< Timoteo 1 2 >

1 Eya ta mele nu xlɔ̃m amewo be do ŋgɔ na nu sia nu la, woawɔ kukuɖeɖewo, gbedodoɖawo, nyaxɔɖeakɔwo kple akpedada ɖe amewo katã ta,
First of all then, I am urging that supplications, prayers, intercessions, and thanksgivings be offered regularly for all men;
2 ɖe fiawo kple dziɖulawo katã ta be míanɔ anyi le ŋutifafa kple agbe ƒe dziɖeɖi me le mawuvɔvɔ̃ kple kɔkɔenyenye siaa me.
for kings and all who are in authority, in order that we may lead a tranquil and peaceful life in all godliness an gravity.
3 Esia nyo, eye wòdze Mawu mía Ɖela la ŋu.
For this is good and pleasing in the eyes of our Saviour God,
4 Edi vevie be ame sia ame nakpɔ ɖeɖe, eye wòase nyateƒe sia gɔme be:
whose will it is that all men should be saved, and come into full knowledge of the truth.
5 Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene la koe va dzra Mawu kple amegbetɔwo dome ɖo.
For God is one; and one is mediator between God and man, the Man Christ Jesus,
6 Ewɔ esia esi wòtsɔ eƒe agbe na ɖe amewo katã ta. Esia nye ɖaseɖiɖi si Mawu tsɔ na xexea me le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.
who gave himself as a ransom in behalf of all, to be attested in due time.
7 Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wotiam be manye Mawu ƒe apostolo kple nyanyuidɔgbedela si agblɔ nyateƒe sia na ame siwo menye Yudatɔwo o; afia Mawu ƒe ɖoɖo amewo be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me.
It was for this testimony that I myself was appointed a herald and apostle (I am telling the truth, I am not lying), to be a teacher of the Gentiles in faith and truth.
8 Eya ta medi be le afi sia afi la, ŋutsuwo nado woƒe asi kɔkɔewo ɖe dzi na Mawu, ado gbe ɖa, elabena wovo tso nu vɔ̃, dziku kple fuléle si me.
My wish, then, is that in every place the men should offer prayer, lifting up holy hands, free from anger and disputation;
9 Nenema ke medi be nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le dzadzɛnyenye kple nu dzeame wɔwɔ me, menye le atsyɔ̃ɖoɖo vivivo kple ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo kple dzonu xɔasiwo dede kple avɔ xɔasiwo tata me o,
in like manner also the women. I desire women to clothe themselves in suitable apparel, adorning themselves with reverence and self- restraint; not with hair plaited with gold or pearls, or with expensive clothes,
10 ke boŋ kple nu nyui wɔwɔ si dze nyɔnu siwo ʋua eme be yewonye mawusubɔlawo.
but (as becomes women proclaiming godliness) with the ornament of good deeds.
11 Ele na nyɔnu be wòasrɔ̃ toɖoɖo le ɖoɖoezizi kple ɖokuibɔbɔ siaa me.
Let a woman learn quietly in entire submission.
12 Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be wòafia nu alo aɖu amegã ɖe ŋutsu dzi o, ke boŋ nezi ɖoɖoe.
I allow no woman to teach, or to exercise authority over a man; but let her keep quiet.
13 Nu ka ta? Elabena Mawu wɔ Adam gbã hafi va wɔ Eva.
It was Adam who was first formed, then Eve.
14 Eye menye Adam Satana ble o, ke boŋ Evae, eye to esia me, nu vɔ̃ va.
And it was not Adam who was deceived; but it was the woman who was thoroughly deceived, and who became involved in transgression.
15 Eya ta Mawu na be nyɔnuwo nakpe fu ase veve le woƒe vidzidzi me, ke aɖe woƒe luʋɔwo ne woxɔ edzi se, eye wonɔ agbe nyui le lɔlɔ̃ vavã me.
Notwithstanding she will be saved by the Child-bearing; (so will they all), if they live in faith and love and holiness, with self- restraint.

< Timoteo 1 2 >