< Timoteo 1 3 >

1 Enye nyateƒenya be ne ame aɖe di be yeawɔ hamedzikpɔla ƒe dɔ la, etia dɔ nyuitɔ.
「人がもし監督の職につきたいと思うなら、それはすばらしい仕事を求めることである。」ということばは真実です。
2 Azɔ la, ele na hamedzikpɔla be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ame si fa tu, ɖokuidziɖula, ame si ŋu bubu le, amedzrowɔla, ame si nya nufiafia
ですから、監督はこういう人でなければなりません。すなわち、非難されるところがなく、ひとりの妻の夫であり、自分を制し、慎み深く、品位があり、よくもてなし、教える能力があり、
3 menye ahatsunola o, menye ame si wɔa nu gbodogbodo o, ke boŋ ewɔa nu le bɔbɔenyenye me, menye dzrewɔla alo galɔ̃la o.
酒飲みでなく、暴力をふるわず、温和で、争わず、金銭に無欲で、
4 Ele vevie be wòanye ame si kpɔa eƒe aƒe dzi nyuie, eye vi ɖotowo le esi.
自分の家庭をよく治め、十分な威厳をもって子どもを従わせている人です。
5 (Elabena ne ŋutsu aɖe mate ŋu akpɔ eƒe aƒe sue la dzi be woanɔ agbe nyui o la, aleke wòawɔ akpɔ Mawu ƒe hame dzi?)
――自分自身の家庭を治めることを知らない人が、どうして神の教会の世話をすることができるでしょう。――
6 Mele be wòanye ame si ƒe dzimetrɔɣi medidi o, elabena ne menye nenema o la, dada ayɔ eya amea me, eye wòadze anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ si va Abosam dzi la te.
また、信者になったばかりの人であってはいけません。高慢になって、悪魔と同じさばきを受けることにならないためです。
7 Ele na hamedzikpɔla be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui tso hamea godotɔwo hã gbɔ, ale be mage adze vlododo kple Abosam ƒe mɔ me o.
また、教会外の人々にも評判の良い人でなければいけません。そしりを受け、悪魔のわなに陥らないためです。
8 Nenema kee wòle na subɔlawo hã be woanye ame siwo ŋu bubu le kple nyateƒetɔwo, menye ahatsunolawo kple ame siwo tia viɖe ƒoɖiwo yome o.
執事もまたこういう人でなければなりません。謹厳で、二枚舌を使わず、大酒飲みでなく、不正な利をむさぼらず、
9 Ele na wo be woalé xɔse la ƒe nyateƒe detowo me ɖe asi kple dzitsinya nyui.
きよい良心をもって信仰の奥義を保っている人です。
10 Ele be woado wo kpɔ gbã, eye ne naneke meku ɖe o ŋu o la, woaɖe mɔ woawɔ subɔla ƒe dɔ.
まず審査を受けさせなさい。そして、非難される点がなければ、執事の職につかせなさい。
11 Ele na wo srɔ̃nyɔnuwo be woanye ame ɖɔŋuɖowo, ke menye ahatsunolawo kple amenyagblɔlawo o, ke boŋ woawɔ nuteƒe le nu sia nu me.
婦人執事も、威厳があり、悪口を言わず、自分を制し、すべてに忠実な人でなければなりません。
12 Subɔlawo nanye srɔ̃ ɖeka tɔwo, eye dzidzɔ kple toɖoɖo nanɔ woƒe aƒewo me.
執事は、ひとりの妻の夫であって、子どもと家庭をよく治める人でなければなりません。
13 Kpeɖeŋutɔ siwo wɔ dɔ nyuie la ƒe fetu anye be amewo naɖo bubu na wo, eye woawo ŋutɔ ƒe dzideƒo kple xɔse le Yesu Kristo me hã atsi ɖe edzi.
というのは、執事の務めをりっぱに果たした人は、良い地歩を占め、また、キリスト・イエスを信じる信仰について強い確信を持つことができるからです。
14 Togbɔ be mele mɔ kpɔm be mava mia gbɔ kpuie hã la, mele nu siawo ŋlɔm na mi,
私は、近いうちにあなたのところに行きたいと思いながらも、この手紙を書いています。
15 ale be ne nye vava he ɖe megbe hã la, miate ŋu anya ale si miazɔ le Mawu ƒe aƒe si nye Mawu gbagbe la ƒe ha, si lé Mawu ƒe nyateƒe la me ɖe asi sesĩe la me.
それは、たとい私がおそくなったばあいでも、神の家でどのように行動すべきかを、あなたが知っておくためです。神の家とは生ける神の教会のことであり、その教会は、真理の柱また土台です。
16 Enye nyateƒe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o, gake ele bɔbɔe le Kristo ta, ame si va anyigba dzi abe ame ene. Ɖiƒoƒo aɖeke menɔ eŋuti o, eye wòdza le eƒe gbɔgbɔ me. Mawudɔlawo kpɔe, eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome. Amewo xɔ edzi se le afi sia afi si wòyi, eye wogaxɔe ɖe eƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo.
確かに偉大なのはこの敬虔の奥義です。 「キリストは肉において現われ、 霊において義と宣言され、 御使いたちに見られ、 諸国民の間に宣べ伝えられ、 世界中で信じられ、 栄光のうちに上げられた。」

< Timoteo 1 3 >