, 最喜欢猜测和进行理论争辩,由此产生妒忌、纷争、毁谤、恶毒的流言蜚语和邪恶的猜想。
5 Nyahela siawo, esiwo ƒe susuwo nu vɔ̃ bla goŋgoŋ la menya ale si woagblɔ nyateƒe lae o. Le woawo gbɔ la, agbenya la gbɔgblɔ nye gakpɔmɔnu ko eya ta mite ɖa xaa tso wo gbɔ.
那些心思败坏、丧失真理的人不断争吵,他们将虔诚视为来财之道......
6 Ke mawuvɔvɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ nye viɖe gã,
但知晓并追随上帝是如此令人满足。
7 elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒãa be míatsɔ naneke hã adzoe o.
因为我们没有将任何东西带到这世上,也不能带任何东西离开。
8 Ke ne nuɖuɖu kple nudodowo le mía si la, mina woadze mia ŋu.
只要我们有衣有食,就应当知足。
9 Ame siwo dina be yewoazu hotsuitɔwo la gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kple movidzɔdzɔ kple didi vɔ̃wo me, esiwo kplɔa amewo yina ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me.
但那些渴望发财之人,就会落入试探的陷阱;追随很多无知而有害的冲动。
10 Nu tovo wɔwɔwo katã ƒe dzɔtsoƒee nye galɔlɔ̃; ame siwo tsi dzi ɖe gakpɔkpɔ ŋu la, trana tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔa veve geɖe ŋɔa wo ɖokuiwoe flofloflo.
因为贪财是很多恶行的缘由。很多渴望钱财之人会偏离真理,伤害自己,经历许多的痛苦。
11 Ke wò, Mawu ƒe ame, si le nu siawo katã nu, eye nàti dzɔdzɔenyenye, mawuvɔvɔ̃, xɔse, lɔlɔ̃, tenɔnɔ kple bɔbɔenyenye yome.
但你是上帝之人,应该远离这些事,要追求做善良正直的事情,真正做到虔诚,相信上帝。要去爱,要忍耐和温柔。
12 Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la, lé agbe mavɔ si woyɔ wò na, esi nèʋu eme nyuie le ɖasefo geɖewo ƒe ŋkume la me ɖe asi sesĩe. (aiōnios )
因你相信上帝,所以要为良善而战,坚定地相信永生,你就是因此而受到召唤,这也是你在许多见证人面前做出的承诺。 (aiōnios )
13 Mele didim tso asiwò le Mawu si na agbe amewo katã kple Kristo Yesu si ɖi ɖase dzideƒotɔe le Pontio Pilato gbɔ la ƒe ŋkume be
在为万物赐予生命的上帝面前,在曾向本丢·彼拉多证实福音的耶稣基督面前,我嘱咐你,
14 nàwɔ nu siwo katã wògblɔ na wò be nàwɔ la, ale be tso fifia dzi va se ɖe esime míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo natrɔ ava la, ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le ŋutiwò o.
要虔诚地遵循所教导你的一切,这样你就不会受到指责,直到我们的主耶稣基督显现。
15 Elabena ne ɣeyiɣia ɖo la, Mawu yayratɔ, fiawo dzi Fia, aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ si koe nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la aɖe Kristo afia tso dziƒo.
在适当的时候,那受到祝福的、唯一的全能者、万王之王、万主之主的耶稣,必将显现。
16 Mawu sia ɖeka hɔ̃ɔ koe mate ŋu aku o; keklẽ gã dziŋɔ aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be amegbetɔ aɖeke mate ŋu ate ɖe eŋuti o. Amegbetɔ aɖeke mekpɔe kpɔ o, eye womakpɔe akpɔ hã o. Eya tɔ nanye bubu kple ŋusẽ kple dziɖuɖu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen. (aiōnios )
只有他能够永生,住在不能靠近的光之中。没有人见过他,也无法看见他。愿荣耀和永恒的力量都归给他!阿门。 (aiōnios )
17 Gblɔ na kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la katã be womegada wo ɖokuiwo, eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu. (aiōn )
警告那些现世的富有之人,不要骄傲。告诉他们不要去信那并不可靠的财富,要信那赐予我们万物、供我们享用的上帝。 (aiōn )
18 Gblɔ na wo be woawɔ woƒe ga ŋu dɔ le dɔ nyui wɔwɔ me. Ele be woazu kesinɔtɔwo le dɔ nyui wɔwɔ me, eye woana nu hiãtɔwo faa kple dzidzɔ, eye woanɔ klalo ɣe sia ɣi be woama nu sia nu si Mawu tsɔ na wo la kple ame bubuwo.
嘱咐他们要行善,在善事上做到富有,准备好分享自己所拥有的,要慷慨好施。
19 To esia wɔwɔ me la, woanɔ kesinɔnu vavãwo ƒom ƒu ɖe dziƒo na wo ɖokuiwo. Eya koe anye gɔmeɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.
通过这种方式,他们就是在积累财富,为未来打下一个坚固的基础,让他们可以拥有真正的生命。
20 O, Timoteo, mègado kpo nu siwo Mawu tsɔ de asiwò la wɔwɔ o. Mègahe nya manyatanu kple ame siwo dana be yewonya nu, evɔ womenyae o la o.
提摩太,要保护好交给你的一切,不要关注那些冒充“知识”毫无意义空谈和争辩。
21 Ame siawo bu nu vevitɔ kekeake le agbe me. Womexɔ se o. Amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.
那些宣传这些想法的人,已经偏离了对上帝的信。愿恩典与你同在。