< Tesalonikatɔwo 1 3 >
1 Mlɔeba la, esi míate ŋu agado dzi o la, míeɖoe be míawo ɖeɖe míatsi Atene,
Protož nemohše se déle zdržeti, za nejlepší se nám vidělo, abychom v Atenách pozůstali my sami.
2 eye míeɖo Timoteo, mía nɔvi kple hadɔwɔla; Mawu ƒe dɔla si ɖea gbeƒã Kristo ƒe nyanyui la ɖe mi, be wòava do ŋusẽ miaƒe xɔse, eye wòade dzi ƒo na mi,
A poslali jsme Timotea, bratra svého, a služebníka Božího, a pomocníka svého v evangelium Kristovu, aby potvrdil vás, a napomenul k tomu, což náleží k víře vaší,
3 ale be miate ŋu alé dzi ɖe ƒo le miaƒe fukpekpe siawo katã me. Gake mienya be fukpekpe mawo nye Mawu ƒe ɖoɖo ƒe akpa aɖe na mi kristotɔwo.
Aby se žádný nepohnul v takových těchto ssouženích. Nebo i sami víte, že jsme k tomu postaveni.
4 Esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míegblɔe na mi do ŋgɔ be fukpekpe kple yometiti ava kpuie abe ale si wòva dzɔe ene.
Ještě zajisté, když jsme u vás byli, předpovídali jsme vám, že budeme ssouženi. Jakož se i stalo, jakž víte.
5 Abe ale si megblɔ va yi ene la, esi míekpɔ be míaƒe mia gbɔ vava le megbe tsim akpa la, míeɖo Timoteo ɖa, be wòakpɔe ɖa be miaƒe xɔse gale te sesĩe mahã. Mevɔ̃ be ɖewohĩ tela va te mi kpɔ, eye míaƒe agbagbadzedzewo katã zu dzodzro.
Protož i já, nemoha se déle zdržeti, poslal jsem, abych zvěděl o víře vaší, aťby snad nějak nepokoušel vás ten pokušitel, i byla by daremná práce naše.
6 Azɔ la, Timoteo trɔ gbɔ, eye wòtsɔ dzidzɔnya sia vɛ na mí be miaƒe xɔse kpe lɔlɔ̃ le Aƒetɔ la me gale te sesĩe ko abe tsã ene, eye be mieɖoa ŋku míaƒe mia gbɔ vava dzi kple dzidzɔ, eye miedi vevie be yewoakpɔ mí abe ale si míawo hã míedi vevie be míakpɔ mi ene.
Nyní pak když k nám přišel Timoteus od vás, a zvěstoval nám novinu veselou o víře a lásce vaší, a že nás připomínáte dobře, žádajíce vždycky nás viděti, jako i my vás,
7 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, míaƒe dziwo kpɔ akɔfafa, le míaƒe hiãwo kple fukpekpewo me le miaƒe xɔse ta.
Protož potěšeni jsme, bratří, z vás ve všelikém ssoužení a nesnadnosti své skrze víru vaši.
8 Elabena míenya azɔ be miele te sesĩe nyateƒetɔe le Aƒetɔ la me.
Nebo aj, živi jsme, jestliže vy stojíte v Pánu.
9 Aleke míawɔ ada akpe na Mawu wòade eteƒe ɖe mia ta, ɖe dzidzɔ si míekpɔ le míaƒe Mawu la ŋkume le mia ta?
A jakým děkováním z vás můžeme se odměniti Bohu za všecku tu radost, kterouž radujeme se pro vás před Bohem svým,
10 Elabena zã kple keli la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta atraɖii; míebiaa Mawu be wòaɖe mɔ be míagakpɔ mi, ale be míate ŋu aɖe kuxi siwo aganɔ fu ɖem na miaƒe xɔse la ɖa.
Dnem i noci přehorlivě modléce se, abychom uzřeli tvář vaši, a doplnili to, čehož by se nedostávalo víře vaší?
11 Mawu mía Fofo la ŋutɔ kple míaƒe Aƒetɔ Yesu nagbugbɔ mí ɖo ɖe mia gbɔ
Sám pak Bůh a Otec náš, a Pán náš Ježíš Kristus spraviž cestu naši k vám.
12 eye Aƒetɔ la nawɔe be miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũu agbã go abe ale si míaƒe lɔlɔ̃ na mi le la ene.
Vás pak ten Pán račiž rozmnožiti a rozhojniti v lásce k sobě vespolek, i ke všechněm, jako i nás k vám,
13 Esia ana be Mawu mía Fofo la nana be miaƒe dziwo nakpɔ ŋusẽ, anɔ dzadzɛ, ale be miate ŋu ado ɖe eŋkume fɔɖiɖimanɔŋui nenye be míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo trɔ gbɔ kple eƒe ame kɔkɔewo. Amen.
Aby tak utvrzena byla srdce vaše nepoškvrněná v svatosti, před Bohem a Otcem naším, ku příští Pána našeho Jezukrista, se všechněmi svatými jeho.