< Tesalonikatɔwo 1 1 >
1 Nye, Paulo, Silvano kple Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso, Na Kristohame si le Tesalonika, mi ame siwo nye Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo tɔ. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi.
Paul and Silvanus and Timothy, to the church of the Thessalonians in God the Father and the Lord Jesus Christ: Grace to you and peace.
2 Míedaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi ɖe mia ta eye míedoa gbe ɖa ɖe mia ta madzudzɔmadzudzɔe.
We give praise to God at all times for you, keeping you in memory in our prayers;
3 Le míaƒe gbedodoɖawo me na Mawu, mía Fofo la ɖe mia ta la, míeŋlɔa miaƒe lɔlɔ̃dɔwo, miaƒe xɔse triakɔ kple mɔkpɔkpɔ na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ la be o.
Having ever in mind your work of faith and acts of love and the strength of your hope in our Lord Jesus Christ, before our God and Father;
4 Nɔvi lɔlɔ̃awo kple Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ veviwo, míenya be Mawu ŋutɔe tia mi,
Being conscious, my brothers, dear to God, that you have been marked out by God's purpose;
5 elabena esi míetsɔ nyanyui la vɛ na mi la, miexɔe abe nya dzodzro aɖe ko ene o; ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã abe ale si mienya ame si ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene.
Because our good news came to you, not in word only, but in power, and in the Holy Spirit, so that you were completely certain of it; even as you saw what our behaviour to you was like from our love to you.
6 Ale mieva zu míawo kple Aƒetɔ la yomedzelawo, elabena miexɔ míaƒe nya la kple dzidzɔ si tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ togbɔ be ehe tetekpɔ kple nuxaxa geɖewo va mia dzii hã.
And you took us and the Lord as your example, after the word had come to you in much trouble, with joy in the Holy Spirit;
7 Emegbe la, miawo ŋutɔwo mieva zu kpɔɖeŋu na xɔsetɔ siwo katã le Makedonia kple Akaya.
So that you became an example to all those who have faith in Christ in Macedonia and Achaia.
8 Azɔ la, miekaka Aƒetɔ la ƒe nya la na amewo le afi sia afi, tso Akaya yi keke Makedonia ƒe liƒowo godo ke hã, elabena afi sia afi si míeyi la, amewo ɖia ɖase tso miaƒe xɔse deto si le mia si le Mawu me la ŋuti. Esia ta megahiã be míawo míagagblɔ nya aɖeke na wo o,
For not only was the word of the Lord sounding out from you in Macedonia and Achaia, but in every place your faith in God is made clear; so that we have no need to say anything.
9 elabena woawo boŋ gblɔa ale si miexɔ mí kple dzidzɔ manyagblɔ kple ale si mietrɔ tso trɔ̃subɔsubɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye Mawu gbagbe nyateƒetɔ la koe zu miaƒe Aƒetɔ la na mí.
For they themselves give the news of how we came among you; and how you were turned from images to God, to the worship of a true and living God,
10 Eye wogblɔ hã na mí be miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe Vi, Yesu ƒe tɔtrɔ va tso dziƒo; ame si Mawu fɔ tso ku me, eye wònye Ɖela si ko ate ŋu aɖe mí tso Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ɖe nu vɔ̃ ŋuti la me.
Waiting for his Son from heaven, who came back from the dead, even Jesus, our Saviour from the wrath to come.