< Tesalonikatɔwo 1 4 >
1 Mlɔeba la, nɔviwo, míefia ale si wòle be mianɔ agbe be miadze Mawu ŋu la mi, eye le nyateƒe me la, miele agbe nɔm nenema. Ke azɔ la, míele mia biam hele ŋusẽ dom mi le Aƒetɔ Yesu me be miagawɔe wu gɔ̃ hã.
Finally, brothers, we ask and encourage you in the Lord Jesus to live in a way that is pleasing to God, just as you have received from us. This is how you already live, so you should do so all the more.
2 Mienya nu siwo míeɖo na mi be miawɔ la to Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ me.
For you know the instructions we gave you by the authority of the Lord Jesus.
3 Elabena enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be mianɔ kɔkɔe; ate ɖa xaa tso ahasiwɔwɔ gbɔ,
For it is God’s will that you should be holy: You must abstain from sexual immorality;
4 eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ ale si wòaɖu eƒe ŋutilã dzi, eye wòanɔ anyi kple srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me,
each of you must know how to control his own body in holiness and honor,
5 ke menye kple fieŋuifieŋui ƒe dzodzro vɔ̃wo, abe ale si trɔ̃subɔla siwo menya Mawu kple eƒe mɔwo o la wɔnɛ ene o.
not in lustful passion like the Gentiles who do not know God;
6 Esia hã nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be ame aɖeke magaba nɔvia, axɔ srɔ̃a le esi gbeɖegbeɖe o, elabena Aƒetɔ la ahe to na mi nublanuimakpɔmakpɔtɔe ɖe nu vɔ̃ sia ta, abe ale si míegblɔe na mi kple ɖokuibɔbɔ va yi la ene.
and no one should ever violate or exploit his brother in this regard, because the Lord will avenge all such acts, as we have already told you and solemnly warned you.
7 Elabena Mawu meyɔ mí be míava nye ame ƒoɖi siwo yɔ fũu kple dzodzro vɔ̃wo o, ke boŋ be míanye ame dzadzɛwo kple ame kɔkɔewo.
For God has not called us to impurity, but to holiness.
8 Nenye be ame aɖe gbe be yemanɔ agbe ɖe ɖoɖo siawo nu o la, menye amegbetɔwo ƒe sewo dzi dam wòle o, ke boŋ Mawu si na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mi la ƒe sewo dzi dam wòle.
Anyone, then, who rejects this command does not reject man but God, the very One who gives you His Holy Spirit.
9 Meka ɖe edzi be megahiã be magblɔ nya tso dadavilɔlɔ̃ si dze be wòanɔ Mawu ƒe amewo dome la ŋuti o; mienyae xoxo! Elabena Mawu ŋutɔ le nu fiam mi be mialɔ̃ mia nɔewo.
Now about brotherly love, you do not need anyone to write to you, because you yourselves have been taught by God to love one another.
10 Le nyateƒe me la, miaƒe lɔlɔ̃ na nɔvi kristotɔ siwo le Makedonia la kpɔ ŋusẽ ŋutɔ. Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be ele alea hã la, míele kuku ɖem na mi be miagalɔ̃ mia nɔewo ɖe edzi wu.
And you are indeed showing this love to all the brothers throughout Macedonia. But we urge you, brothers, to excel more and more
11 Esia nanye miaƒe didi ɖaa be mianɔ agbe le tufafa me; miakpɔ mia ŋutɔwo ƒe dɔwo gbɔ abe ale si míegblɔ na mi va yi la ene.
and to aspire to live quietly, to attend to your own matters, and to work with your own hands, as we instructed you.
12 Ne mienɔ agbe alea la, ame siwo menye kristotɔwo o la abu mi. Kpe ɖe esia ŋuti la, miganɔ amewo ƒe asinu kpɔm be woana ga mi be miatsɔ akpɔ mia ɖokuiwo dzii o.
Then you will behave properly toward outsiders, without being dependent on anyone.
13 Nɔviwo, nyemedi be mianɔ numanyamanya me le ame siwo ku la ŋu alo miaxa nu abe ame bubu siwo si mɔkpɔkpɔ mele o la ene o.
Brothers, we do not want you to be uninformed about those who sleep in death, so that you will not grieve like the rest, who are without hope.
14 Míexɔe se bena Yesu ku, eye wògatsi tsitre, eya ta míexɔe se bena Mawu afɔ ame siwo dɔ alɔ̃ le Yesu me la kple Yesu.
For since we believe that Jesus died and rose again, we also believe that God will bring with Jesus those who have fallen asleep in Him.
15 Le Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya nu la, míele egblɔm na mi be mí ame siwo gale agbe, ame siwo asusɔ va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la mado ŋgɔ na ame siwo ku la o.
By the word of the Lord, we declare to you that we who are alive and remain until the coming of the Lord will by no means precede those who have fallen asleep.
16 Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ aɖi tso dziƒo ava kple gbeɖeɖe gã aɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi, eye ame siwo ku le Kristo me la afɔ gbã.
For the Lord Himself will descend from heaven with a loud command, with the voice of an archangel, and with the trumpet of God, and the dead in Christ will be the first to rise.
17 Le esia megbe la, woakɔ mí ame siwo gale agbe le ɣe ma ɣi la ayi dzi kpli wo le lilikpowo dzi be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe,
After that, we who are alive and remain will be caught up together with them in the clouds to meet the Lord in the air. And so we will always be with the Lord.
18 eya ta mitsɔ nya siawo fa akɔe na mia nɔewo.
Therefore encourage one another with these words.