< Timoteo 1 4 >
1 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe na mi kɔtɛe be le ŋkeke mamlɛawo me la, ame aɖewo le hamea me atrɔ le woƒe dzixɔse yome adze nufiala siwo ƒe susuwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo yɔ la yome kple dzo.
Duh izričito govori da će u posljednja vremena neki otpasti od vjere i prikloniti se prijevarnim duhovima i zloduhovskim naucima.
2 Nufiala siawo aɖo mo ta, ada alakpa, eye woadae enuenu ale gbegbe be woƒe dzitsinya magaɖe fu na wo gɔ̃ hã o.
A sve to pod utjecajem himbe lažljivaca otupjele savjesti
3 Woagblɔ be menyo be woaɖe srɔ̃ o, eye menyo hã be woaɖu nanewo o, evɔ wònye Mawue tsɔ nu siawo na xɔsetɔ siwo li ke, eye wonya nyateƒe la be woakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woada akpe ɖe wo ta hafi.
koji zabranjuju ženiti se i nameću uzdržavati se od jela što ih je Bog stvorio da ih sa zahvalnošću uzimaju oni koji vjeruju i znaju istinu.
4 Elabena nu sia nu si Mawu wɔ la nyo, eye miate ŋu aɖui kple dzidzɔ nenye be mieda akpe ɖe eta,
Doista, svako je Božje stvorenje dobro i ne valja odbaciti ništa što se uzima sa zahvalnošću
5 eye miebia tso Mawu si be wòayrae, elabena Mawu ƒe nya kple gbedodoɖa awɔe kɔkɔe.
jer se posvećuje riječju Božjom i molitvom.
6 Ne èɖe nu siawo me na ame bubuwo la, ànɔ wò dɔdeasi wɔm abe Yesu Kristo ƒe subɔla nyui si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia dzɔdzɔetɔ si yome nèdze la nu ene.
To izlaži braći i bit ćeš dobar poslužitelj Krista Isusa, hranjen riječima vjere i dobroga nauka za kojim postojano ideš.
7 Megagblẽ wò ɣeyiɣi anɔ nya hem tso susu manyatanuwo kple movinyawo kple gli dzodzrowo ŋuti o. Ke boŋ zã wò ɣeyiɣiwo kple wò ŋusẽ nàtsɔ atu ɖokuiwò ɖoe le gbɔgbɔ me.
Svjetovne pak i bablje priče odbijaj! Vježbaj se u pobožnosti!
8 Ame ɖokui tutuɖo le ŋutilã me nyo, gake tutuɖo le gbɔgbɔ me le vevie wu, elabena enye atike na nu sia nu si nàwɔ. Eya ta tu ɖokuiwò ɖo le gbɔgbɔ me, eye nàdze agbagba be yeanye kristotɔ nyui wu, elabena eyae ava kpe ɖe ŋuwò. Menye fifia le agbe sia me ko o, ke boŋ le agbe si ava va la me hã.
Uistinu, tjelesno vježbanje malo čemu koristi, a pobožnost je svemu korisna jer joj je obećan život - sadašnji i budući.
9 Esia nye nyateƒe, eye wòdze be woaxɔe ase blibo,
Vjerodostojna je to riječ i vrijedna da se posve prihvati.
10 eye le esia ta míewɔ dɔ heʋli vevie be míatsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ade Mawu gbagbe la me, ame si nye amewo katã ƒe Ɖela, vevietɔ ame siwo xɔ se.
Ta za to se trudimo i borimo jer se pouzdajemo u Boga živoga koji je Spasitelj svih ljudi, ponajpače vjernika.
11 Fia nu siawo, eye nàkpɔ egbɔ be ame sia ame srɔ̃ wo nyuie.
Zapovijedaj to i naučavaj!
12 Mègana ame aɖeke nabu wò ame gblɔe le wò ɖekakpuinyenye ta o, ke boŋ nye kpɔɖeŋu nyuitɔ na wo. Na woadze nu si nèfiana kple agbe si nènɔna la yome. Na wò lɔlɔ̃, wò xɔse kple wò susu dzadzɛwo nanye kpɔɖeŋu na wo.
Nitko neka ne prezire tvoje mladosti, nego budi uzor vjernicima u riječi, u vladanju, u ljubavi, u vjeri, u čistoći.
13 Va se ɖe esime mava mia gbɔ la, xlẽ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la na hame la, eye nàɖe eme na wo; gblɔ Mawu ƒe nya la ɣe sia ɣi.
Dok ne dođem, posveti se čitanju, poticanju, poučavanju.
14 Kpɔ egbɔ be, yewɔ amenuvenunana siwo Mawu na wò to eƒe nyagblɔɖilawo dzi, esi hamemegãwo da asi ɖe dziwò la ŋu dɔ nyuie.
Ne zanemari milosnog dara koji je u tebi, koji ti je dan po proroštvu zajedno s polaganjem ruku starješinstva.
15 Wɔ nunana siawo ŋu dɔ nyuie. Tsɔ ɖokuiwò ƒo ɖe wò dɔwɔwɔwo me, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔ wò tsitsiɖedzi kple ŋgɔgbeyiyi adze sii.
Oko toga nastoj, sav u tom budi da tvoj napredak bude svima očit.
16 Lé ŋku ɖe nu siwo katã nèsusuna kple nu siwo katã nèwɔna la ŋuti nyuie. Lé nu si nyo, eye wòle eteƒe la me ko ɖe asi, eye Mawu ayra wò, eye wòawɔ ŋuwòdɔ le kpekpeɖeŋunana ame bubuwo me.
Pripazi na samog sebe i na poučavanje! Ustraj u tome! Jer to vršeći, spasit ćeš i sebe i one koji te slušaju.