< Samuel 1 5 >
1 Filistitɔwo tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso aʋagbe la dzi le Ebenezer
培肋舍特人劫走了天主的約櫃,從厄本厄則爾運到阿市多得,
2 yi woƒe mawu Dagon, ƒe gbedoxɔ me le Asdod eye wodae ɖe Dagon gbɔ.
把天主的約櫃抬到達貢廟內,放在達貢近旁。
3 Esi ame aɖewo yi be yewoakpɔe ɖa le ŋdi la, wokpɔ be Dagon dze anyi eye wòtsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋkume! Wofɔe da ɖe eteƒe
第二天清早,阿市多得人起來,見達貢傾倒了,在上主的約櫃面前,俯伏在地;他們把達貢豎起安置在原處。
4 ke esi ŋu gake la, egadzɔ nenema tututu: legba la gadze anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ. Ke azɔ ya la, eƒe asiwo kple eƒe ta lã ɖa le eŋu eye wònɔ mɔnu. Ale legba la tsi anyi kponogo.
但第二天清早人們起來,見達貢又傾倒了,仍在上主的約櫃面前,俯伏在地,達貢的頭和雙手都斷在門檻上,只留下了他的魚身。──
5 Le esia ta, va se ɖe egbe la, Dagon nunɔlawo kple esubɔlawo megaɖoa afɔ Dagon ƒe kpui nu le Asdod o.
因此,達貢的司祭和進達貢廟的人,都不敢踏阿市多得的廟的門檻,直到今天。
6 Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la me tɔwo dzi, ehe gbegblẽ va wo dzii eye wòna ƒoƒoe vɔ̃ te wo.
上主的手重重地壓制了阿市多得人,威嚇他們,使阿市多得和附近的人都生了毒瘡。
7 Esi ameawo dze si nu si de asi dzɔdzɔ ɖe wo dzi la, wodo ɣli be, “Míagate ŋu ana Israel ƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la naganɔ afi sia o, elabena eƒe asi sẽ ɖe míawo ŋutɔ kple míaƒe mawu Dagon siaa dzi.”
阿市多得人一見這樣,就說:「別讓以色列天主的約櫃留在我們這裏,因他的手重重地壓制了我們的神達貢。」
8 Ale woyɔ takpekpe na Filistitɔwo ƒe dziɖulawo katã, eye wobia wo be, “Nu ka míawɔ kple Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka?” Woɖo eŋu be, “Mitsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka yi ɖada ɖe Gat.” Ale woɖe Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ɖa.
遂打發人召集了培肋舍特人所有的酋長來到他們那裏,向他們說:「對以色列天主的約櫃我們該怎麼辦﹖」他們就回答說:「把以色列天主的約櫃送到加特去! 」他們遂把以色列天主的約櫃送到加特去了。
9 Ke esi wotsɔe yi afi mae ko la Yehowa ƒe asi va Gat du la dzi, eye ŋɔdzi kple dzodzonyanya lé ameawo. Eƒo dua me nɔlawo, ɖeviawo kple tsitsiawo siaa kple ƒoƒoe.
他們把約櫃送去以後,上主的手又壓制那座城,使他們發生了很大的恐慌,因為上主打擊了城中的人,無論老幼,都患了毒瘡。
10 Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo ta Ekron. Ke esi Ekrontɔwo kpɔe wògbɔna wo gbɔ ko la, wodo ɣli be, “Wotsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la gbɔna afi sia be wòawu mí kple míaƒe amewo.”
於是加特人又把天主的約櫃送到厄刻龍;天主的約櫃一到了厄刻龍,厄刻龍人就喊說:「人把以色列天主的約櫃送到我們這裏,是為殺害我們和我們的百姓! 」
11 Ale wogayɔ du atɔ̃awo kplɔlawo ƒo ƒui eye woɖe kuku na wo be woaɖo Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖe eƒe dukɔ Israel ale be dua me tɔwo katã mava ku o. Dɔ la de asi amewo léle me ale vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le dua me.
遂立刻派人召集培肋舍特所有的酋長來,向他們說,「你們把以色列天主的約櫃送走,送回原處,免得殺害我們和我們的百姓。」因為全城的人死的太多了,天主的手重重地壓制了那地方。
12 Ame siwo meku haɖe o la nɔ dɔ lém kutɔkutɔe, ale du la ƒe avifafa de dzi.
凡沒有死的人,都患了毒瘡,因此城中哀號之聲,上達於天。